INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 5
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 12
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 19
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 26
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 2/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 5

Hadzidzi 96

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

18 min: “Nutome Gã Takpekpea Na Amekpekpe Ʋãme Aɖe!—Mikafu Yehowa Dzidzɔtɔe Gbesiagbe!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

17 min: “February ƒe Agbalẽnana Ŋudɔwɔwɔ Nyuie.” Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me, eye nàna woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woaxɔ Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ana le gbeadzi le ɣletia me.

Hadzidzi 57 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 12

Hadzidzi 191

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðe gbeƒã kwasiɖanuwuwu gbeadziyiɖoɖowo.

13 min: “Dzra Ðo Ðe Magazinedɔ Wɔwɔ Ŋu le April Me.” Te gbe ɖe viɖe siwo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ŋu le alesi wonaa wosea nyanyuiae dzi. Xlẽ nyatia ƒe memamã evea, eye nàgblɔ nusi miaƒe hamea awɔ be wòana be April nanye ɣleti tɔxɛ hena magazine mamã.

22 min: “Aleke Mawɔ Woaɖo Tom?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na gbeƒãɖela eve nawɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le School Guidebook ƒe axa 165-7, memamã 10-21 me dometɔ aɖewo ŋudɔ atsɔ aɖo dze tso alesi woaɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia geɖe wu ne wole nu ƒom le ʋɔtruwo nui.

Hadzidzi 133 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 19

Hadzidzi 72

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

17 min: Miaƒe nuhiahiãwo. (Alo nuƒo si wotu ɖe October 1, 1995, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 25-8 si ƒe tanyae nye, “Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata ƒe Vevienyenye Ŋu” la dzi.)

20 min: “Tɔtrɔyi be Míatu Ðetsɔleme Ðo ɖe Biblia Me.” Hamemegã kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nadzro Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ƒe akpa aɖewo me kpakple alesi woate ŋu aƒo nu tso wo ŋue. Wɔ ewɔwɔ ŋuti wɔwɔfia ɖeka alo eve. Ðo aɖaŋu le alesi woatu ɖetsɔleme ɖo vaseɖe afisi woate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me.

Hadzidzi 53 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 26

Hadzidzi 28

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

12 min: “Kpɔ Viɖe tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—Akpa 2.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Te gbe ɖe alesi wòhiã be woaxlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbee dzi.

13 min: Dzadzraɖo ɖe Dzeɖonya Siwo Nyɔa Ðetsɔleme Ŋu. Subɔsubɔdɔdzikpɔla alo hamemegã bubu kpakple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nadzro alesi wòɖea vii ne ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ŋuti dzeɖonya siwo me nutoa me tɔwo tsɔ ɖe le le ame si la me. Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka siwo ku ɖe agbagba siwo dzem wole fifia be woakpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔe; alesi srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le dzidzim ɖe edzi kabakabae, ɖevi mabuamewo, alo dɔwɔɖui kpɔkpɔ ƒe sesẽ; alo nyatakaka siwo ku ɖe nusiwo ta ame geɖe megakana ɖe kuxiwo gbɔkpɔnu siwo dunyahelawo kple osɔfowo gblɔna dzi o. Gblɔ mia gbɔ nyadzɔdzɔ yeye aɖe, eye nàdzro alesi woate ŋu awɔ eŋudɔ atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee me.

15 min: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana le March Me. Gblɔ agbalẽa ƒe akpa siwo nyɔa ɖetsɔleme siwo woate ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. (1) He susu yi nɔnɔmetata wɔdɔɖeamedziwo dzi, abe esiwo dze le axa 4-5, 86, 124-5, 188-9 ene. (2) Fia alesi ta ɖesiaɖe wu enu kple numetoto biabiawoe eye nàɖe alesi woate ŋu azã wo atsɔ ana agbalẽae. Míate ŋu abia aƒemenɔla ne adi be yeanya ŋuɖoɖoawo. Tia nyabiabia aɖewo tso esiwo woɖo ɖe axa 11, 22, 61, 149. (3) Zã aɖaka si le axa 102, eye nàɖo aɖaŋu tso alesi woate ŋu awɔ “Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesia ƒe Akpa Aɖewo” ŋudɔ atsɔ atu ɖetsɔleme ɖoe ŋu. (4) Te gbe ɖe alesi wotrɔ asi le agbalẽa ŋu etɔxɛe be woatsɔ awɔ nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔe. Taawo le kpuie, nyatia gɔmesese le bɔbɔe, woyɔ ŋɔŋlɔ siwo wɔa dɔ, eye nyabiase siwo dzroa ame me la ku ɖe nya veviwo ŋu. De dzi ƒo na amesiame be wòana agbalẽa kple taɖodzinu be yeadze nusɔsrɔ̃wo gɔme.

Hadzidzi 151 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe