“Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
1 Ele Be Míabu Yesu Ƒe Nya Siwo Woŋlɔ Ðe Yohanes 17:3 Nya Vevii. Eka Ðe Nya Si Wògblɔ La Dzi—agbe Mavɔe Wònye Be Woaxɔ Mawu Kple Kristo Ŋuti Sidzedze! Gake Yehowa Kple Yesu Ŋuti Sidzedze Si Asu Mía Si Koe Ana Woana Agbe Mavɔ Mía? Ao. Israel-viwo Nya Be Yehowae Nye Yewoƒe Mawu, Gake Dzixɔse Ma Medze Le Woƒe Agbenɔnɔ Me O. Ewɔe Be Megakpɔ Ŋudzedze Ðe Wo Ŋu O. (Hos. 4:1, 2, 6) Egbea La, Ame Miliɔn Geɖe “[Ʋãa] Ŋu Ðe Mawu Ŋu, Gake Menye Kple Sidzedze [Vavãtɔ, Nw] O.” (Rom. 10:2) Ehiã Be Woava Dze Si Yehowa, “Mawu Vavã Ðeka La,” Eye Woasrɔ̃ Alesi Woasubɔe Wòasɔ. Susu Ma Tae Míana Agbalẽ Si Nye Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me Le November Me Ðo. Dzeɖonya Kae Nàzã Ne Èle Sidzedze-gbalẽa Nam? Aɖaŋuɖoɖo Ʋee Aɖewo Siwo Akpe Ðe Ŋuwòe Nye Si.
2 Esi agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi nye nya yeye na ame akpa gãtɔ ta la, ŋgɔdonya sia anyɔ woƒe ɖetsɔleme:
◼ “Míele nya aɖe biam míaƒe aƒelikawo. Ne womiã asi wò be nàva nɔ agbe tegbee le xexe sia tɔgbe me ɖe, àlɔ̃ ayia? [Tsɔ nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 4-5 fiae. Na wòaɖo eŋu.] Àte ŋu ase esia ƒe vivi ŋutɔŋutɔ le agbe me. Gake nukae nèsusu be ele be nàwɔ hafi wòava eme na wò? [Na wòaɖo eŋu.] Se nusi Yohanes 17:3 gblɔ be ele be nàwɔ ɖa. [Xlẽe.] Agbalẽ sia le kpekpem ɖe ame geɖe ŋu be sidzedze tɔxɛ sia le wo si sum. Àdi be ɖeka nanɔ ye ŋutɔ si yeanɔ xexlẽma? [Na wòaɖo eŋu.] Ne megatrɔ va la, míadzro nusita susu le eme be míate ŋu axɔe ase be míate ŋu anɔ agbe mavɔ le anyigba dzi afisia la me.”
3 Ne ègatrɔ yi amesiwo nèdzro Yohanes 17:3 me kplii gbɔ la, àte ŋu aƒo nu ale:
◼ “Esi meva srã wò kpɔ nyitsɔ la, mexlẽ Yesu ƒe nya lédziname siwo le Yohanes 17:3 na wò, afisi wòka ɖe edzi na mí le be ne míedze si ye kple Mawu la míakpɔ agbe mavɔ. Gake ame geɖe xɔe se be dziƒo koe yewoate ŋu akpɔ agbe si nyo wu le. Nukae nèsusu tso nya ma ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Ne agbalẽ si metsɔ na wò le asitsɔƒe la, madi be maxlẽ Biblia kpukpui aɖewo siwo ɖo kpe edzi be woagbugbɔ aɖo Paradiso anyi ɖe anyigba dzi la afia wò. [Midzro memamã 11-16 si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 9-10 me.] Ne megatrɔ va la, madi be mafia nusita àte ŋu aka ɖe Biblia me ŋugbedodo siawo dzi la wò. Gake àte ŋu anɔ ta 2 lia xlẽm le wò agbalẽa me gbɔ.”
4 Dzeɖonya aɖee nye si nàte ŋu azã ne èdo go amesiwo lɔ̃a mawusubɔsubɔ:
◼ “Míele nu ƒom kple míaƒe aƒelikawo le nusita subɔsubɔha vovovo bɔ ɖe xexeame alea gbegbe la ŋu. Subɔsubɔha vovovo siwo ade 6,000 ye le Afrika ɖeɖe dzaa, eye esiwo wu 10,000 le xexe bliboa katã me. Gake, Biblia ɖeka koe li. Nukae nèsusu be eyatae subɔsubɔha vovovo siawo li ɖo? [Na wòaɖo eŋu. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 5 lia, eye nàxlẽ memamã 1.] Ne èxlẽ ta sia la, ana nàkpɔ biabia mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo me kɔ. Adzɔ dzi nam be matsɔ agbalẽa na wò.” Ðoe koŋ be yeagatrɔ ava, eye nàgblɔ nɛ be: “Ne megava la, míadzro nenye mɔ vovovo koe subɔsubɔha ɖesiaɖe nye ɖo ta teƒe ɖeka me.”
5 Ne ègatrɔ yi be yewoayi dzeɖoɖo si ku ɖe nusita subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea gbegbe ŋu dzi la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meɖo dze kple wò va yi la, mebia nenye mɔ vovovo koe subɔsubɔha ɖesiaɖe nye ɖo ta teƒe ɖeka hã. Nukae nèsusu tso nya ma ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Medi be mafia nya si Yesu gblɔ le nya ma ŋu la wò le agbalẽ si metsɔ na wò me. [Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 5 lia, eye nàxlẽ memamã 6-7, kple Mateo 7:21-23.] Ðewohĩ àbu nusita wòle vevie nenema gbegbe be míanya nusi tututu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye ŋu. Àkpɔe be memamã siwo kplɔe ɖo ɖe nu me ŋutɔ. Taflatse xlẽ ta sia ƒe memamã susɔewo. Ne megava ɣebubuɣi la, adzɔ dzi nam be mafia Biblia me sidzedze vavã ƒe vevienyenye wò.”
6 Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze tẽ dzea edzi zi geɖe. Ŋgɔdonya ŋuti aɖaŋuɖoɖo aɖe si dze le “Reasoning” gbalẽa ƒe axa 12 lae nye si:
◼ “Meva be mawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple wò femaxee. Ne àɖe mɔ nam la, matsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko afia alesi amesiwo le anyigba 200 kple edzivɔ dzi srɔ̃a Biblia kple woƒe ƒomewo le woƒe aƒewo me la wò. Míate ŋu azã nyati siawo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ adze esɔsrɔ̃ gɔmee. [Fia Sidzedze-gbalẽa ƒe emenyawoe.] Kae dzɔ dzi na wò wu?” Lala amea natia ɖe. Ʋu ta si wòtia, eye miadze nusɔsrɔ̃a gɔme tso memamã gbãtɔ dzi.
7 Nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze tẽ ƒe mɔnu bubu si kpɔa dzidzedze enye si nàte ŋu ate kpɔ:
◼ “Mesrɔ̃a Biblia kple amewo femaxee eye nye ɖoɖowɔɖi ɖe mɔ nam be magakpɔ ɣeyiɣi ɖe nusrɔ̃vi bubuwo hã ŋu. Biblia-srɔ̃gbalẽ sia ŋudɔe míewɔna. [Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae.] Nusɔsrɔ̃a axɔ ɣleti ʋee aɖewo ko eye míaɖo biabia abe esiwo gbɔna ene ŋu: Nukata Mawu ɖe mɔ míele fu kpem? Nukata míetsina kua amegã hekuna? Nukae dzɔna ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku dzi? Kple aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu?” Emegbe nàbia be, “Mawɔ alesi míesrɔ̃a nuae afia wòa?” Ne amea melɔ̃ nèsrɔ̃ nua kplii o la, biae se be alɔ̃ axɔ Sidzedze-gbalẽa axlẽ le eɖokui si hã. Ne elɔ̃ la, na ɖekae.
8 Kesinɔnu ka gbegbee nye si Mawu kple Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ nye na amesiwo katã si wòle la! Exɔxɔ fia be woanɔ agbe le nɔnɔme deblibowo me vavã. Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ le November me agblɔ sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me ŋu nya na amewo.