Nutome Gã Takpekpea Na Amekpekpe Ʋãme Aɖe!—Mikafu Yehowa Dzidzɔtɔe Gbesiagbe!
1 Apostolo Paulo bia be: “Ne kpẽ ƒe ɖiɖime mekɔ o la, ameka ladzra eɖokui ɖo na aʋa la mahã?” (Kor. I, 14:8) Ðe amekpekpe si ɖi le “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpea me la nu sẽ eye eme kɔa? Ẽ, nenema tututue. ‘Mikafu Yehowa dzidzɔtɔe gbesiagbe’ ye nye gbedasi ʋãme la! Ðe amekpekpe sia ʋã wò dzia? Susu sẽŋu siwo ta míakafu Fia mavɔmavɔtɔ, Yehowa, ɣesiaɣi la nɔ takpekpea me nuƒoawo me fũ.—Ps. 35:27, 28.
2 Dziƒo dziŋɔ la ɖea gbeƒã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ‘tso ŋkeke yi ŋkeke.’ (Ps. 19:2-4) Ne nusiwo me agbe mele o eye gbe mele wo si o kafua Yehowa ɣesiaɣi la, ɖe mele be wòaʋã mí amegbetɔ siwo si nunya le be míakɔ míaƒe gbe dzi akafui ɣeawokatãɣi le eƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kple o kple eƒe dɔwɔwɔwo ta oa? Amekae dze be míatsɔ dzidzɔ akafu wu mía Wɔla wɔnuku la?—Ps. 145:3, 7.
3 Gbesiagbe: Hakpala si gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔe be: “Miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ.” (Ps. 96:2, 4) Mɔɖelawo koe nya sia kaa? Ao! Ðe wòfia be ele be mí katã míaƒo nu tso Yehowa ŋu na ame bubuwo ɣesiaɣi kple le afisiafi si míate ŋui, le ŋkeke siwo míele aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔm o gɔ̃ hã dzia? Ẽ! Yehowa kafukafu gbesiagbe kple eƒe xɔnamemɔwo gbɔgblɔ na ame bubuwo hiã kpata. Ele be amewo nanya be Yehowae nye Fia Mavɔmavɔtɔ la eye be Etsɔ xexeame ƒe dziɖulanyenye de Via Yesu Kristo si ŋuti Wòkɔ si me. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple amewo ana míayi edzi aƒo nu tso gbedasi sia kple eƒe xɔnamemɔwo ŋu le afisiafi si míakpɔ amewo le.—Ps. 71:15.
4 Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi abe Yehowa kafula vevitɔ ene le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me gbesiagbe. Egblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò.” (Mat. 11:25) Yesu wɔ eƒe nya dzi pɛpɛpɛ eye wòkafu Yehowa le gaglãgbe le afisiafi si wònɔ. Eye afisiafi si amehawo ƒo ƒu ɖo—eɖanye ƒuƒoƒewo, gbedoxɔ me le Yerusalem, to dzi, alo ƒuta o—ekafu Yehowa. Ne míedzea Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu to Yehowa kafukafu le gaglãgbe ɣesiaɣi me la, míakpɔ dzidzɔ geɖe tso eme.
5 Amekpekpea Dzi Wɔwɔ: Ðe nàwɔ amekpekpe si nye be woakafu Yehowa le gaglãgbe gbesiagbe la dzia? Ðo ŋku edzi be ƒe si nèxɔ maxe mɔ na wò o. Psalmo 148:12 kpe ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, amegãɖeɖiwo, kple ɖeviwo be woakafu Yehowa. Ðeviwo, ɖe miakafu Yehowa le sukuhatiwo kple nufialawo dome le ƒe sia mea? Ame tsitsiwo, ɖe mieƒoa nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na amesiwo miewɔa dɔ kple le miaƒe dɔwɔƒewo ne miekpɔ ɣeyiɣi si sɔ be miaɖo dzea? Ele be mí katã míana Yehowa kafukafu nanye míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe abe alesi yagbɔgbɔ kple nuɖuɖu le ene. Ne ɖekematsɔlemetɔwo gbe míaƒe nyawo sese hã la, Ame aɖe ya li si senɛ, eye aɖo eteƒe na mí.—Mal. 3:16.
6 Esi nuɖoanyia ƒe nuwuwu le gogom la, amekpekpea le ɖiɖim yi anyigba ƒe seƒe ke be: “Mikafu Yehowa!” (Ps. 106:1) Mina míaƒe kafukafuɣlia naɖi sesĩe ɖe edzi gbesiagbe bene amewo katã nanyae be Amesi ŋkɔe nye Yehowa ye nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba bliboa katã dzi.—Ps. 83:19.