INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena June

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena June
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme June 3
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme June 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme June 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme June 24
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 6/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena June

Kwasiɖa si Dze Egɔme June 3

Hadzidzi 148

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ðe gbeƒã “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” hã. Ne mienya ŋkeke si dzi woawɔ takpekpe si gbɔna la, miɖe gbeƒãe. De dzi ƒo na amesiame be wòayi. Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea siaa ƒe ɣleti sia ɣleti gbeadzi subɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu ŋu. De dzesi Ghana ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye eye nàkafu nɔviwo ɖe woƒe kutrikuku ta. De dzi ƒo na amesiame be wòabu akɔnta kaba ɣleti sia ɣleti ale be agbɔsɔsɔ yeyewo nanɔ tsyatsyam ɖe enu.

13 min: “Misrɔ̃ Woƒe Xɔse.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro xɔse ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu woƒo nu tsoe le aɖaka si le Gbetakpɔxɔ, September 15, 1991 ƒe axa 13 me. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve ne woagblɔ nusi kpe ɖe wo ŋu wote ŋu yi edzi le woƒe Fiaɖuƒedɔ wɔm ɣesiaɣi ƒe geɖee nye siae.

20 min: “Alesi Míakaka Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.” (Memamã 1-3) Dzro memamã 1 me. (Ƒo nu tso nya siwo le Gbetakpɔxɔ, January 15, 1996 ƒe axa 12-13, memamã 11-12 ha ŋu.) Ðe eme be ɖe wotrɔ asi le ɖoɖo yeye si nu Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa megbetɔ le la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míate ŋu adzra ɖo nyuie ɖe tɔtrɔyiwo ŋu. Esi wònyo zi geɖe be míatrɔ ayi le ŋkeke ɖeka alo eve megbe tsɔ wu be míalala ɣeyiɣi didi aɖe ta la, míadzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo le aƒeme yi aƒeme kple tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu me le Subɔsubɔkpekpe ma ke me. Dzro memamã 2 kple 3 me kpuie eye ɖesiaɖe ƒe wɔwɔfia nakplɔe ɖo. Míadzro dzeɖonya susɔe siwo le nyatia me la me le Subɔsubɔkpekpe eve siwo akplɔe ɖo me.

Hadzidzi 143 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme June 10

Hadzidzi 63

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

8 min: Hehenana Ðeviwo le Gbeadzi. Hamemegã ƒe nuƒo. Ele be mía viwo nanɔ dɔ wɔm kple mí le subɔsubɔa me tso woƒe ɖevime ke. Hehe kple nuteƒekpɔkpɔ si asu wo si la anye gɔmeɖoanyi sesẽ na woƒe xɔse kple veviedodo le tsitsime. Ele vevie be woase alesi wòhiã be woabu subɔsubɔdɔa dɔ vevii eye be woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie. Ele be ɖeviwo natsri nuwɔwɔ gbodogbodo; gbeƒãɖeɣi menye fefeɣi o. Anyo wu ne wowɔ dɔ kple ame tsitsiwo. Ele be woakpe ɖe wo ŋu woaɖe gbeƒã le woƒe ŋutetewo nu. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ September 1, 1988, axa 25, memamã 20.) Enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woakpɔ wo dzi; mele be woana ɖeviwo nayi kpekpewo hena gbeadziyiyi esi manɔ ame tsitsi aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te o. Kafu ɖeviwo ne wodze agbagba.

10 min: “Alesi Míakaka Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.” (Memamã 4-5) Ne ègblɔ ŋgɔdonya kpui aɖewo vɔ megbe la, na woawɔ dzeɖonya siwo woazã le yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi me siwo le memamã 4 kple 5 me ƒe wɔwɔfiawo. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woatrɔ ayi amesiwo katã wona Sidzedze-gbalẽa gbɔ kaba.

22 min: “Ƒe 1996 ‘Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo’ Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe.” Agbalẽŋlɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee. Le akpa si nye Miwɔ Nu Aduadu Kpli Mí te la, te gbe ɖe edzi be Biblia me gɔmeɖose siwo nye anukwareɖiɖi, toɖoɖo, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me lɔlɔ̃tɔe, kple nu bubuawo wɔa dɔ le afisiafi si míedze. Tu dzodzro ɖe Bolgatanga takpekpea yiyi ŋu ɖo.

Hadzidzi 28 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme June 17

Hadzidzi 157

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

18 min: “Dzeɖoɖo Xɔlɔ̃wɔwɔtɔe Ate Ŋu Ade Dzi Gbɔ na Amewo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Kpe gbeƒãɖela ɖeka alo eve ne woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo fia alesi woxɔ wo nyuie esime woɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia.

22 min: “Alesi Míakaka Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.” (Memamã 6-7) Te gbe ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ƒe taɖodzinu dzi: Tu ɖetsɔleme ɖo, dze nusɔsrɔ̃ gɔme, wɔ ɖoɖo koŋ nàtrɔ ayi. Ne èdzro dzeɖonya siwo le memamã 6 kple 7 me kpuie vɔ la, na woawɔ ɖesiaɖe ƒe wɔwɔfia wòaɖe alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔmee afia. Xlẽ Gbetakpɔxɔ January 15, 1996, axa 14 memamã 17.

Hadzidzi 211 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme June 24

Hadzidzi 6

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ ɖoɖo siwo miewɔ ɖe gbeadziyiyi ŋu le kwasiɖa me fia.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. (Alo ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Wɔ Nyateƒenya la Ŋudɔ Pɛpɛpɛ” si wotu ɖe Gbetakpɔxɔ January 1, 1996 ƒe axa 29-31 dzi.)

20 min: “Kpe Ðe Wo Ŋu be Woagava Subɔ.” Hamemegã ƒe nuƒo kple numedzodzro. Ðo aɖaŋu be woatsɔ Gbetakpɔxɔ August 1, 1992 me nyati si nye “Mitrɔ ɖe Ŋunye, Ekema Nye Hã Matrɔ ɖe Mia Ŋu” la ade dzi ƒo na amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Ƒo nu le nyati veviawo dometɔ aɖewo ŋu.

Hadzidzi 71 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe