INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/00 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpa 7—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Do Nuteƒewɔwɔ Ƒe Asiwo Ðe Dzi Le Gbedodoɖa me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 6/00 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Amekae dze ado gbe ɖa le hame ƒe kpekpewo me?

Gbedodoɖa le hamea me nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Ame bubuwo teƒe nɔnɔ ado gbe ɖa na Yehowa nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi kple agbanɔamedzi kpekpe aɖe. Le eƒe vevienyenye ta la, ele be hamemegãwo nazã nuŋububu nyuie ne wole tame bum tso nɔvi siwo dze ado gbe ɖa le kpekpeawo me ŋu. Ele be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo anɔ hamea teƒe ado gbe ɖa nanye Kristotɔ tsitsi siwo wonya be woɖoa kpɔɖeŋu nyui eye bubu le wo ŋu le hamea me. Ele be woƒe gbedodoɖa si me mawuvɔvɔ̃ kple bubu dze le naɖe ƒomedodo nyui si le wo kple Yehowa Mawu dome afia. Nyati si nye “Gbedodoɖa Ðokuibɔbɔtɔe le Ame Bubuwo Ŋku Me” si dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si nye May 15, 1986, ƒo nu tso gɔmeɖose vevi siwo akpe ɖe mía ŋu vevietɔ amesiwo nɔa hamea teƒe doa gbe ɖa le dutoƒo la ŋu.

Mele be hamemegãwo naɖe mɔ nɔviŋutsu siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu nya ku ɖo alo nɔa ɖekematsɔlemegbe nado gbe ɖa o. Mele be woatia nɔviŋutsu si lɔ̃a nyatoƒoetoto alo dina be yeazã gbedodoɖa le dutoƒo atsɔ aƒo nu tso masɔmasɔ aɖe siwo do mo ɖa le eya kple ame bubu dome ŋu o. (Tim. I, 2:8) Togbɔ be nɔviŋutsu ƒewuivi aɖe ate ŋu anye nyɔnyrɔxɔla hã la, ele be hamemegãwo nakpɔe ɖa be esu te le gbɔgbɔ me ate ŋu anɔ hamea teƒe ado gbe ɖa hã.—Dɔw. 16:1, 2.

Ete ŋu va hiãna le kpekpe hena gbeadziyiyi wɔɣi ɣeaɖewoɣi be nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ aɖe nado gbe ɖa ne nɔviŋutsu siwo dze dometɔ aɖeke meli adoe ɖa le ƒuƒoƒoa me o. Ele nɛ be wòabla ta alesi dze. Ne wòdze abe nɔviŋutsu siwo dze dometɔ aɖeke manɔ kpekpe siwo ku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dometɔ aɖe me o la, ele be hamemegãwo nade dɔ asi na nɔvinyɔnu si dze be wòaxɔ ŋgɔ.

Enye nusi bɔ be Dutoƒo Kpekpea ƒe zimenɔla nado gbe ɖa atsɔ aʋu kpekpea nui. Gake le hame ƒe kpekpe bubuwo me la, ne nɔviŋutsu bibi geɖe li la, nɔviŋutsu si aʋu kpekpea nu alo awu enu ate ŋu ayɔ ame bubu be wòado gbe ɖa le kpekpea gɔmedzedze alo eƒe nuwuwu. Aleke ke wòɖale o, ele be woana nɔviŋutsu si woayɔ wòado gbe ɖa le hame ƒe kpekpe aɖe me nanya do ŋgɔ ale be wòate ŋu ade ŋugble le nya siwo wòagblɔ ŋu do ŋgɔ. Esia ana wòate ŋu ado gbe si tso dzime ɖa wòazɔ tẽ ahasɔ na kpekpea.

Mele be gbe siawo nadidi o. Ne nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa le dutoƒo la, zi geɖe woase eƒe nyawo gɔme wu ne etsi tre, heƒo nu kple gbe si amesiame ate ŋu ase eye wòƒo nu eme kɔ nyuie. Esia awɔe be amesiwo katã kpe ta ase gbedodoɖa la eye woagblɔ “Amen!” si tso dzime le gbedodoɖa la ƒe nuwuwu.—Kron. I, 16:36; Kor. I, 14:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe