Ðe Fiaɖuƒe Akpata si Sɔ Le Miaƒe Hamea Sia?
1 Takpekpe ɖekae be míaƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa, nafia nu mí nye tadedeagu vavãtɔ ƒe dzesi tso blema ke. Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖila Mose be: “Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena woase nye nyawo, ne woanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.” (Mose V, 4:10) Bene woanɔ nufiame xɔm ɖaa la, Yehowa de se be woatu takpegbadɔ be wòanye tadeaguƒe vavãtɔ le Israel-dukɔa me. Wokpe amesiame be wòadzɔ eƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ƒe ɖe ne woatsɔ akpɔ xɔtudɔa gbɔe.
2 Ameawo tso ɖe eŋu kpla. Nusi do tso emee nye be: Wodzɔ nu geɖe wòde gbɔ dzi gɔ̃ hã. Anyo be míade dzesii be amesiwo lɔ̃ tso dzi me faa woe dzɔ nuawo. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be woƒe ‘dzi ʋã wo,’ woƒe ‘dzi de dzo wo me.’ Ẽ, nusiwo wodzɔ be woatsɔ atu takpegbadɔ lae la nye woƒe Yehowa dzixɔxɔse, dzi nyui si le wo si, kple woƒe alɔdodo tadedeagu vavãtɔ ɖeɖefia.—Mose II, 35:20-29; 36:4-7.
3 Nenema ke Yehowa ƒe amewo dzɔa nu tso dzi me faa egbea be woatsɔ atu takpeƒewoe ahadzra wo ɖo eye woado alɔ tadedeagu vavãtɔ. Yayra ka gbegbee nye si be míakpɔe be ame geɖe wu va le ha bɔm kpli mí be míade ta agu le ‘Yehowa ƒe to la dzi, elabena woawo hã di be wòafia nu yewo eye yewoazɔ eƒe mɔwo dzi.’ (Yes. 2:3) Eyata Fiaɖuƒe Akpatawo wɔa akpa vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke me, elabena woawoe nye takpeƒe vevitɔ siwo Yehowa ƒe amewo zãna be woaxɔ hehe tso Egbɔ.
4 Ehiã Kpata: Míaƒe dziwo léa dzo le mía me ne míekpɔ alesi Yehowa le yayram ɖe míaƒe dɔa dzi le dukɔ sia me, kple le xexeame katãe. Yehowa yi edzi le ‘tsɔtsɔe’ dom dɔa hele dzidziɖedzi hem vɛ. Hame 722 ye míetsɔ dze ƒe 1995 subɔsubɔƒea gɔmee le Ghana, enye hame 49 siwo va kpe ɖe ƒe si va yi me tɔ ŋu. Ðikeke mele eme o be esi hamewo le dzidzim ɖe edzi alea ta la, míehiã na Fiaɖuƒe Akpata geɖe wu.
5 Gake Fiaɖuƒe Akpata siwo tum míele le dukɔ sia me mele agbɔ sɔm abe alesi hame yeyewo le dzidzim ɖe edzi ene o. Hame siwo wu ɖeka ye zãa Fiaɖuƒe Akpata geɖe. Le dugãwo me la, hame atɔ̃ alo ade sɔŋ te ŋu zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka pɛ ko. Le teƒe ʋee aɖewo la, takpeƒe gɔ̃ hã mele hame aɖewo si si tɔ woƒe ŋkɔ o. Le nyateƒe me la, Fiaɖuƒe Akpata geɖe ƒe hiahiã be míatsɔ akpɔ dzidziɖedzi si li fifia kple esiwo agava le etsɔ me gbɔe la nye dukɔ bliboa ƒe kuxi si ŋu wòle be míatrɔ susu ɖo vevie.
6 Xɔgbakpewo: Le dukɔ sia me la, nusiwo xɔa asi wu le Fiaɖuƒe Akpata tutu me dometɔ ɖekae nye xɔa gbagba. Eyata bene woaɖe gagbegblẽ dzi akpɔtɔ ahatu Fiaɖuƒe Akpatawo kabakaba la, Habɔbɔa tsɔ xɔgbakpetsotsodɔ de to me le Betel. Wokpɔe be xɔgbakpewo ƒe asi bɔbɔ ɖe anyi wu xɔgbanu bubuwo. Megblẽna kaba o eye eléa dzoxɔxɔ nu, si ana xɔa me nafa vie le míaƒe anyigba xɔdzo sia dzi.
7 Woate ŋu atsɔ ga aƒle xɔgbakpeawoe tẽ, eye Habɔbɔa ƒe ʋu nalɔe ayi xɔtuƒe lae. Hame aɖewo siwo di be yewoatsɔ xɔgbakpe siawo agba xɔe evɔ ga mele wo si o la wɔ Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga ƒe ɖoɖoa ŋudɔ tsɔ bia gadodoe. Esi wolɔ̃ be woado ga na wo la, wona xɔgbakpe wo ɖe ga teƒe boŋ. Esia wɔe be nɔviawo te ŋu gba woƒe akpatawo bɔbɔe eye wole kpekpewo wɔm le eme hafi gbla ɖe akpa bubuawo nuwuwu ŋu.
8 Hafi woadze axɔ xɔgbakpeawo la, ele be anyigbaƒeƒlekpeɖodzigbalẽ (indenture) si wode agbalẽ me nyuie si afia be anyigba la nye wo tɔ nyateƒe, xɔtutunɔnɔmetatagbalẽ (building plan) si dzi woda asi ɖo, kple xɔtutumɔɖegbalẽ (building permit) adodoe, nanɔ dugã me hamewo si. Le hame siwo le kɔƒewo me, afisiwo ɖewohĩ xɔtutumɔɖegbalẽ kpɔkpɔ asesẽ le la, ele be agbalẽ si te dua me fia de asii alo esi ŋu wòɖi ɖase le, kple xɔtutunɔnɔmetatagbalẽ siwo dzi wotu woƒe nutometakpeha (district assembly) ƒe stamp ɖo la nanɔ wo si.
9 Hame siwo adi be yewoatsɔ xɔgbakpewo agba yewoƒe Fiaɖuƒe Akpatawoe la nana Habɔbɔa nanya ne esusɔ vie xɔa naɖo gbagba me. Ne wowɔ xɔgbakpeawo xɔxɔ ƒe ɖoɖowo vɔ la, Habɔbɔa ƒe xɔtula ɖeka aɖi tsa aɖakpɔ xɔtuƒea ɖa, eye wòafia alesi woaƒo xɔa tae ahaɖo atiwo ɖe edzi hafi woana xɔgbakpeawo mi.
10 Ga Tsɔtsɔ Do Alɔ Dɔ Lae: Fiaɖuƒe Akpata le miaƒe hamea sia? Ðe xɔa me yɔna gbɔa eme ɣesiaɣia, eye ɖe miewɔ ɖoɖo be yewoakekee ɖe enu alo atu yeye kuraa? Ele be míakpe asi ɖe ɖoɖo mawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu dɔmenyotɔe abe alesi Israel-dukɔa wɔe ene. Hame aɖe ɖaɖoe be yeazã xɔgbakpewo alo xɔgbanu bubuwo o, nu vevitɔe nye be dzi si le lɔlɔ̃m faa nanɔ mía si si aʋã mí be míatsɔ mía ɖokui kple míaƒe nunɔamesiwo ana atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒe Akpata tutu kple edzadzraɖo. Ame aɖewo kpɔe be enyo be yewoasrɔ̃ kpɔɖeŋu si woɖo le Korintotɔwo I, 16:2, eye woawo ŋutɔ wokaa ga si woadzɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata tudɔwo ŋu la na wo ɖokui edziedzi. Ame bubu siwo ate ŋu akpe ɖe hamea ŋu kple gadodo la doa ga si womahiã kaba o nɛ, eye esia nyea kpekpeɖeŋu gã aɖe le alesi nuwo le asi xɔmee ta.
11 Le afisiwo hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ele be wo katã woatsi dzi ɖe akpata yeye tutu ŋu. Mele be wòanye be ne akpata le hame ɖeka si ko la, wòabu akpata yeye tutu be enye hame kpɔtɔeawo ƒe nya o. Amesiame ƒe agbagbadzedze ahiã vevie le akpata yeye tutu me. Menye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu koe Yehowa ƒe amewo biã ŋku ɖo egbea o, ke wobiã ŋku ɖe tadeaguƒe nyuiwo tutu hã ŋu. Fiaɖuƒe Akpatawo hiã fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Àwɔ wò akpa dzi atsɔ akpɔ hiahiã la gbɔea?—Tsɔe sɔ kple Maleaxi 3:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
FIAÐUƑE AKPATA AÐEWO SIWO WOTSƆ XƆGBAKPEWO GBAE
Kwashieman North
Sempe Manprobi
Sogakorpe