Midzɔ Nu Miatsɔ Ado Alɔ Ghana Alɔdzedɔwɔƒea
1 Esi apostolo Paulo nye dutanyanyuigblɔla la, metsɔ eƒe subɔsubɔdɔa tsa asii o. (Tes. II, 3:7-9) Le kpɔɖeŋu sia sɔsrɔ̃ me la, hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo mexɔa fetu le hame si me wosubɔna le si o. Ke boŋ wokpɔa woƒe ƒomewo dzi abe alesi amesiame wɔnɛ ene, to ŋutilãmedɔwɔwɔ koŋ dzi. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla mɔɖelawo hã kpɔa wo ɖokui dzi. Ƒe sia ƒe la, Ðasefo aɖewo zãa woa ŋutɔwo ƒe ga zɔa mɔ yi ɖaɖea gbeƒã le teƒe didi siwo womegblɔa nyanyuia le edziedzi o. Eyata Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa menye asitsadɔ le mɔ aɖeke nu o.—Kor. II, 11:7.
2 Nudzɔdzɔwo ƒe Hiahiã: Ke nukata nudzɔdzɔwo hiã ɖo? Le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la, Yehowa Ðasefowo dzi ɖe edzi wòɖe dzesi. Nenemae wòdzɔe le dukɔ sia me hã. Le ƒe ewo siwo va yi me la, woɖo hame 217 eye wona nyɔnyrɔ̃ gbeƒãɖela yeye 21,376. Hame ɖekaɖekawo kple alɔdzedɔwɔƒea zã ga gbogbo aɖewo tsɔ kpɔ dzidziɖedzi sia si le vavam kabakaba la gbɔe.
3 Mina míatsɔ ƒe 1994 subɔsubɔƒea awɔ kpɔɖeŋui be nya la me nakɔ na mí nyuie. Alɔdzedɔwɔƒea zã sidi miliɔn 50 ɣleti sia ɣleti tsɔ dzra Betel-xɔwo ɖoe, tsɔ kpɔ ame 80 siwo le Betel-ƒomea me, mɔɖela vevi 142 kple dzikpɔla mɔzɔla 37 kpakple wo srɔ̃wo dzi, wotsɔ xe fe ɖe elektrik kple tsi, mɔ̃memi kple ʋuwo (ʋu gã siwo wotsɔ tsɔa agbalẽwo yina ɖamãna, nutome gã dzikpɔlawo ƒe ʋuwo, kple bubuwo) dzadzraɖo ta, wotsɔ mã Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ 60,000 siwo ta míexea fe ɖo o, wotsɔ xe Fiaɖuƒe Akpata ƒe gadodowo, kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku ƒe nugblẽfewoe, kple bubuwo.
4 Le ɣeyiɣi ma ke me la, nudzɔdzɔ siwo míexɔ tso hamewo kple gbeƒãɖela siwo katã le Ghana gbɔ le mamã dedie nu enye ₵1,206,000.00 ɣleti sia ɣleti. Esia nye ga si míezãna ɣleti sia ɣleti la memamã 2.4 le alafa me! Nusi esia fiae nye be nɔvi siwo le dukɔ sia me dzɔa ₵24.00 le ₵1,000.00 ɖesiaɖe si Ghana alɔdzedɔwɔƒea zã me! Nuŋlɔɖiwo me dzodzro ɖee fia be hame ʋee aɖewo koe wɔ “tameɖoɖo kplikpaa si nɔa anyi ɖaa” ƒe ɖoɖo be woaɖo nudzɔdzɔwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra. Azɔ hã gbeƒãɖela ʋee aɖewo koe ɖo nudzɔdzɔwo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea tẽ kpɔ. Yehowa subɔla siwo li egbea dzɔa nu faa ɣesiaɣi. Gake ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo mewɔa alɔdodo Mawu ƒe dɔa to nudzɔdzɔwo nana me ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ bliboe o. Ekema nukae míate ŋu awɔ?
5 Kristotɔwo Katã ƒe Agbanɔamedzi Ye: Yehowa kple Via Kristo Yesu ye naa nu wu kple dzidzɔ. (Lod. 8:30, 31; Kol. 1:13-17; Dɔw. 14:17; 17:25; Yoh. 3:16; Mat. 20:28) Mɔnukpɔkpɔ su Israel-viwo si eye wòganye woƒe agbanɔamedzi be woadzɔ nu hena tadedeagu vavãtɔ ƒe xɔwo tutu kple wo ŋu dɔwo wɔwɔ. Wodzɔ nuwo hena avɔgbadɔa tutu kple emedzadzraɖo eye emegbe wosrɔ̃ Fia Dawid ƒe kpɔɖeŋu hedzɔ sika, klosalo, kple nu xɔasi bubuwo hena Yerusalem-gbedoxɔa tutu. (Kron. I, 29:1-9) Mɔnukpɔkpɔ su Israel-viwo si ƒe alafa geɖe be woado alɔ avɔgbadɔa, gbedoxɔ siwo wova tu emegbe, kple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe dɔ siwo wowɔ le afima. Le kpɔɖeŋu me le Nexemya ƒe ŋkekea me la, Yudatɔwo ɖoe be yewoadzɔ nu atsɔ alé tadedeagu dzadzɛ ɖe te, le esi wonya be mele be woaŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe aƒea dzi o ta.—Nex. 10:32-39.
6 Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo metsɔ nudzɔgbawo tsa alo xɔ nuwo ƒe ewolia le amewo si ɖe subɔsubɔdɔwo ta o hã la, wodzɔ nusiwo le wo si faa tsɔ do alɔ Fiaɖuƒedɔwo. (Rom. 15:26; Kor. II, 9:13) Hamewo katã, abe esi nɔ Filipi ene, zã woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo le mɔ sia nu. (Fil. 4:15-17) Esi Paulo nɔ nudzɔdzɔwo xɔm na amesiwo hiã tu le Yudea la, meyɔ ga home aɖeke be woadzɔ o. Ke boŋ egblɔ be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Kor. II, 9:7.
7 Kpɔɖeŋu siwo míegblɔ la fia be Yehowa subɔlawo xɔ woƒe agbanɔamedzi be woadzɔ nu atsɔ do alɔ tadedeagu vavãtɔ ɣesiaɣi. (Lod. 3:9, 10) Esi wolɔ̃ ɖe edzi be ŋutilãmenu siwo katã le yewo si tso Yehowa gbɔ ta la, wobua lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo nana be enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia Yehowa ƒe dɔ kple alɔdodoe ƒe mɔ bubu. (Tsɔe sɔ kple Kronika I, 29:11, 14.) Egbea la, nunana ƒe gbɔgbɔ ma tɔgbe ʋãa Ðasefowo kple ɖetsɔlemetɔwo be woado alɔ dɔa le ga gome. Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si wonana le ga si woƒe hamea zãna ɣesiaɣi me ŋu la, wodoa alɔ xexeame katã ƒe dɔa le nudzɔdzɔ na Watch Tower Bible and Tract Society me to eƒe alɔdzedɔwɔƒewo dzi.
8 Ðe Míeda Ahe Akpa be Míadzɔ Nua?: Domenyinu aɖeke menɔ Lewitɔwo si o, eye “nuwo ƒe ewoliawo” siwo Israel-vi bubuwo dzɔ lae wotsɔ kpɔa wo ɖokui dzii. Gake wobia tso woawo hã si be woadzɔ ‘nuwo ƒe ewolia’ tso ‘nuwo ƒe ewolia’ si woxɔ la me atsɔ na nunɔlagã la.—Mose IV, 18:26-28.
9 Kpɔɖeŋu si Yosef kple Maria ɖo le Yesu Kristo dzidzi megbe le ƒe alafa gbãtɔ me la hã li. Mose ƒe sea bia be Maria nana alẽvi woatsɔ asa ŋutiklɔvɔe. Togbɔ be womete ŋu kpɔ esia o le esi wonye ame dahewo ta hã la, wowɔ nusi woate ŋui eye wona akpakpa eve.—Mose III, 12:6-8; Luka 2:22-24.
10 Yesu bu ahosi dahe la ƒe nudzɔdzɔ si nye gakui eve siwo le sue ŋutɔ la be ‘ewu nusi ame bubuawo katã dzɔ’ le esi eƒe nunana tso dzi blibo me ta. (Mar. 12:41-44) Metsɔ eƒe ahedada do taflatsee o. Ke boŋ ewɔ eƒe ŋutete tsɔ do alɔ tadedeagu dzadzɛ ƒe ɖoɖo si Yehowa ɖo anyi lae.—Kor. II, 8:12.
11 Togbɔ be enye nyateƒe be le dukɔ sia me la, Yehowa ƒe Ðasefo ʋee aɖewo koe nye kesinɔtɔwo le ŋutilã me hã la, kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo míegblɔ la ɖee fia be mía dometɔ aɖeke mate ŋu atsɔ ahedada ado taflatsee be eya tae míedzɔa nu tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒedɔwoe o. Togbɔ be ɖewohĩ nu sue aɖewo koe Ðasefo siwo si nu mele o adzɔ atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwo hã la, ne wotsɔ woƒe nudzɔdzɔawo ƒo ƒui la, enyea nu gã aɖe godoo.—Ps. 102:18; tsɔe sɔ kple Mateo 18:10.
12 Ɣeaɖewoɣi la, nu bubu siwo míetsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔe ye na míete ŋu dzɔa nu ɣesiaɣi hena gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ o. Mina míabia mía ɖokui be: Zi nenie medea kuteƒewo ɖadzɔa ga le ɣleti ɖeka me? Togbɔ be menye nu gbegblẽe wònye be míayi kuteƒe aɖafa akɔ na amesi dzi ku dzɔ ɖo o hã la, ɖe wòanye nusi sɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔe be Kristotɔ nawɔ ɖe nusi wobia tso esi le kuteƒewo dzi gake wòagbe nudzɔdzɔ edziedzi atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔwoa? (Tsɔe sɔ kple Yohanes 6:25-27; Timoteo I, 4:8.) Míetsɔ kuteƒe wɔ kpɔɖeŋui le afisia gake míate ŋu azã gɔmeɖosea na hadomenuwɔna bubuwo hã.
13 Aleke Mí Katã Míakpɔ Gome le Emee?: Hame ɖesiaɖe ate ŋu ada nudzɔɖaka ɖe Fiaɖuƒe Akpata me si dzi woaŋlɔ ɖo wòadze nyuie be “NUDZƆDZƆWO HENA HABƆBƆA ƑE XEXEAME KATÃ ƑE DƆA—MATEO 24:14.” Hamea aƒo nudzɔdzɔ siwo katã tso aɖaka sia me la nu ƒu aɖo ye katã ɖe alɔdzedɔwɔƒea woatsɔ ana gakpekpeɖeŋu dɔawo.
14 Hamea ate ŋu awɔ “tameɖoɖo kplikpaa si nɔa anyi ɖaa” hã aɖe ga home aɖe tso woƒe hamea ƒe ga me ɣleti sia ɣleti aɖo ɖe Watch Tower Society, Ghana Branch. Ne wowɔ esia la, ɖeko nɔviŋutsu si kpɔa ga dzi la atsɔ ga sia akpe ɖe ga bubuwo abe agbalẽ kple magazine ga ene ŋu aɖo ɖe Habɔbɔa ɣleti sia ɣleti. Enyo be miadzro tameɖoɖo kplikpaa siwo metrɔna o siawo me edziedzi ahabu nuwo asi ƒe dziyiyi ŋu.
15 Ame ɖekaɖekawo ate ŋu aɖo ga alo nu xɔasi bubuwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society, Ghana Branch, Box 760, Accra, tẽ be woatsɔ do alɔ Fiaɖuƒedɔa le dukɔ sia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔvi ɖekaɖekawo ate ŋu aɖo ga home aɖe na woƒe gadzraɖoƒewo be woaɖee le woƒe ga si le gadzraɖoƒea me ade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ga si le gadzraɖoƒe me ɣleti sia ɣleti. Amesiwo di be yewoawɔ esia la nabia Habɔbɔa ƒe gadzraɖoƒexexlẽdzesi tso hamea ƒe agbalẽŋlɔla gbɔ. Woate ŋu aŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea le Accra axɔ nyatakaka sia ne ehiã.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ December 1, 1994 ƒe axa 19 hã.
16 Nudzɔdzɔ atsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ menye fexexe na Yehowa, amesi tɔ nuwo katã nye la, alo ewɔwɔ kesinɔtɔe o. (Kron. I, 29:14-17) Gake nunana siawo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia. Nusiwo míadzɔ, menye le ɖokuitɔdidi ƒe ameʋaʋã alo be amewo nakpɔe ahakafu mí ta o, ke le nunana faa kple tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ ta la naa enala kpɔa dzidzɔ kple Yehowa ƒe yayra. (Mat. 6:1-4; Dɔw. 20:35) Ele be míaƒe Dziƒofofo ƒe nyuiwɔwɔ na mí naʋã mí godoo be míanye nunala kpɔdzidzɔwo. Ekema mina mí katã míatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me awɔ nusianu si míate ŋui atsɔ ado míaƒe Mawu, Yehowa, dɔmenyotɔ si nye nunala gbãtɔ kple amesi naa nu wu kple dzidzɔ la ƒe dɔwo ɖe ŋgɔe.—Kor. I, 16:2.