INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 1
  • Miɖo Kpɔɖeŋu Le Nuƒoƒo Kple Agbenɔnɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miɖo Kpɔɖeŋu Le Nuƒoƒo Kple Agbenɔnɔ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Nɔnɔme Nyui Ðeɖe Fia Le Veviea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Mifia Mia Viwo Be Woade Bubu Amewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 1

Miɖo Kpɔɖeŋu Le Nuƒoƒo Kple Agbenɔnɔ Me

1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be wòanye kpɔɖeŋu le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me. (Tim. I, 4:12) Ele be míawo hã míaɖo kpɔɖeŋu le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me, vevietɔ ne míele subɔsubɔdɔa wɔm, elabena ema wɔwɔ ate ŋu afia ne míeɖoa amesiwo míedoa goe ƒe dzi gbɔ alo míeɖoa egbɔ o.

2 Ele be míaɖe nɔnɔme nyui ɖesiaɖe afia, si ƒe ɖewoe nye ʋuɖɔɖɔ, ameŋububu, dɔmenyonyo, nudzeamewɔwɔ, kple ŋuɖɔɖɔɖo. Ne nɔnɔme siawo dzena le mía ŋu la, míeɖenɛ fiana be míenya alesi míaƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe seselelãme dzii. Míate ŋu atsɔ nɔnɔme nyui ɖeɖefia le subɔsubɔdɔa me asɔ kple nuɖuɖuvivinu siwo wotsɔ ɖaa nu wòvivina ɖe edzii. Nusiawo manɔmee la, nuɖuɖu nyui mavivi ahadzro ame o. Nenema ke wòate ŋu anɔ ne míeɖe nɔnɔme nyuiwo fia le míaƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me o.—Kol. 4:6.

3 Ðo Kpɔɖeŋu le Nuƒoƒo Me: Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nukomoɖoɖo kple gbedoname vividoɖeameŋutɔe hiã ne míele nyanyuia gblɔm. Ne míetsɔ vividodoɖeameŋu kple anukwareɖiɖi gblɔ míaƒe ŋgɔdonyae la, míenaa aƒemenɔla nyana be míetsɔ ɖe le ye me vevie. Ne ele nu ƒom la, ɖo to nyuie eye nàde bubu si sɔ la eƒe nukpɔsusu ŋu. Ne wòe le nu ƒom la, ƒo nu le ŋuɖɔɖo kple amenuveve me.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 6:8.

4 Ɣeaɖewoɣi la, míedoa go amesiwo mekɔa mo ɖe ame o, alo gedilawo gɔ̃ hã. Aleke wòle be míawɔ nui? Petro ƒoe ɖe mía nu be míaƒo nu le “dɔmefafa [kple bubu deto, NW]” me. (Pet. I, 3:15; Rom. 12:17, 18) Yesu gblɔ be ne aƒemenɔla aɖe tsɔ ʋumaɖɔmaɖɔ gbe Fiaɖuƒegbedasia la, ‘míaʋuʋu ke le míaƒe afɔwo ŋuti’ ko. (Mat. 10:14) Ne míeɖe nɔnɔme nyui siwo nye kpɔɖeŋu fia le nɔnɔme siawo me la, ate ŋu ana tsitretsiɖeŋula la ƒe dzi nafa mlɔeba.

5 Ðo Kpɔɖeŋu le Agbenɔnɔ Me: Gbeƒãɖeɖe nyanyuia le ablɔ siwo dzi ame geɖe tona kple le dugbadza dzi bia be míabu ame ŋu, mele be míado aƒa alo ate tɔ ɖe nya dzi o, eye mele be míagaxe mɔ na amesiwo va yina o. Ne míeyi ɖetsɔlemetɔwo ƒe aƒeme la, ele be míawɔ nu ɖe ɖoɖo nu ahawɔ nu wòasɔ atsɔ aɖee afia be amedzro nyuiwoe míenye, eye míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe woƒe amedzrowɔwɔ ŋu. Ele be ɖevi ɖesiaɖe si anɔ mía ŋu nabu aƒemenɔla kple eƒe nunɔamesiwo ŋu eye woaɖɔ ŋu ɖo ahaɖo to ne míele dze ɖom. Ne ɖeviawo wɔa nugbenugbe la, ana woabu susu gbegblẽwo ɖe mía ŋu.—Lod. 29:15.

6 Ele be míaƒe dzedzeme nana wòadze ƒã na ame bubuwo be Mawu ƒe Nya ƒe dɔlawoe míenye. Le míaƒe awudodo kple lekewɔwɔ gome la, mele be míaƒo ɖi eye míadzra ɖo ɖewoɖewoe alo míadzra ɖo wòagbɔ eme akpa wòatɔ ŋku o. Ele be míaƒe dzedzeme nadze nyanyui la ɣesiaɣi. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:27.) Ne míeléa ŋku ɖe míaƒe dzedzeme kple nuzazãwo ŋu nyuie la, míanye nukikli na ame bubuwo alo be woakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu o. (Kor. II, 6:3, 4) Míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ si nye kpɔɖeŋu ana Fiaɖuƒegbedasia nadzro amewo wu, wòanye bubu na Yehowa.—Pet. I, 2:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe