INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/95 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 7/95 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le July Kple August me: Míate ŋu azã axa 32 ƒe agbalẽ gbadza ɖesiaɖe negbe Suku-gbalẽ gbadza koe mele eme o. September: Míana Agbe Tegbee ƒe agbalẽa, eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. October: Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. MIDE DZESII: Hame siwo medɔ agbalẽ siwo míeyɔ va yi haɖe o la nadɔe le woƒe ɣleti sia ɣleti ƒe “Literature Request Form” (S-14) dzi.

◼ Nuƒo si ƒe tanyae nye “Miɖo Ŋu Ðe Akɔfafawo Katã ƒe Mawu la Ŋu” ye ƒom nutome sue dzikpɔlawo le fifia. Tso September me la, woaƒo nuƒo si nye “Mawu ƒe Nufiafia Ðua Dzi le Xexeame Katã” si anye fotoɖeɖefia.

◼ Habɔbɔa le ƒe 1951 vaseɖe ƒe 1959 me EŊLISIGBE ME Gbetakpɔxɔ bablawo tam. Gbeƒãɖela yeye alo hame yeye siwo di agbalẽ siawo ate ŋu adɔ wo fifia to hamea dzi. Agbalẽ siawo manɔ Habɔbɔa gbɔ ɖaa o. Agbalẽ bablawo nye agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le eye mele be hamewo nadɔe akɔ ɖi o.

◼ Betel anɔ tutu le July 1 dzi. Míawɔ dɔ gbemagbe o.

◼ Mieɖo miaƒe hamea ƒe “Application for Unassigned Territory” (S-90) ɖa xoxoa? Ne mieɖoe ɖa haɖe o la, ke míele ŋku ɖom edzi na mi.

◼ Míele agbalẽvi ƒomevi eve ɖom ɖe hamewo katã be woatsɔ adɔ agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le siwo wodɔna ƒe sia ƒe, abe Ƒegbalẽwo, Gbetakpɔxɔ bablawo, kple bubuwo ene, kpakple subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽviwo. Míena mɔfiafia siwo me kɔ le May 13, 1994 FA:SH ƒe lɛta si míeŋlɔ na hamemegãwo ƒe hawo katã me. Taflatse Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia nakpɔ egbɔ be yewokpe nudɔgbalẽvi eveawo ɖo nyuie heɖo wo ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 30, 1995 nava yi.

◼ Hame geɖe ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta tsia megbe akpa ɣleti sia ɣleti ale be míete ŋu tsɔnɛ kpena ɖe alɔdzea ƒe akɔntabubu ŋu ɖona ɖe Dziɖuha la o. Nukae míate ŋu awɔ tso eŋu? Wole ŋku ɖom edzi na mí katã be hamea ƒe agbalẽŋlɔla naɖo hamea ƒe gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ɖe alɔdzedɔwɔƒea “megatsi megbe wu ɣleti si kplɔe ɖo ƒe ŋkeke adelia o.” Be wòate ŋu awɔ esia la, ele be gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo katã nabu woƒe gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔnta kaba le ɣletia ƒe nuwuwu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe