Nudzɔdzɔ Vevitɔ Kekeake le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me
1 Yesu Fofoe dɔe wòva anyigba dzi va ɖi ɖase na nyateƒe si akplɔ mí ayi agbe mavɔ mee. (Yoh. 18:37) Eƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me de bubu Yehowa ŋu, ekɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti, eye wòxe tafe. (Yoh. 17:4, 6) Esia na Yesu ƒe ku nye nudzɔdzɔ vevitɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me.
2 Ŋutsu deblibo eve koe nɔ anyigba sia dzi kpɔ. Adam ate ŋu ahe yayra wɔnukuwo vɛ na eƒe dzidzimevi siwo womedzi haɖe o hafi. Gake edze aglã ɖokuitɔdiditɔe, eye wòhe agbenɔnɔ wɔnublanui si ƒe nuwuwu nye ku vɛ na wo. Esime Yesu va la, ewɔ nuteƒe bliboe heɖo to, eye wòʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na amesiame si axɔ edzi ase.—Yoh. 3:16; Rom. 5:12.
3 Yesu ƒe vɔsakua ƒo nudzɔdzɔwo katã ta. Etrɔ afisi amegbetɔ ƒe ŋutinya ɖo tae. Ena nusi dzi woanɔ te ɖo afɔ ame kuku biliɔn geɖe ɖe tsitre. Eɖo Fiaɖuƒe mavɔ si ahe vɔ̃ɖinyenye va nuwuwu eye wòawɔ anyigba wòazu paradiso la gɔme anyi.—Ps. 37:11; Dɔw. 24:15; Rom. 8:21, 22.
4 Esiawo katã kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusita Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ Ŋkuɖodzia ɖuɖu aɖo ŋku yeƒe ku dzi ƒe sia ƒe. (Luka 22:19) Esi míenya nusi wòfia ta la, míele mɔ kpɔm be míakpe ta kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexeame katã le Fiɖa, April 14 ƒe ɣeɖoto megbe. Hafi ɣemaɣi naɖo la, anyo be ƒomea nawɔ ɖeka axlẽ Biblia me nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe ŋkeke mamleawo kple eƒe nyateƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ dzideƒotɔe ŋu. (Kpɔ 1995 Calendar, April 9-14.) Eɖo ɖokuitsɔtsɔ na mía Wɔla la ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. (Pet. I, 2:21) Mina míawɔ míaƒe ŋutete katã akpe mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo, kpakple Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo. Ðe nusi ayi edzi kple nusi kpɔɖeŋunuawo fia la me na wo do ŋgɔ.—Kor. I, 11:23-26.
5 Ele be hamemegãwo nawɔ ɖoɖo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ be woakpɔ egbɔ be Fiaɖuƒe Akpata la me le dzadzɛ hekɔ. Ele be woawɔ ɖoɖo ɖe kpɔɖeŋunuawo kpɔkpɔ ŋu. Woɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi míate ŋu ade bubu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋuti ŋu le Gbetakpɔxɔ, February 1, 1985, axa 27. Asɔ be hamea nawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖo bubuwo akpee le ŋkeke geɖe siwo do ŋgɔ na wɔna la kple ŋkeke ʋee siwo akplɔe ɖo me.
6 Le ƒe si va yi me la, ame 12,288,917 ye kpe ta hena ŋkuɖoɖo wɔna vevi sia dzi le xexeame katã. Esi wònye ŋkeke vevitɔ le míaƒe ɣletigbalẽa dzi ta la, ele be mí katã míayi.