Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le April kple May me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siaa ƒe nudɔdɔxɔxɔ. June: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. July kple August: Axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe: Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, kple Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? Le afisiwo wòasɔ le la, míate ŋu ana agbalẽ gbadzawo abe Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them? kple Will There Ever Be a World Without War? ene.
◼ Ele be míadze agbagba etɔxɛe akpe amesiwo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe le April 2 lia dzi be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Anyinɔnɔ Mokakamanɔŋui le Dzidzime Gɔglɔ̃ Titina,” si woaƒo le Ŋkuɖodzia ƒe ɣeyiɣi me. Woaƒo nuƒo sia le hame akpa gãtɔ me le April 21 lia dzi.
◼ Ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si de “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpea le dukɔa me godoo enye 126,456, eye ame 2,197 xɔ nyɔnyrɔ̃.
◼ Míegale ŋku ɖom edzi na amesiwo xlẽa memamãawo me le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me be woade dzesii be ele be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ siwo le kpɔtɔtɔ sia [ ] me eye woagati kpo to wo dzi ne wole memamã la xlẽm o. Gake mehiã be woaxlẽ mawunyakpukpui siwo le kpɔtɔtɔ sia ( ) me o. Woagade dzesii be ele be woaxlẽ etenuŋɔŋlɔawo akpe ɖe memamãawo ŋu ne wole Gbetakpɔxɔ xlẽm. Míegblẽe ɖe nuxlẽla la si me be wòaxlẽ etenuŋɔŋlɔa ne wòkpɔ ɣletividzesia teti le memamãa me loo, alo wòaxlẽe le memamã si me ɣletividzesia le xexlẽ vɔ megbe. Gakpe ɖe eŋu la, ne nyatsoƒe, abe le kpɔɖeŋu me, “Kpɔ Insight Babla 1, axa 206” ene koe etenuŋɔŋlɔa fia asii la, mahiã be woaxlẽe o.
◼ Ne kwasiɖa enyi va yi eye nudɔdɔ aɖe mele vavam o la, agbalẽŋlɔla kple nɔvi si kpɔa nudɔdɔwo dzi la nawɔ ɖe afɔɖoƒe si wofia le “How to Handle Subscriptions Properly” (S-AB-11) ƒe memamã 11 lia dzi atsɔ akpɔ kuxia gbɔe.
◼ Míele asi trɔm le ɖoɖo si li hena “Pioneer Service Identification” gbalẽvi yeye xɔxɔ ŋu la ŋu. Tso fifia dzi yina la, Habɔbɔae ana agbalẽvi yeye mɔɖela siwo ʋu, esiwo trɔ woƒe ŋkɔ, esiwo ƒe agbalẽvi bu, alo esi bia be yeaxɔ dɔdasi bubu. Ele be agbalẽŋlɔla la natsɔ agbalẽvi siwo li womezã haɖe o la aƒu gbe. Agbalẽŋlɔla la ade dzesi nyatakaka siwo hiã ku ɖe amesiwo trɔ woƒe ŋkɔ kple esiwo xɔ dɔdasi bubuwo la ɖe ɣletia ƒe “Congregation Report (S-1)” gbalẽvia megbe abe alesi wowɔnɛ ɖaa ene. Ema megbe la, Habɔbɔa atsɔ mɔɖelaawo ƒe agbalẽvi yeyea aɖo ɖe hamea. Zi geɖe la, míaɖo esia ɖa akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe gakɔnta ŋuti nyatakakawo ŋu. Miɖo tɔtrɔ ɖesiaɖe si va la ɖe Habɔbɔa enumake ale be míaƒe agbalẽwo nanɔ pɛpɛpɛ ahanɔ ɖoɖo nu. Azɔ ne mɔɖela aɖe dzudzɔ dɔa alo woxɔ dɔa le esi la, mikpe “S-206” gbalẽvia ɖo atsɔ akpe ɖe dzesidegbalẽvia ŋu aɖo ɖe Habɔbɔa enumake.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gava:
Eŋlisigbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede; Kingdom Melodies Album (go ƒuƒlu si me kasɛt 8 nɔna). Eʋegbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede. Gɛ̃gbe: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede. Twi: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me; Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede.
◼ Agbalẽ Siwo Gali:
Arabgbe: How to Find the Road to Paradise (trakt). Eŋlisigbe: Toɖoɖo Nufiala Gã La; Gbetakpɔxɔ Bablawo—1960 vaseɖe 1980; “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”; Learn to Read and Write; Midzi Kafukafuhawo na Yehowa; (suetɔ). Eʋegbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!