INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/93 axa 1
  • Ku si Naa Agbe Mavɔ Ame la ƒe Azã Ðuɖu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ku si Naa Agbe Mavɔ Ame la ƒe Azã Ðuɖu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Ðe Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • “Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nudzɔdzɔ Vevitɔ Kekeake le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 4/93 axa 1

Ku si Naa Agbe Mavɔ Ame la ƒe Azã Ðuɖu

1 Le April 6, 1993 ƒe ɣeɖoto megbe la, míaɖu Agbefia la ƒe kuzã. (Dɔw. 3:15) Le nyateƒe me, enye nusi sɔ ale gbegbe be míaɖo ŋku Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ kple ku dzi. Míaƒe mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ la ŋutɔŋutɔ nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzi.

2 Ŋkuɖodzia naa asixɔxɔ si le Kristo ƒe kua ŋu le Yehowa ƒe tameɖoɖowo ƒe emevava me ŋu la dzena na mí. Tameɖoɖo ma ƒe akpa aɖee nye amegbetɔvɔsa deblibo si hiã be woatsɔ axe fe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ta, si awɔe be ame biliɔn nanewo nava xɔ edzi ase eye woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la nana.—Yoh. 3:16.

3 Amesiwo katã lɔ̃a agbe kple nyateƒea la le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu le wɔwɔ ɖe Yesu Kristo ƒe sededea dzi me. (Luka 22:19) Nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Kristo ƒe tafevɔsaɖoɖoa ŋu? Esi míenya alesi azã sia le vevie ta la, ehiã be míawɔ ɖoɖo ɖe eŋu nyuie. Ðoɖo ka wɔm nèle ɖe wɔna vevi sia ŋu?

4 Dzadzraɖo do ŋgɔ Le Vevie: Le nyateƒe me la, míakpɔ egbɔ be míaƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nade. Míadzra ɖo le susu me hã to Biblia me nyati siwo wode dzesi ɖe ƒe 1993 Ɣletigbalẽa dzi hena April 1-6 la xexlẽ kple ŋugble dede le wo ŋu me. Asɔ be míatsɔ nyatakaka siwo ku ɖe Ŋkuɖodzia ƒe vevienyenye ŋuti la ade míaƒe ɖokuisi kple ƒome nusɔsrɔ̃wo me do ŋgɔ teti na April 6 lia. Ðoe be yeayi eye le Ŋkuɖodzia ɖuɖu vɔ megbe la, yeanɔ anyi vie akpɔ ame yeye siwo ava zi gbãtɔe nye ma la be yeado wòezɔ na wo.

5 Le kwasiɖa mamle sia me hafi ne Ŋkuɖodzia ɖuɣi naɖo la, kpe ɖetsɔlemetɔ siwo katã nènya la be woava azã sia ɖuƒe. Wotsɔ amekpegbalẽviwo kpe ɖe ɣleti ɖesiaɖe ƒe nudɔdɔwo ŋu ɖo ɖe hameawo katã le February me. Ne èle agbalẽvi sia ŋudɔ wɔm la, ɖo ŋku edzi nàgblɔ teƒe si woaɖui le le mia gbɔ kple ɣeyiɣia na ɖetsɔlemetɔwo. Ŋlɔ amesiwo ayi la ƒe ŋkɔ ɖi. Ðe ʋu li amesiwo katã di be yewoayi la aɖo ayia? Ne ɖeke meli o ɖe, nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu? Nenye be nɔƒe le wò ʋu me la, nukatae màbia hamemegãwo ne ame aɖe mekpɔ ʋu aɖo ayi o.

6 Esi wònye esiae nye azã vevitɔ le ƒea me eye míele mɔ kpɔm na ame gbogbo aɖe ta la, ahiã be hamemegãwo nawɔ dzadzraɖo tɔxɛ ɖe eŋu do ŋgɔ. (Kor. I, 14:40) Abe kwasiɖa ɖeka hafi ne April 6 lia naɖo la, hamemegãwo awɔ ɖoɖo hena kpekpe tɔxɛ aɖe wɔwɔ kple nɔviŋutsu siwo akpe asi ɖe wɔna la ŋuti, eye woaka ɖe edzi be wose anyinɔnɔ ŋuti ɖoɖowo kple alesi wòle be woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae la me. Ne wòde dɔ asi na wo be nànye anyinɔƒedzikpɔla alo amesi atsɔ kpɔɖeŋuawo atsae le azãɖuɣia la, kpɔ egbɔ be yewɔ ɖe hamemegãwo ƒe mɔfiafia dzi pɛpɛpɛ le nya siawo me. Ne hamemegãwo dzro ŋkuɖodzinya siwo le aɖaka si le axa 7 lia me la, woate ŋu aka ɖe edzi do ŋgɔ be ɖoɖo siwo katã yewowɔ ɖe anyinɔƒedzikpɔlawo, amesiwo atsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae, kpɔɖeŋunuawo, kple nuƒola ŋu la de blibo nyuie.

7 Kristo nɔvi ʋee aɖewo koe gasusɔ ɖe anyigba dzi egbea, eye le ɣeyiɣi kpui si le ŋgɔ gbɔna me la, Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu ava eƒe nuwuwu. (Kor. I, 11:25, 26) Zi alesi wògakpɔtɔ nye míaƒe mɔnukpɔkpɔ be míaɖui la, mina míanɔ ku si naa agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ ame la ƒe azãɖuɖu dzi alesi dze.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe