INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/95 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 6
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 27
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 11/95 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 6

Hadzidzi 93

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Yayra Gã Siwo Tsoa Teokrasikpekpewo Me.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro nyatia mee. De dzi ƒo na amewo katã be woadze agbagba vevie be woayi nutome gã takpekpe si gbɔna kple teokrasikpekpe siwo míagawɔ bene míakpɔ yayra geɖe tso Yehowa gbɔ.

20 min: “Ŋɔŋlɔ Sia Ŋɔŋlɔ Nyo na Nufiafia.” Dzro New World Translation ƒe akpa vovovowo me tsɔ fia alesi wòde ŋgɔ wu bubuwoe. Ðe eme be enyo wu, elabena woɖe egɔme ɖe fifi gbegbɔgblɔ me. (Kpɔ All Scripture ƒe agbalẽa, axa 328, memamã 4-6.) Na woawɔ enana ƒe wɔwɔfia eve.

Hadzidzi 2 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 13

Hadzidzi 33

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro kwasiɖanuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo me.

15 min: “Kpekpewo Dede Ɣesiaɣi—Ele Vevie na Míaƒe Tenɔnɔ Sesi̇̃e.” Nuƒo eye woadzro eme kple nyaselawo.

20 min: “Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya bubuwo tso June 15, 1989 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, memamã 5-9.

Hadzidzi 23 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 20

Hadzidzi 45

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

20 min: “Ƒe 1995 ‘Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo’ Nutome Gã Takpekpe.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro memamã 1-16 me.

20 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woanya Biblia ƒe Asixɔxɔ.” Hamemegã nadzro nusitae wòle be míawɔ trɔtrɔyiwo kple susu be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la me kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃. Mito eme eye miawɔ tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe aɖaŋu siwo woɖo ƒe wɔwɔfia abe alesi wowɔnɛ le dzadzraɖowɔwɔ me ene.

Hadzidzi 8 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 27

Hadzidzi 96

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

10 min: “Na Wò Susu Nànɔ Dziƒonuwo Ŋu Vevie.” Nuƒo.

20 min: “Ƒe 1995 ‘Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo’ Nutome Gã Takpekpe.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro memamã 17-28 me. Gadzro “Nutome Gã Takpekpe Ŋkuɖodzinyawo” me. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la ke gadzro nya vevi siwo tso “Nuwo Wɔwɔ Wòanɔ Bɔbɔe le Ƒe 1995 Nutome Gã Takpekpea Me,” si dze le July 1995 Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me.

10 min: “Kingdom Come” ƒe Agbalẽa Nana le December Me. Gadzro agbalẽa me nya dodzidzɔnamewo—tanya siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi kple nutata lédziname siwo le axa 4-5, 180-1 la me, eye nàfia alesi woazãe adze dzeɖoɖo gɔme. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ wɔwɔfia kpuie aɖe atsɔ aɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ le anyigba dzi la me. De dzi ƒo na amesiame be wòaxɔ ɖe azã le gbeadzi kwasiɖanuwuwu sia.

Hadzidzi 99 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe