INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼Agbalẽ siwo míana le September me: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? Miate ŋu ana Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe esia teƒe. October: Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. November: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe atrɔ ayi amesiwo xɔe gbɔ kple susua be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. December: New World Translation kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa.

◼ Ele be dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le September 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ.

◼ Ele be gbeƒãɖela siwo le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le October me la natsɔ woƒe dɔbiagbelẽviwo ana kaba. Esia ana hamemegãwo nawɔ ɖoɖo siwo hiã ɖe magazinewo, agbalẽwo, kple anyigbamamã ŋu.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo le April 15, 1991, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 21-3 ku ɖe amesi woɖe le hamea me alo amesi ɖe eɖokui le hamea me si le didim be woagaxɔ ye la dzi.

◼ Míele asi trɔm le Watchtower Publications And Cost List yeye ŋu, eye míaɖo ene ɖe hame ɖesiaɖe. Ele be woamã wo na agbalẽŋlɔla kple nɔvi siwo kpɔa agbalẽ, magazine, kple gakɔnta dzi.

◼ Woawɔ ƒe 1996 “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe le Nzemagbe me le Bawia si te ɖe Aiyinasi ŋu, ke menye le Axim abe alesi míeɖe gbeƒãe do ŋgɔ ene o. Taflatse ele be woaɖo Xɔbiagbalẽviwo kple lɛta bubu siwo ku ɖe takpekpea ŋu la ɖe: Watch Tower Convention, Box 5, AIYINASI via AXIM.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li: Eʋegbe: Wò Fiaɖuƒe Nava; Gɛgbe: Wò Fiaɖuƒe Nava; Twi: Wò Fiaɖuƒe Nava

◼ Agbalẽ Siwo Gava: Eŋlisigbe: Comprehensive Concordance, Watchtower Bablawo—ƒe 1956 vaseɖe 1958; Eʋegbe: Ame Vevitɔ, Agbe Tegbee (suetɔ); Gɛgbe: Agbe Tegbee (suetɔ); Twi: Ame Vevitɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe