INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/96 axa 5
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 4/96 axa 5

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le January 1 vaseɖe April 22, 1996, ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me la ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Tameɖoɖo si le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ŋue nye be wòadzra ŋutsuwo ɖo be woatia wo. [jv axa 231 mm. 3]

2. Esi dzo nɔ Fia Axaz me ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋu ta la, mesesẽ na via Xizkiya be wòsubɔ Yehowa o. [it-1 axa 61 mm. 13]

3. Togbɔ be woɖe Mose ƒe Sea ɖa hã la, Biblia mena kpeɖodzi aɖeke be Se Ewoawo hã kpe ɖe esiwo woɖe ɖa ŋu o. [rs axa 348 mm. 2]

4. Tenɔnɔ si le mía si le ʋudodo ŋu la nɔ te ɖe atikewɔwɔ me nunya deŋgɔ si le mía si dzi. [jv axa 186 mm. 2]

5. Nubabla si ŋu woƒo nu tsoe le Yeremya 31:​31, 33 la ku ɖe nubabla hena Fiaɖuƒe si Yesu wɔ kple eyomedzela amesiaminawo la ŋu. [si axa 129 mm. 38]

6. Konyifahawo ƒe agbalẽa nye hakpanya atɔ̃, siwo dometɔ ene nye esiwo ƒe nyagbewo kplɔ wo nɔewo ɖo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. [si axa 130 mm. 6]

7. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia zi geɖe​—⁠gake le eƒe nusrɔ̃lawo dome ɖeɖeko. [rs axa 334 mm. 2]

8. Kristotɔ vavãwo yia Mawu ƒe dzudzɔ la me to Kristo ƒe vɔsa la dzixɔxɔse kple wo ɖokui ɖeɖeɖa tso dɔwɔna siwo wobu tsã be megblẽ o me. (Heb. 4:10) [rs axa 350 mm. 1]

9. Nyagbɔgblɔ si wotsɔ kɔ nu mee le Nyaɖeɖefia 20:​5 be “ame kuku mamleawo” siwo gbɔ agbe la, ku ɖe alẽ bubuawo ƒe tsitretsitsi le anyigba dzi ŋu. [rs axa 338 mm. 2–axa 339 mm. 2]

10. Yehowa Ðasefowo kpɔ kakaɖedzi si ŋu vodada mele o be habɔbɔ si me yewole la menye amegbetɔwo tɔ o ke boŋ enye Mawu tɔ eye Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, ye le mɔ fiamee. [jv axa 235 mm. 5]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:

11. Nukae June 1, 1938 ƒe Gbetakpɔxɔ wɔnɛ esime wòzã nyagbe “Habɔbɔa”? [jv axa 219 mm. 2]

12. Nukatae Yehowa Ðasefo siwo le Germania gbe gbɔgblɔ be: “Heil Hitler”? [jv axa 196 mm. 1]

13. Nukae míesrɔ̃na tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ne míexlẽ Konyifahawo ƒe agbalẽa? (Konyi. 3:​22, 23, 32) [si axa 132 mm. 13, 15]

14. Ŋkɔ kae woyɔ na Xezekiel kple Yesu Kristo siaa zi geɖe? [si axa 133 mm. 2]

15. Nukatae susu le eme be woaxɔe ase be amesiwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la ƒe agbe si woava nɔ le etsɔme dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo? (Rom. 6:⁠7) [rs axa 338 mm. 1]

16. Aleke Paulo, Timoteo, kple Tito do ŋusẽ hame siwo wosubɔ lae eye wònye kpɔɖeŋu si woɖo ɖi na dzikpɔla mɔzɔlawo egbea? [jv axa 222 mm. 1]

17. Nukatae míate ŋu agblɔ wòasɔ be nudzɔdzɔ siwo do ƒome kple Kristo ƒe anyinɔnɔ la ayi edzi ƒe geɖe? (Mat. 24:​37-39) [rs axa 341 mm. 1]

18. Dzixɔse si tso alesi King James Version ɖe Romatɔwo 13:1 me kae wɔe be Biblia Nusrɔ̃viawo melé akpaɖekedzimademade me ɖe asi ɣesiaɣi le ƒe 1918 me o? [jv axa 191 mm. 3, 4]

19. Hafi woade asi Versailles ƒe Nubabla te le June 1919 me la, nya kae Kristo Sɔlemeha siwo nɔ Amerika ƒe Takpeha me gblɔ? [jv axa 192 mm. 3]

20. Nukatae womebia tso Kristotɔwo si be woaɖu kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Sabat ŋkeke o? (Rom. 10:⁠4) [rs axa 345 mm. 2, 3]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Ebed-melex tsi tre ɖi na ․․․․․․․․ , amesiwo ta woakpɔ le ․․․․․․․․ me le esi wodze xɔlɔ̃ Kristo nɔvi ․․․․․․․․ eye wokpe ɖe wo ŋu ta. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w82 10/1 axa 27 mm. 11.]

22. Woɖua Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe le ․․․․․․․․ dzi, gake ƒe ․․․․․․․․ me ke hafi wokpe ameha gã la tẽ be woade Ŋkuɖodzia. [jv axa 242 mm. 2, axa 243 mm. 1]

23. Nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yeremya 52:​5-11 la dzɔ le ƒe ․․․․․․․․ D.M.Ŋ. me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 4/1 axa 14 mm. 18.]

24. Esi Nyaɖeɖefia 1:⁠7 gblɔ be le Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ me “ŋku sia ŋku lakpɔe” la, menye ․․․․․․․․ nukpɔkpɔe wòwɔnɛ o, ke boŋ efia susu ƒe ․․․․․․․․ . [rs axa 343 mm. 2]

25. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, meɖe eɖokui fia le ․․․․․․․․ ɖeka me ɣesiaɣi o, ɖewohĩ edi be wòatsi susu me na nusrɔ̃lawo be azɔ yenye ․․․․․․․․ , eyatae eƒe xɔlɔ̃ veviawo ․․․․․․․․ enumake o. [rs axa 334 mm. 5]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Esi Dawid vi (Absalom; Amnon; Amon) mete ŋu ɖu eƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro dzi o ta ena wògblẽ nɔvianyɔnu Tamar. [it-1 axa 96 mm. 3]

27. Wowɔ afɔɖeɖe vevi aɖe be hamea ƒe ɖoɖowɔwɔ nasɔ kple apostoloawo ƒe kpɔɖeŋu le ƒe (1879; 1886; 1895) me esime Nɔviŋutsu Russell ŋlɔ nu tso alesi wòhiã be woatia (mɔɖelawo; hamemegãwo; nɔviawo ƒe subɔlawo) le ƒuƒoƒo (hame) ɖesiaɖe me be woakpɔ alẽha la dzii ŋu. [jv axa 206 mm. 2]

28. Womeɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti sededewo ɖa esi Mose ƒe Sea, si dome Se Ewoawo hã le la va nuwuwu o, elabena le Kristotɔwo ƒe ɖoɖowɔwɔ me la, (nuto ɖesiaɖe aɖo eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo; ele be amesiame ƒe dzitsinya nafia mɔ eɖokui; wogbugbɔ ŋlɔ agbenɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Se Ewoawo me dometɔ geɖe ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me). [rs axa 349 mm. 1]

29. Yehowa ‘ƒo nya ɖe’ Yeremya ‘nu’ to mɔ sia nu be Eyama (ble enu wòɖe gbeƒã tsɔtsrɔ̃gbedasi; na be wòwɔ nusi mate ŋu awɔ kple eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ o; mehe tsɔtsrɔ̃ si ƒe nya Yeremya gblɔ la vɛ o). (Yer. 20:⁠7) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 5/1 axa 31.]

30. Le April 23, 1900 dzi la, woɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdze gbãtɔ ɖe (Australia; England; Germania). [jv axa 210 mm. 3]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Yos. 7:​24, 25; Yer. 23:33; 32:​9, 10; Tim. I, 3:​2, 3, 8; Heb. 10:​23-25

31. Yehowa Ðasefowo dzea agbagba dea woƒe kpekpewo ɣesiaɣi ne nɔnɔmeawo wɔe be esia wɔwɔ sesẽ gɔ̃ hã. [jv axa 236 mm. 1]

32. Tomaɖomaɖo Yehowa kple eɖoɖo koŋ atsyɔ nu vodada gãwo dzi ate ŋu ahe afɔku gãwo vɛ. [it-1 axa 41 mm. 2]

33. Aha muame nono wòagbɔ eme ate ŋu awɔe be nɔviŋutsu aɖe madze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me o. [jv axa 182 mm. 3]

34. Nyagblɔɖigbedasi sẽŋu si nye ʋɔnudɔdrɔ̃ gã si tso Mawu ƒe Nya la me la le gbeƒã ɖem tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Kristodukɔa dzi kpuie. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w94 3/1 axa 12 mm. 18, 20.]

35. Ne èle dɔwɔna ƒe ɖoɖo aɖe wɔm kple hati Yehowa subɔla aɖe la, ɖoɖoa ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ me ate ŋu axe mɔ na masɔmasɔ siwo ate ŋu ado mo ɖa emegbe. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95 5/1 axa 30.]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe