Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le May me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe nudɔdɔxɔxɔ. Le anyigbamamã siwo wokpena ɖo kabakaba me la, míate ŋu azã agbalẽ gbadza ɖesiaɖe hã (negbe Suku-gbalẽ gbadza la koe mele eme o). June: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? July Kple August Me: Míana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. MIDE DZESII: Hame siwo medɔ gbeadziyigbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame haɖe o la nadɔe le woƒe ɣleti si gbɔna ƒe “Literature Request Form” (S-14) dzi.
◼ Ele be zimenɔla la naƒo ka na Habɔbɔa ne woƒe asi meka Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si woɖo ɖe hamea le ɣleti si do ŋgɔ na esɔsrɔ̃ ƒe ŋkeke 20 lia dzi o.
◼ Esi wònye be woɖe Agbe Tegbee gãtɔ ƒe asi dzi wòzu ₵1,000 na gbeƒãɖelawo kple ₵700 na mɔɖelawo ta la, ele be woaŋlɔ mɔɖelawo ƒe fedziɖeɖe ɖesiaɖe si woabia na agbalẽ sia la vovo ɖe afisi woŋlɔ ɖo be “Other Items (Describe)” le “Remittance and Credit Request” (S-AB-20) ƒe agbalẽvia dzi.