Nyabiaɖaka
◼ Mɔ ka nue míazã nya siwo nye “nɔviŋutsu” kple “nɔvinyɔnu” le wòasɔ?
Nya siwo nye “nɔviŋutsu” kple “nɔvinyɔnu” zazã ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ fia amesiwo nye tɔɖeka-nɔɖeka-viwo. Dzɔdzɔmeƒomedodo sia wɔnɛ be ɖekawɔwɔ si me dzidzɔ le nɔa wo dome, eye hadome, nutome, kple seselelãme ƒe ɖekawɔwɔ si le amesiawo me la gatena wo ɖe wo nɔewo ŋu wu.
Yesu fia eyomedzelawo be woayɔ Yehowa le gbedodoɖa me be “Mía Fofo.” Nya sia zazã fia be mí amesiwo nye Kristotɔwo katã míele ƒome ɖeka si me tɔwo dome gbɔgbɔmeƒomedodo xɔasi aɖe le la me. Yesu gaɖo kpe nya sia dzi esime wògblɔ na eyomedzelawo be “mi katã la nɔviwo mienye.”—Mat. 6:9; 23:8.
Esi gbɔgbɔmeƒomedodo kplikplikpli le mía dome le Mawu ƒe aƒea me ta la, míeyɔa mía nɔewo be “Nɔviŋutsu” kple “Nɔvinyɔnu,” vevietɔ le hame kpekpewo me. Le gbɔgbɔmewɔna siawo wɔƒe la, amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm dea dzesi amesiwo nye nyɔnyrɔ̃xɔlawo to “nɔviŋutsu” alo “nɔvinyɔnu” yɔyɔ kpe ɖe amesi yɔm wole la ƒe tɔgbuiŋkɔ ŋu me.
Ke ne amesi mexɔ nyɔnyrɔ̃ o di be yeaɖo nya ŋu le kpekpea me ya ɖe? Ne amea le ha dem kple Yehowa ƒe amewo ɣeyiɣi aɖe eye wòle adzɔgbeɖeɖe gbɔ ɖom eye wòbua eɖokui Yehowa Ðasefoe la, naneke megblẽ le eŋu ne woyɔ “Nɔviŋutsu” alo “Nɔvinyɔnu” kpe ɖe eƒe tɔgbuiŋkɔ ŋu o. Vevietɔ esia asɔ wu ne amea va zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃.
Gake ɖetsɔlemetɔ siwo dze míaƒe kpekpewo dede nyitsɔ laa la mewɔ afɔɖeɖe siwo ade dzesi wo be wonye Mawu ƒe aƒea me tɔwo haɖe o. Womayɔ amesiawo be “Nɔviŋutsu” alo “Nɔvinyɔnu” o, elabena gbɔgbɔmeƒomedodo si le Mawu ƒe ƒomea me mele wo me o. Eyata le kpekpeawo me la, míayɔ wo alesi woyɔa wo bubutɔe, azã dzesideŋkɔ si sɔ, abe “Aƒetɔ” ene, hekpe ɖe woƒe tɔgbuiŋkɔ ŋu.
“Nɔviŋutsu” kple “nɔvinyɔnu” yɔyɔ le míaƒe hame kpekpewo me fia ɖekawɔwɔ si le kplikplikpli eye wòxɔ asi wu esi le dzigbeŋkɔwo yɔyɔ ŋu. Eɖoa ŋku gbɔgbɔmeƒome si me míele ƒe ƒomedodo si dzi Fofo ɖeka, Yehowa Mawu, ƒe yayra le dzi na mí. Eɖoa ŋku lɔlɔ̃ kple seselelãme deto si le mía me na mía nɔewo hã dzi na mí.—Ef. 2:19; Pet. I, 3:8.