INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/95 axa 1-7
  • Yayra Gã Siwo Tsoa Teokrasikpekpewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yayra Gã Siwo Tsoa Teokrasikpekpewo Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa—Eya Koŋue Míatsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ameƒomea Hiã Sidzedze Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 11/95 axa 1-7

Yayra Gã Siwo Tsoa Teokrasikpekpewo Me

1 Ɣesiaɣi si Yehowa zɔ kple ame aɖewo ko la, edea se na wo hena wokpea ta ɖekae edziedzi le tadedeagu ƒe ɖekawɔwɔ me. Wo ɖokui tsɔtsɔ de gbedodoɖa kple ŋugblemeyiyi me le ɣeyiɣi siawo me na wokpɔ gbɔgbɔmeyayra geɖe. Keklẽ geɖe gaklẽ ɖe Eƒe tameɖoɖowo dzi na wo si de dzo subɔsubɔ kɔkɔea me.

2 Hafi ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo nase vivi le yayra siwo le Mawu ƒe teokrasihabɔbɔa me me la, enɔ na wo be woaɖu mɔxenuwo dzi ade kpekpe mawo. Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be dukɔ siwo nye futɔwoe ƒo xlã Yudatɔwo eye ehiã be woawɔ aʋa ɣesiaɣi atsɔ aʋli woƒe ɖokuisinɔnɔ tae. Filistitɔwo, Aramtɔwo, kple dukɔ bubuwo katã nɔ ŋu biãm Palestina-nyigba la. (Mose II, 34:24) Togbɔ be ŋɔdzi sia nɔ anyi hã la, dzila Israel-vi geɖe de bubu takpekpe siawo ƒe asixɔxɔ ŋu ale gbegbe be wokplɔa wo viwo yia Yerusalem ɣesiaɣi. Kpɔ agbagbadzedze si mɔzɔzɔ ɖesiaɖe si nyea afɔzɔzɔ zi geɖe abia la ɖa! Gake dzidzɔdonamemɔzɔzɔ ka gbegbee nye si wònye na ƒomewo, eye aleke gbegbe wòtsi susu me na ɖevi mawoe enye si!

3 Le Mose ƒe Sea me la, wobia tso ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si be wòayi Yerusalem le ɣeyiɣi aɖewo me. (Mose II, 23:14-17; Mose V, 31:10-13; Luka 2:41-50) Wowua ŋutsu ɖesiaɖe si le kɔkɔe gake gbe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu la. (Mose IV, 9:9-14) Aleke gbegbe Yehowa bua gbɔgbɔ me kpekpewo mademade ŋkubiãnyae nye si!

4 Kristotɔ Gbãtɔwo ƒe Takpekpewo: Enye numãme na Yesu Kristo be wòakpe ta kple amehawo ɖe tadedeagu na Yehowa ŋu. (Mat. 5:1–7:29) Togbɔ be esiawo menɔ abe takpekpe tɔxɛ siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ene o hã la, woxɔa ɣeyiɣi didi ɣeaɖewoɣi si wɔnɛ be wòhiãna be woana nuɖuɖu ameha siwo kpe ta la, nusiae Yesu wɔ esime wòna nuɖuɖu dzi ɖe edzi nukutɔe. (Mat. 14:14-21; 15:29-38) Zi geɖe la, Kristo ƒoa eƒe nusrɔ̃lawo nu ƒu naa gbɔgbɔmenufiame wo hafi ɖoa wo ɖa be woaɖaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea.

5 Le eƒe ku megbe la, eyomedzelawo yi edzi kpe ta abe alesi wowɔ le Pentekoste ƒe 33 M.Ŋ me ene. (Dɔw. 2:1-4) Ɣeaɖewoɣi la, “ameha gã aɖe” vaa woƒe kpekpeawo. (Dɔw. 11:26) Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, efia nu takpekpe dodzidzɔname mawo dometɔ ɖeka si me eyomedzela siwo ade 500 nɔ la le Galilea, eye wòna mɔfiame si hiã la wo.—Kor. I, 15:6; Mat. 28:19, 20.

6 Egbegbe Takpekpewo: Abe alesi Yehowa wɔ ɖoɖo na eƒe amewo le blema be woakpɔ dzidzɔ le azãɖuɖuwo kple kpekpewo me le takpekpe kɔkɔe me, siwo na gbɔgbɔmeyayra wo ene la, nenema ke wòwɔe na eƒe amewo hã egbea. Hiahiã ma li na Kristotɔwo hã be woawɔ takpekpe dodzidzɔname siwo tua ame ɖo. Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la dzraa nuƒo siwo tua ame ɖo le gbɔgbɔ me la ɖo hena nutome sue takpekpewo, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo, kple nutome gã takpekpewo ƒe sia ƒe, eye wòkpɔa edzi.

7 Yehowa ƒe amewo kpɔa ŋudzedze ɖe hadede tuameɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ siawo ŋu vevie egbea. Womeɖea mɔ woa ŋutɔwo ƒe kuxiwo na wotsia aƒeme o. Ke boŋ wotsɔa dzidzɔ dena hedoa dzaa na ame yeyewo va woƒe ha la me. (1973 Yearbook, axa 165 mm. 9 vaseɖe axa 166 mm. 2) Esia dze na kafukafu nyateƒe!

8 Gake nyatakakawo le vavam na Habɔbɔa be kpekpe gã siawo mademade va zu numãme na nɔvi aɖewo. Hame aɖewo ɖoa ame ʋee aɖewo ɖa be woanɔ yewo teƒe, eye ƒome ƒe ta aɖewo hã dena eye wogblẽa ƒomea ya ɖi. Le teƒe aɖewo la, hamemegã aɖeke medena o. Ðe nèle amesiwo si nɔnɔme sia le la domea? Ne èle wo dome la, gakuxiwo ta yea? Yehowa de dzi ƒo na Israel-viwo be woadzra ga ɖo ɖe woƒe azãɖuɖuwo ŋu. (Mose V, 14:22-27) Ðasefo geɖe wɔa gɔmeɖose sia dzi egbea eye wowɔa ɖoɖo ɖe woƒe mɔkekewo ŋu hedzraa ga ɖo ale be ƒome bliboa nate ŋu ade takpekpewo. Le go bubu me la, ɖe nàte ŋu axe ʋuɖofe alo ana nuɖuga nɔvi aɖe si hiã tu atsɔ akpe ɖe eŋu be wòayia?—Gal. 6:10.

9 Ame aɖewo medena o le esi womekpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo siawo ŋu o ta. Apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeatsɔ nya siawo akpe ɖe yeƒe kpekpewo dede ŋuti nuxlɔãmea ŋu be: “Míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Heb. 10:25) Esi Satana na eƒe Yehowa ƒe amewo dzi dzedzea nu sẽ ɖe edzi ta la, mina míanɔ te ɖe kuxi ɖesiaɖe nu bene míase vivi le Yehowa ƒe gbɔgbɔmeɖoɖowo me bliboe le teokrasikpekpewo katã me.—Nyaɖ. 12:7-17; Pet. II, 3:7; Ps. 133:1, 3.

[Nɔnɔmetata si le axa 1]

Woyi edzi le axa 7

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yayra Gãwo (tso axa 1)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe