INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 2
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 9
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 16
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 23
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 30
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 2

Hadzidzi 98

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. May Subɔsubɔ ƒe Akɔntabubu. He susu yi agbɔsɔsɔ yeye gbogbotɔ kekeake kple alesi wòhiã be woabu gbedzidede ƒe akɔnta kabae la dzi. De dzi ƒo na amesiame, vevietɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo be woadzro October 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati si nye “Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la Sɔsrɔ̃” me. Te gbe ɖe nyatia me nya veviawo dzi.

15 min: “Mizɔ le Xɔse Me.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

18 min: “Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi.” Tsɔ memamã 1 me nyawo wɔ ŋgɔdonyae. Ðe eme be míate ŋu ana Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ɖe Creation-gbalẽa teƒe. Emegbe dzro nyatia ƒe memamã 2-5 ko me. Na woawɔ wɔwɔfia siwo ŋu wodzra ɖo nyuie bene woafia alesi míana Creation-gbalẽa, awɔ tɔtrɔyi, eye míadze nusɔsrɔ̃ le Sidzedze-gbalẽa me gɔmee.

Hadzidzi 48 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 9

Hadzidzi 18

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro “Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒea” me.

18 min: To Hamea ƒe ƒe 1996 Subɔsubɔƒe ƒe Akɔntabubu Me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo tuameɖo si ʋãa ame. (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 100-1.) Ƒo nu le nusiwo me hamea dze agbagba le ŋu, eye nàkafu wo. Gblɔ alesi gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe dɔwɔna na dɔa yi ŋgɔ nyuie le mia gbɔ ŋu nyawo. Yɔ kpekpewo valawo ƒe akɔntabubu, nàte gbe ɖe kpekpewo dede ɣesiaɣi ƒe vevienyenye dzi. Gblɔ taɖodzinu nyui siwo hamea ate ŋu adze agbagba be yewoaɖo wo gbɔ le ƒe si gbɔna me.

15 min: “Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi.” Dzro memamã 6-8 ɖeɖeko me, eye nàna woawɔ fiase me yi fiase me ƒe dzeɖonyawo ƒe wɔwɔfia le yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi siaa me. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ tɔtrɔyiwo kaba.

Hadzidzi 123 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 16

Hadzidzi 10

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ nu nyui siwo do tso video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name zazã tsɔ he ɖetsɔlemetɔwo ƒe susu ɖe habɔbɔa ŋu me. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ ɖeka alo eve kpuie tso October 1, 1992, Gbetakpɔxɔ, axa 30-1 me.

15 min: “Miɖo Kpɔɖeŋu le Nuƒoƒo Kple Agbenɔnɔ Me.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

15 min: Kristotɔ ƒe Agbenɔnɔ le Suku. Vifofo naƒo nu na via ŋutsu alo nyɔnu agblɔ mɔ̃tetre vɔ̃ɖi siwo le suku nɛ; nete gbe ɖe alesi wòle vevie be wòakpɔ nyuie le hadedewo ŋu eye wòaƒo asa na nuwɔna siwo ŋu nya ku ɖo. Nedzro aɖaka si le Sukudede-gbalẽ gbadza ƒe axa 24 me nyawo me eye neɖe nusita wòhiã be Ðasefo naɖo kpɔɖeŋu nyui me. Vifofoa nagblɔ tetekpɔ aɖewo siwo le atike vɔ̃ɖiwo nono, gbeɖoɖoɖi, hadomekpekpewo dede, alo gomekpɔkpɔ le kamedefefewo me; woadzro alesi woaƒo asa na kuxiwo me. Vifofoa nade dzi ƒo na sɔhɛa be ne kuxiwo le fu ɖem nɛ la, megahe ɖe megbe le egbɔgblɔ na ye me o—edi be yeanya ale be yeakpe ɖe eŋu.

Hadzidzi 32 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 23

Hadzidzi 24

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. “Minɔ Ðekawɔwɔ Dzi, Esi Mienye Kristotɔ Madeakpaɖekedziwo Ta.” Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe October 1992, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 7 lia dzi. Dzro nya siwo gbɔna me: Nyateƒe Kristotɔwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o. (Yak. 1:27; Yoh. 17:16) Nusi akpaɖekedzimademade fia. (Reasoning-gbalẽa, axa 269) Togbɔ be nyateƒe Kristotɔwo medea nu nusiwo ame bubuwo wɔna me o hã la, womedina be woada akɔ na yewo alo woadae na amewo be woaxɔ dunyahehe ƒe ɖoƒewo o. Womenɔa dunyahehawo me o. (Yoh. 6:15; 18:36) Nusita wowɔa nu alea. (Yoh. I, 5:19; Yak. 4:4) Gake wotsɔa nukpɔsusu nyui kpea asi ɖe nuto si me wole ŋu to adzɔwo xexe, gomekpɔkpɔ le dɔwɔna siwo doa nutoa me ɖe ŋgɔ me, kple agbenyuinɔnɔ le afisiafi si wole la me. Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nyateƒe Kristotɔwo kpɔa mɔ na. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 21:3-5) Eyata wokpena ɖe woƒe aƒelikawo ŋu be woazɔ agbemɔa dzi. (Tim. I, 4:8; Yoh. 3:16) Agbemɔ sia dzi zɔzɔ naa nyateƒe Kristotɔwo wɔa ɖeka eye womedea akpa aɖeke dzi le xexe si me mã me o.—Kor. I, 1:10; Pet. I, 4:8.

13 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo nuƒo si wotu ɖe “Kpɔ Nu Yi Ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!” si le February 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 27-9 dzi.

20 min: “Ðe Gbeƒã Nyanyuia le Afisiafi.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro memamã 1-15 ko me. Xlẽ memamã 3 kple 5. Gblɔ amesiwo kpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖi le mɔdodowo dzi alo le ʋu me ƒe nuteƒekpɔkpɔwo hã.

Hadzidzi 215 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 30

Hadzidzi 171

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro Nyabiaɖaka me.

20 min: “Ðe Gbeƒã Nyanyuia le Afisiafi.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro memamã 16-35 me. Fia alesi miate ŋu azã aɖaŋuɖoɖoawo le mia gbɔe me. Wɔ memamã 23-5 ƒe wɔwɔfiawo. Xlẽ memamã 34-5.

13 min: Dzro October ƒe Agbalẽnunana Me. Míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ƒe nudɔdɔwo. Míate ŋu ana Sidzedze-gbalẽa ne míetrɔ yi. Dzro nya vovovowo me, abe: (1) Tameɖoɖo si ta wotaa magazineawo, abe alesi wogblɔe ɖe axa gbãtɔwoe ene. (2) Wotaa wo ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me, eye wòna Biblia me sidzedze bɔ ɖe xexeame godoo. (3) Wotrɔ asi le Gbetakpɔxɔ ŋu na ame ŋutɔ, ƒome, kple ƒuƒoƒo ƒe nusɔsrɔ̃. (4) Subɔsubɔha vovovo me tɔwo xlẽa wo. (5) Mía ŋutɔwo míatsɔ tata yeye siwo gava la ayi na amesiwo di tututu be yewoaxlẽ wo. (6) Wotrɔ asi le wo ŋu koŋ na amesiwo mevo o. (7) Wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme tso ƒe 1879 me ke; Nyɔ! tso ƒe 1919 me ke. Tsɔ nya si exlẽla si kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu gblɔ la wu enui.—Kpɔ April 15, 1986, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 32.

Hadzidzi 3 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe