Nuwo Wɔwɔ Wòanɔ Bɔbɔe le Ƒe 1995 Nutome Gã Takpekpea Me
1 Aleke wòhevivinae nye esi ne míeva gbɔgbɔmenuɖuƒe, eɖanye le hame kpekpewo, nutome sue takpekpewo, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo, alo nutome gã takpekpewo me o! Nukatae wònɔna alea? Eyae nye be hadede kple Mawuvɔ̃lawo faa akɔ na ame eye gbɔgbɔmenya siwo míesena le kpekpe siawo me ɖoa ŋku nusiwo le vevie wu dzi na mí.
2 Ame akpe geɖe siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi de gbɔgbɔmekpekpe siawo le ƒe siawo me. Le ƒe 1985 kple 1994 dome la, hame siwo le xexeame katã dzi ɖe edzi wu 50 le alafa me, tso 49,716 va ɖo 75,573. Esime Yehowa le tsɔtsɔe dom nuwo nuƒoƒoƒudɔa la, nenema ke nutome gã kple nutome sue takpekpewo hã le dzidzim ɖe edzii. (Yes. 60:22) Nutome gã takpekpe siwo míewɔ le Ghana ƒe alɔdzea ƒe anyigbamamã me si dzi ɖe edzi tso 12 le ƒe 1985 me va ɖo 20 le 1994 me gɔ̃ hã fia alesi gbegbe hamewo ƒe dzidziɖedzi sia loloe. Ewɔe be dɔ si ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpe siawo ŋu kple wo wɔwɔ ŋutɔŋutɔ bia la hã le agbɔ sɔm ɖe edzi. Esi wònye be nusita míekpea ta ɖoe nye be woatsɔ nusiwo wodzra ɖo le kplɔ̃ɖoɖo siawo me anyi míi le gbɔgbɔ me ta la, nunya le eme be míawɔ nuwo woanɔ bɔbɔe alesi míate ŋui le ɖoɖowɔwɔ ɖe nusiawo ŋu me.
3 Afɔɖeɖe Yeye Bubuwo: Míekpɔa Yehowa sinu be wòayra ɖe mía dzi esime míele ŋgɔyiyi dzi ɖaa. Edzɔ dzi na mí be míakpɔe be ena nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ si eƒe amewo hiã la wo. Míelɔ̃ ɖe edzi bliboe be to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi la, Yesu Kristo fia mɔ alesi nuwo le yiyimee nyuie hena Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le mɔ wɔnuku aɖe nu. (Mat. 24:45-47; Kol. 1:9, 10) Tso ƒe 1995 nutome gã takpekpeawo kple ƒe 1996 nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo dzi la, womawɔ ɖoɖo gã aɖeke ɖe nuɖuɖu ŋu o. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu kple nunono ɖe asi vɛ. Nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo ayi woƒe nuɖuɖunaɖoɖo bɔbɔe siwo zãm míele fifia dzi vaseɖe October 1995 me. Miadi be yewoanya alesi ɖoɖo sia aɖe vii. Ðewohĩ ɖoɖo siwo míewɔ le nyitsɔ laa ƒewo me ana miaɖo ŋku vi siwo takpekpedɔwo wɔwɔ be woanɔ bɔbɔe wu la ɖe na mí dzi.
4 Tɔtrɔ Siwo Míewɔ Va Yi be Nuwo Wɔwɔ Nanɔ Bɔbɔe: Hafi míadze ɖoɖo si bɔbɔ wu wɔwɔ gɔme ɖe nutome gã takpekpewo ƒe ɖoɖowo, abe nuɖaɖa, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ, kple xɔdidi ene ŋu la, ehiãna be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe geɖe siwo le nutoa me nawɔ dɔ gbogbo aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Le mía nɔviwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple nuhiahiãwo ƒe sesẽ kpakple dzidziɖedzi si le habɔbɔa me vam ɖaa ta la, ɖoɖo siwo míawɔ be dɔa wɔwɔ nanɔ bɔbɔe la hiã nyateƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi míewɔ nuɖuɖu ŋuti ɖoɖo si bɔbɔ wu le Ghana le ƒe 1978 me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖe siwo nɔa hloloetsotso dzi be yewoaɖa nu na mí tsã la te ŋu se nuƒoawo. Míegawɔ nuɖaɖaɖoɖo siwo gale bɔbɔe wu le nutome gã kple nutome sue takpekpewo me le ƒe 1987 me. Aleke gbegbe ɖoɖo siawo nyoe nye esi, wona dɔa va le wodzoe wu eye míaƒe susu le takpekpea ƒe akpa si ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye dɔwɔlawo te ŋu se nuƒoawo me nya geɖe wu wòɖea vi na wo. (Mose V, 31:12) Mía nɔvi nuteƒewɔla siwo le mía dome siwo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbo aɖe la ɖoa ŋku ŋgɔyiyi siawo dzi eye wokpɔa ŋudzedze ɖe mɔfiafia si woxɔ la ŋu. Gake dɔ kawoe míagate ŋu aɖe ɖa bene ame geɖe wu nakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖua me viɖewo bliboe?
5 Tɔtrɔ Siwo Míedi be Míawɔ: Le ƒe siwo me míeɖa nuɖuɖu siwo ɖaɖa le bɔbɔe wu me la, míekpɔe be ‘nu ʋee aɖewo koe hiã’ nyateƒe. (Tsɔe sɔ kple Luka 10:38-42.) Gake ne míewɔ nu ʋee mawo ŋutidɔ be wòasu na vavala gbogboawo dometɔ ɖesiaɖe la, eva nyea nuhiahiã kple dɔ gbogbo aɖe, kple ga geɖe zazã. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gbogbo aɖewo hiã na ɖoɖowɔwɔ kple dɔwɔwɔ le nuawo ŋu. Ele be woaƒle nuɖuɖu gbogbo aɖe ada ɖi. Habɔbɔa naa ga gbogbo aɖe do ŋgɔ ɖe dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpewo ŋu—eƒe akpa gãtɔ yina ɖe nuɖuɖuƒeƒle kple edzadzraɖo me—eye ga si míehiã la va sikana ɖi ɣleti geɖe. Ehiãna be woado nuɖuɖugba kple nuɖanu kpekpewo na ʋuwo atsɔ ayi didiƒewoe, eye woagava ɖe wo. Esiawo katã na Habɔbɔa zãa ga fũ si ŋuti wòbuna vevie. Ne míena nuwo wɔwɔ gabɔbɔ ɖe edzi vie la, ana míagagblẽ ɣeyiɣi kple ga siawo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aɖe dɔ gbogbo aɖe le nɔvi geɖe siwo tsɔa ɣleti gbogbo aɖe nɔa nuɖuɖuɖoɖowo gbɔ kpɔmee la dzi.
6 Lɔlɔ̃nu faa dɔ si amesiwo subɔ le dɔwɔƒe siawo wɔ la ɖe vi gbogbo aɖe eye míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ale gbegbe. Gake ne míegawɔ nuwo wole bɔbɔe wu abe alesi míele egblɔm fifia ene la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe siwo ƒlea nuɖuɖu, amesiwo ɖanɛ, kple amesiwo dzranɛ la ate ŋu azã woƒe ɣeyiɣi ɖe Fiaɖuƒedɔ bubuwo ŋu, eye woate ŋu ade ha kple nɔviawo geɖe wu le takpekpeawo me. Amesiwo tsɔ wo ɖokui na be yewoawɔ dɔ le Nuɖaƒea la ate ŋu awɔ dɔ le dɔwɔƒe bubuwo, abe le Anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple Dzadzɛnyenyedzikpɔlawo ƒe Dɔwɔƒewo ene. Esia aɖe agba le amesiame dzi vie eye mana ame geɖe nawɔ dɔ zã natsi, le fɔŋli me, alo esime nuƒoawo le edzi yim, abe alesi wòdzɔna zi geɖe tsã le Nuɖaƒea ene o.
7 Asikpekpe Ðe Ðoɖoawo Ŋu: Habɔbɔa kpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe alesi mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo miekpe asi ɖe takpekpeɖoɖowo, si me nuɖaɖa hã le, “tso dzi blibo me” ƒe geɖe enye sia la ŋu. (Kron. I, 29:9) Esia kpe ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu. Ena míete ŋu haya takpekpewɔnu nyuiwo, míetu agbadɔwo, eye míekpɔ takpekpea ƒe gazazã bubuwo hã gbɔ. Ekpe ɖe vavalawo hã ŋu be wote ŋu nɔ takpekpewɔƒea le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi kpuia me be wote ŋu kpɔ nu ɖu bɔbɔe, woƒe dzi dze eme, eye wonɔ anyi na gbɔgbɔmenuɖuɖua xɔxɔ. Eye ɖikekemanɔmee la, kpekpeɖeŋu si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo na le nudzɔdzɔ na dɔ siawo wɔwɔ me la agayi edzi. Esia nye woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me.—Lod. 11:25; Luka 16:9.
8 Wò Nuɖunyawo Gbɔkpɔkpɔ: Gake le tɔtrɔ yeye sia me la, ahiã be ƒome kple ame ɖekaɖeka siwo le dugãwo me ŋutɔ nakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ le míaƒe ŋdɔ me ƒe kpakpã kpuia me. Míedea asixɔxɔ gã aɖe gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu. Nunya manɔ eme be míaɖe mɔ ŋutilãmenuɖuɖu naxɔ nɔƒe vevitɔ madzemadzee o. Ehiã vevie be amesiame ‘naka ɖe nusiwo le vevie wu dzi’ le go sia me. (Fil. 1:9, 10a) Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe gã siwo wowɔ nyitsɔ laa le Poland, Russia, kple Ukraine, kpakple teƒe bubuwo kpɔ dzidzedze nyuie togbɔ be womewɔ nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke o hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dukɔ sia me nutome sue aɖewo te ŋu wɔ woƒe nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo eye numeɖenu ʋee aɖewo ŋu koe wowɔ ɖoɖo ɖo le alesi woƒe nɔnɔmewo le ta. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, vavalawo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi vɛ. Míakpɔe be ne míetsɔ ŋdɔnuɖuɖu si mekpena o vɛ la, ana míanɔ ŋudzɔ le susu me, si awɔe be ŋdɔ me nuƒoawo aɖe vi na mí wu. Esi wòle alea ta la, amesiame natsɔ nuɖuɖu si mekpena fũ alo si ɖaɖa mexɔa ɣeyiɣi o evɔ nunyiame le eme ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nyi amehawo la, nuɖuɖu eve koe wòzã, abolo kple tɔmelã. (Mat. 14:16-20; kpɔ Luka 10:42a hã.) Eyata edzɔ dzi na mí be míaɖo aɖaŋu aɖewo na mi le nusiwo sɔ eye wòanya wɔ le esi wogatso ŋdɔ me ƒe ɖiɖiɖemeɣia dzi kple nuzazã siwo ŋudɔ míewɔna le ƒuƒoƒo gãwo me ta.
9 Esi womagaɖa nu le takpekpewo me abe alesi wònɔ tsã ene o ta la, to ɖoɖo nyui wɔwɔ me la, vavalawo ate ŋu aɖu ŋdinu kple woƒe ƒomeawo le aƒeme loo alo nuɖuƒe aɖe. Ne èmlɔ anyi kaba te ŋu ɖi ɖe eme nyuie la, àte ŋu afɔ kaba aɖa ŋdinu eye nàɖo takpekpewɔƒea kaba ade ha kple vavalawo. Ðoɖo yeyea ƒe viɖe bubue nye be magahiã be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo natsi takpekpewɔƒea adɔ be woafɔ fɔŋli aɖa nu na takpekpea valawo o.
10 Ŋdɔ me ƒe ɖiɖiɖemeɣia anɔ kpuie wu alesi wònɔ le takpekpe siwo míewɔ va yi me. Gake mɔ anɔ eme be míade nane nume, eye míabɔ ha kple mía nɔewo hã. Anɔ bɔbɔe be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le takpedua me alo teƒe siwo tsɔ ɖe egbɔ eye wovana takpekpea gatrɔna le fiẽ me la naɖa nu vi aɖe ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nu atsɔ ɖe asi ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ðeko wòanɔ abe ŋdɔnuɖuɖu si ɖeviwo tsɔna yia sukui ene, ate ŋu anye abolo si me wode nui, atikutsetse aɖewo, kple nunono aɖe, alo mɔli. Ame geɖe tsɔa ŋdɔnu siawo tɔgbe ɖe asi va ɖuna le woƒe dɔwɔƒewo.
11 Ðikekemanɔmee la, asesẽ na amesiwo mele takpedua me o wu, elabena ahiã be woawɔ ɖoɖo ɖe woƒe ŋdɔnuɖuɖu ŋu do ŋgɔ. Ðewohĩ miate ŋu atsɔ nuɖugbawo kple kɔpowo tso aƒeme ɖe mia kple amesiwo gbɔna nu. Ame aɖewo akpɔe be nuɖuɖu si mekpena o si nye atikutsetse aɖewo, abe akɔɖu kple atɔtɔ ene, asu na yewo, eye woate ŋu atsɔ nusiawo hã ɖe asi tso aƒeme vɛ. Miate ŋu akpɔ nu bubu siwo agahiã na ŋdɔ me nuɖuɖua le numeɖenuwo dzraƒe siwo anɔ takpekpewɔƒeawo. Gake míekpɔe be le takpekpe siwo woawɔ le kɔƒenutowo me gome la, numeɖenu siwo anɔ numeɖenuwo dzraƒea masu o, elabena vavala akpa gãtɔ mate ŋu anɔ aƒeme yim gbesiagbe o. Eyata le kɔƒeduwo me la, woaɖa nuɖuɖu si ɖaɖa mesesẽ o zi ɖeka gbesiagbe le takpekpe siwo woawɔ me.
12 Gake míedi be míaɖo ŋku edzi na mí be taflatse MIGAÐA NU LE AMEDZRODZEƑEXƆWO ME O negbe ne wode yevugamle afima xoxo na nuɖaɖa ko hafi. Afɔku le eme eye se meɖe mɔ ɖe eŋu hã o eye ate ŋu ana aminuwo alo nu bubuwo nagblẽ xɔmenuwo. Enaa ʋeʋẽ aɖe tsia xɔa me si gbea dodo ŋkeke geɖe. Esia wɔnɛ be amedzrodzeƒea megalɔ̃na be yewoahaya xɔawo ne womebu ga si woagblẽ ɖe dɔ siwo woawɔ le eme dzadzraɖo kple atike si woazã be ya ma nado ɖa la kpee o. Esia tae nunya anɔ eme be míabu eŋu be anyo be míaƒle nu siwo woɖa xoxo abe ɖɔkunu kple kalãmi, alo nuɖuɖu memewo, abe abolo, abolo si me wode lã alo nu bubuwoe, alo cake ene. Ne míeƒle nusiawo siwo woɖa xoxo la, ana míagava nɔ nu ɖam le amedzrodzeƒexɔwo me alo dzeƒe bubuwo o.
13 Esi wònye takpekpea wɔƒe va zu abe Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe le takpekpea wɔɣi ta la, masɔ be míawɔe abe azãɖuƒee ene le ŋdɔ me ƒe ɖiɖiɖemeɣia o. Eye abe alesi míeɖua nu le kpekpewo me le Fiaɖuƒe Akpata me o ene la, nenema ke mele be míanɔ nu ɖum alo anɔ nu nom esime nuƒoawo le edzi yim o. Mɔɖeɖe meli be míatsɔ tsigo gãwo alo kusi gã siwo me wodea nuɖaɖae woanɔ nyaselawo dome le takpekpea me o. Woate ŋu akli wo eye mele be woanɔ mɔ me alo woada wo ɖe zikpuiwo dzi o. Ðewohĩ aŋekotokuwo alo agbalẽkotoku siwo me wodea nuzazãwoe anyo na nuɖuɖu si mekpena o si ahiã mi le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ne ehiã la, míate ŋu azã tsigoe siwo ate ŋu ayi zikpuiawo te, gake menye be míada wo ɖe zikpui si dzi woanɔ dzi o. Gake míate ŋu ado nusiawo ɖe ƒomea ƒe ʋu me woanɔ ʋutɔɖoƒea.
14 Ele be míaɖɔ ŋu ɖo le nugo siwo me míadi be míade nunonoe atsɔ va takpekpewɔƒea hã ŋu. Míate ŋu ade nunono xɔdzowo flask me.
15 Viɖe Bubuwo: Le nyateƒe me la, míate ŋu akpɔ alesi nunya le ɖoɖo siawo siwo ŋu wotrɔ asi le mee. Ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔ me viɖeawo ŋu—esiwo ta tututu míeyia takpekpeawo ɖo. Míexɔa viɖe siawo le míaƒe hadede kple mía nɔewo kpakple le nuƒoawo ŋutɔ me. Eyata esi míadzo le takpekpewɔƒea le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia me ava nɔ nuɖuɖu dim la, aleke gbegbe wòaɖe vi enye si be míatsɔ nane ɖe asi vɛ. Ana míate ŋu ade ha kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo eye wòana ŋdɔ me nuƒo aɖeke mato mía ŋu o.
16 Ne míexɔ gbɔgbɔmetutuɖo le ŋdɔ me nuƒoawo sese vɔ megbe la, ame aɖewo ate ŋu ayi Kristotɔwo ƒe hadede kple wo nɔviwo dzi eye woaɖo dze tso nu nyui siwo míese ŋu le esime wole nuɖuɖu siwo kpena wu ɖum kple woƒe ƒomeawo alo xɔlɔ̃wo le woƒe dzeƒewo alo takpedua ƒe nuɖuƒewo. Ame aɖewo aƒle nuɖuɖu le nuɖuɖudzrafiasewo me. Amesiwo agbɔ va aƒeme ate ŋu aɖoe be yewoaɖu fiẽnu le aƒeme, abe alesi wowɔnɛ le ŋutilãmedɔwɔgbewo alo gbeadziyigbewo ene.
17 Gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo nɔa takpekpe siawo me, afisiwo míexɔa agbalẽ yeyewo, nufiame, kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le la dzɔa dzi na mí vavã. Yayra siawo, tsɔ kpe ɖe dzidzɔ si wònye be míenɔ Mawu ƒe ame siwo kpe ta la dome ŋu, dzie amesiame ɖoa ŋkui. Lododowo 10:22, NW gblɔ be: “Yehowa ƒe yayra—eyae wɔa ame kesinɔtɔe, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.” Nusitae nye be menye ŋutilãmenudidiwo kple dzidzemedidi ƒe susuwoe mí Yehowa ƒe amewo míetsɔ yia takpekpewoe o. Míekpea ta kple susu nyui si nye be míakpɔ gbɔgbɔmeviɖe gbogbotɔ kekeake, eye Yehowa ɖoa eteƒe na mí le gbɔgbɔ si míeɖena fiana ta.—Tim. I, 6:6-8; Heb. 11:6.
18 Dzideƒoxɔɣi siawo ɖoa ŋku alesi gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa le ŋgɔ yimee hã dzi na mí. (Yoh. 4:35, 36) Yɔyɔ si le Yesaya ta 54 ƒe ŋgdɔdonyawo me na Yehowa ƒe habɔbɔ si le abe srɔ̃a ene lae nye be wòadzra ɖo ɖe dzidziɖedzi dodzidzɔnamewo ŋu. Dzidziɖedzi, takeke siwo galolo wu, kple ŋusẽdoame yeyewo le ŋgɔ gbɔna kpuie, abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene be: “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi ɖe megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to! Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me.” Nyagblɔɖi ʋãme sia mevava na míele tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke gã sia teƒe kpɔm fifia.—Yes. 54:1-4.
19 Edze nusi me nunya le nyateƒe be míawɔ nuwo wɔwɔ be woaganɔ bɔbɔe wu ƒe ɖoɖo sia ale be gbɔgbɔmenuɖuɖua nate ŋu aɖe vi na amesiame, eye nu boo aɖeke maɖe fu na míaƒe susu o. Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe ɖoɖo sia hã dzi, elabena ana míate ŋu akpɔ dzidziɖedzi bubu siwo gale vavam gbɔ bɔbɔe wu. Ne míeda susu ɖe nusiwo hiã dzi la, míate ŋu ase vivi na ŋkeke siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo na mí be míade ha siwo me vivisese kple gbɔgbɔmenu nyuiwo le. Míaƒe gbedodoɖa vevie enye be Yehowa neyra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo katã dzi esime míeyi edzi le ta kpem eye wole mía nyim le eƒe kplɔ̃ ŋu.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 16:14, 15.
[Aɖaka si le axa 6]
Numaɖamaɖa Ðoɖoa ƒe Viɖewo
◼ Dɔ siwo míawɔ do ŋgɔ na takpekpea, le takpekpea wɔɣi, kple ne míekpã la dzi aɖe akpɔtɔ, be míakpɔ vovo ɖe hadede kple mía nɔewo ŋu wu
◼ Nuɖanuwo ŋuti dɔ aɖeke maganɔ anyi o
◼ Ame geɖe wu ƒe susu anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu
◼ Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖe wu anɔ anyi awɔ dɔ le dɔwɔƒe bubuwo
◼ Míakpɔ vovo ɖe teokrasidɔ bubuwo ŋu wu
Nane Siwo Míesusui be Anyo be Miatsɔ ɖe Asi na Ŋdɔ ƒe Ðiɖiɖemeɣia
◼ Ŋdɔnuɖuɖu si me nunyiame le, gake mekpena o, eye eɖaɖa hã mesesẽ o
◼ Nuɖuɖu siwo mekpena o, azi, abolo, atikutsetsewo
◼ Tsigo suewo ne ehiã
◼ Aha viviwo, atikutsetsetsiwo, alo tsinono siwo wode atukpa me
MÈGATSƆ Nusiwo Gbɔna Va Takpekpea O
◼ Aha muamewo
◼ Tsifafɛgo gãwo kple kusi gã siwo me wodea nuɖuɖui