INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 3-6
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ðetsɔlemetɔwo Didi to Ablɔdziɖaseɖiɖi Nyui Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Alesi Míaɖe Gbeƒã le Fiasewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 3-6

Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi

1 Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒã nyanyuia le afisiafi. Dzo nɔ wo me ɖe eŋu ale gbegbe be le Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi ƒe ƒe 30 ko me la, “woɖe gbeƒã” Fiaɖuƒe gbedasia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kol. 1:23.

2 Taɖodzinu ma kee le Yehowa subɔla siwo me dzo le egbea hã si—be yewoatsɔ Fiaɖuƒe nyanyuia aɖo amesiame si yewoate ŋui gbɔ. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu sia gbɔ? Ame geɖe wu tsɔ ɣeyiɣiawo katã le woƒe dɔwɔɖuiwo wɔmee eye womenɔa aƒeme ne míeyi wo gbɔ o. Ne menye dɔ wɔm wole o la, ke ɖewohĩ wozɔ mɔ, woyi nuƒleƒe, alo wole modzaka ɖem. Aleke míele ewɔmee be Fiaɖuƒe gbedasia le amesiwo dze le wo dome la gbɔ ɖom?—Mat. 10:11.

3 Míeyia ame aɖewo gbɔ le woƒe dɔwɔƒewo. Le duviwo gɔ̃ hã me la, nudzraƒewo nɔa anyi si ame geɖe nɔna ŋkekea ƒe akpa gãtɔ. Le dugãwo me la, wole ɖase ɖim na amesiwo wɔa dɔ le adzɔnuwɔƒewo alo le dɔwɔƒe siwo nye dziƒoxɔ kɔkɔwo dzi kple amesiwo ƒe aƒeme nye teƒe siwo ŋu kpovitɔwo dzɔna—le wo dometɔ geɖe gome la, emae nyea woƒe nyaa sese zi gbãtɔ. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míekpɔ be ame aɖewo siwo gbɔ míede esime wole ɖiɖim ɖe eme le modzakaɖebɔwo me, modzakaɖeƒewo, mɔzɔlawo ƒe dzeƒewo, alo mɔkekeɖuƒewo alo esime wole lalam le ʋudaɖoƒewo alo le nudzraƒewo la kpɔ dzidzɔ ɖe nyanyuia ŋu.

4 Gbeƒãɖela geɖe wu le agbagba dzem etɔxɛe be yewoaɖi ɖase le teƒe siwo ame geɖe nɔna, afisiafi si woanya kpɔ amewo le ko. Gbã la, mekɔ lãme na Ðasefo siawo tututu o eye vɔvɔ̃ vi aɖe hã nɔ wo me le esi alesi míeɖea gbeƒãe ɖaa, abe tso aƒeme yi aƒeme ene, ye mã wo ta. Aleke wosena le wo ɖokui me fifia?

5 Nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖe gblɔ dzidzɔtɔe be: “Egade agbe yeye nye subɔsubɔdɔa me!” Bubu gblɔ be: “Ena nye susu katã le dɔa ŋu.” Mɔɖela tsitsi aɖe gblɔ be: “Edo ŋusẽm le susu, ŋutilã, kple gbɔgbɔ me, . . . eye nye ŋutetewo gale dzidzim ɖe edzi.” Gbeƒãɖela aɖe kpɔe be fifia yele amesiwo kple Yehowa Ðasefowo womeɖo dze kpɔ o dometɔ geɖe gbɔ ɖom. Ðeviwo hã le dɔ dodzidzɔname sia wɔm dzonɔamemetɔe. Ale ɖevi aɖe gblɔe nye si: “Àse vivi nɛ elabena àkpɔ ame geɖe ŋutɔ si nàɖi ɖase na!” Bubu gblɔ be: “Fifia menaa agbalẽ geɖe wu tsã!” Nusiawo katã le dzɔdzɔm le anyigbamamã siwo wokpe ɖo zi gbɔ zi geɖe me.

6 Dzikpɔla Mɔzɔlawo Le Ŋgɔ Xɔm: Esi Habɔbɔa kpɔe be ‘nuwo ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm le xexeame’ la, eɖo aɖaŋu be dzikpɔla mɔzɔlawo nanɔ woƒe gbeadziyiɖoɖowo trɔm kwasiɖa aɖewo ale be woate ŋu atsɔ nyanyuia ayi na ame gbogbotɔ kekeake si woate ŋui. (Kor. I, 7:31) Ƒe geɖe enye esia la, nutome sue dzikpɔlawo ɖoa ŋdiwo me ɖi na aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ, eye wowɔa tɔtrɔyiwo kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo le ɣetrɔwo me. Ðoɖo ma aganɔ vi ɖem le teƒe aɖewo. Le teƒe bubuwo la, womawɔ dɔ boo aɖeke ne wowɔ aƒeme yi aƒeme dɔa le kwasiɖaŋkeke aɖewo ƒe ŋdi me o. Ne ele nenema la, dzikpɔla mɔzɔla la ate ŋu atso nya me be yewoawɔ fiase me yi fiase me dɔ alo ablɔdziɖaseɖiɖidɔ le ŋdi me. Alo ate ŋu awɔ ɖoɖo be ƒuƒoƒo suewo naɖi ɖase le dɔwɔƒe siwo le dziƒoxɔ kɔkɔwo dzi, nudzraƒewo, ʋudaɖoƒewo, alo teƒe bubu siwo amewo sɔa gbɔ ɖo. Ne gbeƒãɖelawo zã gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe ɣeyiɣia nyuie wu la, míate ŋu ake ɖe ame geɖe wu ŋu.

7 Nyatakaka siwo tso dukɔ bubuwo me fia be dzikpɔla mɔzɔlawo kple gbeƒãɖelawo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe tɔtrɔ sia ŋu. Hamemegãwo ƒe ha geɖe bia tso nutome sue dzikpɔla la si be wòana hehe yewoƒe gbeƒãɖela ʋee aɖewo le dɔa ƒe akpa si hiã ŋkuléleɖeŋu le yewo gbɔ la me. Ekpe ɖe gbeƒãɖela siawo ŋu be woazɔ kple dzikpɔla mɔzɔla la le dɔ siawo dometɔ ɖeka wɔwɔ me. Woawo hã va na hehe ame bubuwo. (Tim. II, 2:2) Esia na be wole nyanyuia tsɔm yi na ame geɖe wu.

8 Gake mehiã be nànɔ nutome sue dzikpɔla ƒe vava lalam hafi azã gbeƒãɖeɖemɔnu siawo kpɔ o. Aɖaŋuɖoɖo vovovo siwo ate ŋu asɔ na miaƒe anyigbamamã ƒe ɖewoe nye si:

9 Ablɔdziɖaseɖiɖi: Ne míeyi amenɔƒe siwo amewo mele wo ƒeme o le kwasiɖaŋkeke ƒe ŋdiwo la, ɣeaɖewoɣi míebiana be ‘afikae amesiame yi alea?’ Míakpɔ be wo dometɔ aɖewo do yi nanewo wɔƒe alo nuƒleƒe. Èdze agbagba kpɔ be yeaɖo wo gbɔ to ablɔdziɖaseɖiɖi mea? Ne míewɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia nyuie la, ate ŋu atse ku geɖe. Le esi nàtɔ ɖe teƒe ɖeka kple magazineawo teƒe la, nu nyuitɔe nye be nàte ɖe amewo ŋu aɖo dze kple wo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Mehiã be nàɖi ɖase na amesiame si tso eme va yina o. Ƒo nu na amesiwo mele kplakplakpla dzi o, abe amesiwo le tsatsam be yewoabia nuwo ƒe asi ta ase, amesiwo le ʋu siwo wotɔ ɖi me, alo amesiwo le ʋu dzɔm ene. Gbã la, àte ŋu ado gbe na amea xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ko eye nàkpɔ alesi wòaxɔ gbea na wòe ɖa. Ne amea di be yeaƒo nu la, ke bia eƒe susu le nyati aɖe si nèkpɔ be ado vivi ɖe eŋu la ŋu.

10 Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpe gbeƒãɖela ade be woakpe ɖe ye kple ye srɔ̃ ŋu le ablɔdziɖaseɖiɖi me. Vi kawoe wòɖe? Eka nya ta be: “Míese vivi na dɔa ŋdi ma ŋutɔ! Míedo go amesiwo mele aƒeme o ƒe kuxi aɖeke o. Míena magazine 80 kple trakt gbogbo aɖewo. Míeɖo dze wɔdɔɖeamedzi geɖewo. Gbeƒãɖelawo dometɔ ɖeka si gbemagbee nye zi gbãtɔ si wòawɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔ kpɔ la gblɔ dzidzɔtɔe be: ‘Ƒe geɖe enye sia si mele nyateƒea me gake nyemenya nusi nɔ ŋunye tom o!’ Kaka kwasiɖaa nawu enu la, hamea ƒe magazine siwo li kɔ ɖi la vɔ.”

11 Esi dzikpɔla mɔzɔla ma ke nɔ hame bubu subɔm la, ese be gbeƒãɖela geɖe wɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔa gbeɖeka ŋdikanya gake womete ŋu wɔ dɔ boo aɖeke o. Ame eve pɛ koe nɔvinyɔnu aɖe ƒo nu na le eƒe ɖaseɖiɣia katã, elabena ame bubu ɖesiaɖe si wòakpɔ la nɔ yɔyɔm yina ɖe dɔ me. Dzikpɔla mɔzɔla la do susu ɖa be yewo katã yewoagatrɔ ayi mɔ ma ke dzi esime ŋu ke ɖe edzi vie wu. Wogbugbɔ yi, eye wonɔ anyi kaka ga 12 ƒo. Nɔvinyɔnu si ɖo dze kple ame eve ko esime ŋu meke nyuie o la wɔ dɔ geɖe wu esi wòtrɔ yi. Ena magazine 31 kple agbalẽ gbadza 15, exɔ ame adre ƒe ŋkɔ kple woƒe adrɛswo, eye wòdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ eve gɔme! Ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo hã ƒe dɔ tse ku dedziƒoname mawo tɔgbe ke.

12 Ne èkpɔ ame aɖe si tsɔ ɖe le eme la, dze agbagba nàxɔ amea ƒe ŋkɔ, adrɛs, kple telefon xexlẽdzesi. Le esi nàbia nusiawo amea tẽ teƒe la, àte ŋu agblɔ be: “Mese vivi na dzeɖoɖo sia ŋutɔ. Ðe míagate ŋu akpɔ mɔnu aɖe ayi edzi ɣebubuɣia?” Alo bia be: “Ðe mɔnu aɖe li si mato anya aƒewòmea?” Ame geɖe siwo wobia nya siawoe la lɔ̃ be woatrɔ va yewo gbɔ. Kpɔ egbɔ be yehe woƒe susu yi hamea ƒe kpekpeawo dzii.

13 Ne ɖetsɔlemetɔ aɖe si le hame bubu ƒe anyigbamamã mee amesi nèƒo nu na nye la, ke ele be nàɖo nyatakakaawo ɖe hame ma ale be nɔviawo nate ŋu atrɔ ayi amea gbɔ. Ðe ablɔdziɖaseɖiɖi anye mɔnu si tsea ku woatsɔ akaka nyanyuia le miaƒe nutoa mea? Ne nenemae la, ke to nyati si nye “Ðetsɔlemetɔwo Didi to Ablɔdziɖaseɖiɖi Nyui Me” si le July 1994 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me. Emegbe wɔ ɖoɖo nàwɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔa le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi si asɔ si me nàtu ame akpa gãtɔ le la me.

14 Ðaseɖiɖi le Ʋuwo Me: Gbeɖeka ŋdi mɔɖela aɖewo ɖoe be yewoaɖi ɖase na amesiwo nɔ ʋu lalam le kɔledzi aɖe gbɔ. Togbɔ be woɖo dze viviwo hã la, kuxi aɖe nɔ anyi. Kaka woaɖo dzeɖoɖoa ƒe ami me ko ʋu vana eye wòle be woatɔe ɖe afima kpata. Nusi mɔɖelaawo wɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔe nye be woɖoa ʋua eye woyia ɖaseɖiɖia dzi na mɔa zɔlawo esime ʋua tsɔ wo le tsatsamee le dua me. Ne ʋua va ɖo afisi nye eƒe tɔɖoƒe mamlɛa la, mɔɖelaawo gaɖonɛ yina tsɔ nɔa ɖase ɖimee. Le yiyi kple gbɔgbɔ geɖe me la, wobu akɔnta le dɔ si wo katã wowɔ la ŋu: Wona magazine 200 kple edzivɔ eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ ade gɔme. Ʋua ɖola aɖewo lɔ̃ faa tsɔ woƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesiwo na bene woate ŋu ava srã yewo kpɔ le aƒeme. Kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, mɔɖelaawo gatrɔ yi ʋuɖoƒea eye wogawɔe nenema ke. Wona magazine 164 eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖeka gɔme! Le ʋuɖoƒea ɖeka la, ʋuɖola aɖe va nɔ zikpui ɖeka si susɔ la dzi—le mɔɖela la xa. Ekpɔ nɔviŋutsua ŋkume eye wòko nu vie gblɔ be: “Menya be èdi be yeana Gbetakpɔxɔ aɖem.”

15 Gbeƒãɖela geɖe ɖia ɖase tseku ne woɖo ʋu, keteke, alo yameʋu. Aleke nàwɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple mɔzɔla si nɔ axawò? Gbeƒãɖela ƒe 12 vi aɖe dze Nyɔ! xexlẽ gɔme le ʋua me ko, kple susu be ana nyɔnuvi si nɔ ye xa la nadi be ye hã yeaxlẽ emenyawo. Eva eme abe alesi wòsusui ene. Nyɔnuvia bia nusi wònɔ xexlẽm lae, eye nɔvia ɖo eŋu be alesi woakpɔ kuxi siwo dzea ŋgɔ sɔhɛwo gbɔe xlẽm yele. Egblɔ be nyatia ɖe vi na ye ŋutɔ eye be ate ŋu akpe ɖe eya hã ŋu. Exɔ magazineawo kple dzidzɔ. Sɔhɛ eve bubu se woƒe dzeɖoɖoa eye woawo hã bia be yewoaxɔ magazineawo. Esi ʋua kula hã see la, edze ɖe axadzi eye wòbia nusita wole vivi dom ɖe magazine siawo ŋu nenema gbegbe la wo. Esi wogblɔe nɛ la, eya hã xɔ ɖewo. Gake nusiawo dometɔ aɖeke madzɔ o ne menye ɖe magazinewo sɔ gbɔ ɖe gbeƒãɖela sɔhɛ ma si be yeana amesiame si tsɔ ɖe le eme o!

16 Ðaseɖiɖi le Modzakaɖebɔwo Kple Ʋudaɖoƒewo: Ðaseɖiɖi le modzakaɖebɔwo me kple ʋudaɖoƒewo nye mɔnu nyui aɖe si dzi míato aɖo amewo gbɔ. Èdze agbagba be yeaɖi ɖase le nudzraƒewo ƒe ʋudaɖoƒe aɖe kpɔa? Lé ŋku ɖe teƒea ŋu sẽ ɣesiaɣi. Di ame aɖe si mele kplakplakpla dzi o alo amesi le lalam le ʋu si wotɔ ɖi me eye nàdze xɔlɔ̃wɔwɔdzeɖoɖo aɖe gɔme kplii. Ne dzeɖoɖoa le edzi yim la, de Fiaɖuƒe gbedasia eme. Dze agbagba wò ɖeɖe nàwɔ dɔ gake gbeƒãɖela bubu nanɔ teƒe si gogo wò. Mègatsɔ akplo kpekpe gã alo nàhe amewo ƒe susu va wò dɔa dzi o. Dze aɖaŋu. Anyo wu ne ènɔa ʋudaɖoƒe ɖeka vie eye emegbe nètrɔna yia bubu. Ne ame aɖe medi be yeaɖo dze kple wò o la, dzo le egbɔ bubutɔe kpoo eye nàdi ame bubu ate ɖe eŋu. Nɔviŋutsu aɖe zã mɔnu sia eye wòna magazine 90 le dzinu ɖeka me le ɖaseɖiɖi le ʋudaɖoƒewo me.

17 Ame aɖewo yia modzakaɖebɔwo me be yewoagbɔ ɖe eme; bubuwo yina ɖe fefe aɖewo ta alo be yewo kple yewo viwo yewoanɔ anyi ɖekae. Di mɔnu si nàtsɔ aɖi ɖasee gake mado kplamatse nusi wɔƒe wova dzodzro o. Nɔviŋutsu aɖe dze dzeɖoɖo gɔme kple abɔmedzraɖola aɖe eye wòkpɔ be etsi dzi ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã kple viawo ƒe etsɔme ŋu. Wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme eye wowɔnɛ edziedzi le modzakaɖebɔa me.

18 Vomeɖaseɖiɖi le Mɔ Siwo to Fiasewo Le: Togbɔ be menye ɣesiaɣie wòanya wɔ be woaɖe gbeƒã tso fiase me yi fiase me le mɔ siwo to fiasewo le o le alesi wodea se ɖe dɔ siawo tɔgbe wɔwɔ nu le afisiawo le teƒe aɖewo hã la, gbeƒãɖela aɖewo ŋutɔ dia mɔnukpɔkpɔ siwo woatsɔ aɖi vomeɖasee le afima. Wobɔbɔ nɔa zikpui dzi eye woɖoa dze xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple amesiwo tɔna be yewoagbɔ ɖe eme. Ne woɖe ɖetsɔleme fia la, wonaa trakt alo magazine eye wodzea agbagba wɔa ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu. Ne wonɔ mɔa ƒe akpa aɖe aɖabaƒoƒo aɖewo la, woyina ɖe eƒe akpa bubu eye wogadzea dzeɖoɖo gɔme kple ame bubu. Gake ehiã ŋuɖɔɖɔɖo be míagahe amewo ƒe susu dzodzroe esime míele vomeɖase sia ɖim o.

19 Ne èle gbe dom na ame la, dze dzeɖoɖoa gɔme xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Ne amesi nèle nua ƒom na xɔe nyuie la, ke bia nya aɖee, eye nàlé to ɖe nya si wòagblɔ ŋu nyuie. Tsɔ ɖe le nya si gblɔm wòle me. Ðee fia be yetsɔ ɖe le eƒe nukpɔsusu me. Lɔ̃ ɖe edzi nɛ le afisi wòsɔ le.

20 Nɔvinyɔnu aɖe ɖo dze vivi aɖe kple nyɔnu tsitsi aɖe le alesi agbenɔnɔa va le sesẽmee ŋu. Nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi enumake, eye woɖo dze vivi aɖe. Nɔvinyɔnua te ŋu xɔ nyɔnua ƒe ŋkɔ kple adrɛs eye wòtrɔ yi egbɔ le kwasiɖa ma ke me.

21 Dɔwɔwɔ tso Fiase me yi Fiase Me: Anyigbamamã si wode asi na hame aɖewo ƒe akpa aɖe nye nudzraƒewo. Nɔviŋutsu si kpɔa anyigbamamãwo dzi ate ŋu awɔ anyigbamamãgbalẽvi siwo dzi wòata afisiwo nudzraƒewo de ha le fũ alea ɖo. Ele be wòade dzesii ɖe anyigbamamãgbalẽvi siwo nye amenɔƒe siwo ade nu eme dzi nyuie be ne wowɔ dɔ le nudzraƒeawo la, womegabui kpe ɖe dɔ si wowɔna ɖaa le anyigbamamã la me ŋu o. Le anyigbamamã bubuwo me la, woate ŋu awɔ dɔ le nudzraƒeawo kple amenɔƒewo ɖekae. Hamemegãwo ate ŋu abia tso gbeƒãɖela siwo dze la si be woawɔ dɔ le anyigbamamã siwo nye nudzraƒewo edziedzi ale be womagblẽ fiase me yi fiase me dɔa ɖi o.

22 Ne wobia tso asiwò be nàwɔ dɔ sia eye mèwɔe kpɔ o la, mɔ nyui si dzi nàto ‘dzi naɖo ƒowò’ ƒe ɖee nye be nàwɔ dɔ le fiase sue ʋee aɖewo me gbã; eye ne kakaɖedzi ɖo mewò wu la, nàwɔ dɔ le esiwo lolo wu me. (Tes. I, 2:2) Ne èle dɔ wɔm tso fiase me yi fiase me la, dzra ɖo abe alesi nàdzra ɖo ne èyina ɖe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me ene. Ne anya wɔ la, yi fiasea me le ɣeyiɣi si me asisi aɖeke mele lalam be woadzra nu na ye o. Bia be yeaƒo nu na fiasea tɔ alo amesi wòda ɖe enu. Do vivi ɖe ame ŋu, eye vevietɔ wu la, wò nyawo nenɔ kpuie. Mègawɔ ɖokuiwò abe amesi le vɔvɔ̃m ene o. Nudzraƒe geɖe doa vivi ɖe asisiwo ŋu eye ewɔe be wolɔ̃na be ame nate ŋu aɖo dze kple yewo.

23 Le gbedodo na fiasetɔa vɔ megbe la, àte ŋu agblɔ ale: “Nudzralawo xaxana ale gbegbe be ƒã hafi míetua wo le aƒeme, eyata míeva gbɔwò le wò dɔwɔƒe be míatsɔ nyati aɖe si wɔ dɔ ɖe ame ƒe susu dzi vevie vɛ na wò be nàxlẽ.” Ke gblɔ nya ɖeka eve aɖewo le magazine aɖe si nam nèle ŋu.

24 Alo àte ŋu agblɔ nya sia kpɔ ne èyi fiasetɔ aɖe gbɔ: “Míekpɔe be asitsalawo dzea agbagba be yewoanya nusiwo le edzi yim nyuie. Gbetakpɔxɔ (alo Nyɔ!) ƒe tata yeyetɔ sia ƒo nu tso nyati aɖe si ka mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu.” Ðe nusi wònye me nɛ, eye nàwu enu be: “Míexɔe se be àse vivi na exexlẽ.”

25 Ne dɔwɔviwo li, eye nèkpɔ be asɔ la, àte ŋu agblɔ kpee be: “Mɔɖeɖe anɔ anyi be magblɔ nya kpui sia ke na wò dɔwɔviwoa?” Ne eɖe mɔ na wò la, ɖo ŋku edzi be yedo ŋugbe be nya kpui aɖe ko yebe yeagblɔ, eye fiasetɔa adi be nàwɔ ɖe wò nyaa dzi. Ne dɔwɔvi aɖewo di be yewoadidi dzeɖoɖoa la, anyo wu be nàtrɔ yi wo gbɔ le woƒe aƒeme.

26 Eteƒe medidi boo o gbeƒãɖela ʋee aɖewo siwo le duvi aɖe me kpe ɖe nutome sue dzikpɔla ŋu le fiase me yi fiase me dɔa me. Gbeƒãɖelaawo dometɔ aɖewo nɔ vɔvɔ̃m gbã le esi womewɔe kpɔ o ta; gake eteƒe medidi hafi woɖe dzi ɖi eye wodze vivisese le eme gɔme o. Mede gaƒoƒo ɖeka hafi woƒo nu na ame 37 eye wona magazine 24 kple agbalẽ gbadza 4 o. Nɔviŋutsu ɖeka gblɔ be le alesi yewowɔa aƒeme yi aƒeme dɔa ɖaa me la, le dzinu ɖeka me, yewomate ŋu aɖo amewo gbɔ wòade esiwo gbɔ yewoɖo le fiase me yi fiase me dɔa me le ɣeyiɣi kpui ma me o.

27 Mɔnukpɔkpɔwo Didi na Gbeƒãɖeɖe: Yesu mese eƒe ɖaseɖiɖidɔa ɖe aƒeme yi aƒeme dɔa ko dzi o. Ekaka nyanyuia le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. (Mat. 9:9; Luka 19:1-10; Yoh. 4:6-15) Kpɔ alesi gbeƒãɖela aɖewo ŋutɔ le mɔnukpɔkpɔ dim na gbeƒãɖeɖee ɖa.

28 Ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe be yewoaɖi ɖase na dzila siwo le wo viwo lalam le sukuwo ƒe agbo nu. Esi dzila geɖe vana doa ŋgɔ wòdea aɖabaƒoƒo 20 ta la, ɣeyiɣi nɔa anyi na dze tuameɖowo ɖoɖo le Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe ŋu.

29 Mɔɖela geɖe nɔa ŋudzɔ ɖe amesiwo atsɔ ɖe le nyati aɖe siwo ŋu woƒo nu le le míaƒe magazinewo me etɔxɛe la gbɔ yiyi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, amewo xɔ magazine esi nɔvinyɔnu aɖe tsɔ nyati siwo nye “Sukuwo Ðo Xaxa Me,” si le December 22, 1995, Eŋlisigbe me Nyɔ! me yi suku ade mee le eƒe hamea ƒe anyigbamamã me. Etsɔ magazine siwo ƒo nu tso ƒomegbenɔnɔ kple ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu hã yi dziɖuɖudɔwɔƒe siwo kpɔa ƒomenyawo gbɔ eye wogblɔ nɛ be ɣesiaɣi si tata siwo ƒo nu tso nyati mawo tɔgbe ŋu gava la, wòana woaka yewo si. Egblɔ le alesi woxɔe le dɔwɔƒe si kpɔa dɔmakpɔwɔenyawo gbɔ esi wòtsɔ March 8, 1996, ƒe Nyɔ! si ƒo nu tso dɔmakpɔwɔe ŋu la ŋuti be “enye nusi wu gbɔgblɔ.”

30 Nutome gã dzikpɔla aɖe ka nya ta be ye kple ye srɔ̃ yewoɖia vomeɖase ne yewoyi nuƒleƒe. Woyia nuawo ƒleƒe le ɣeyiɣi siwo me amewo mesɔ gbɔ akpa ɖe fiase me o eye nuƒlelawo gbɔa dzi ɖe azɔlia ŋu ne wole agba ɖoɖowo dome tom. Wogblɔ be yewoɖo dze vivi geɖewo.

31 Gbeƒãɖela geɖe gblɔ be yewoƒe dɔa tsea ku nyuie ne yewoyi ɖaseɖiƒe le afisiwo amewo va nyãa woawo ŋutɔ ƒe nuwo le. Womegblẽa magazine xoxowo alo traktwo ɖi ko ne ame aɖeke meli o. Woƒe taɖodzinue nye be yewoana nyanyuia naɖo amewo gbɔ, eyata wodzea agbagba be yewoaƒo nu na amesiwo va le nu nyãm le teƒea la ŋutɔŋutɔ.

32 Le teƒe aɖewo la, woɖe mɔ na gbeƒãɖela tiatia aɖewo be woaɖe gbeƒã le yameʋudzeƒewo. Ɣeaɖewoɣi la, enyea dzidzɔ na wo be yewoɖi ɖase na mɔzɔla siwo tso dukɔ bubuwo me, amesiwo de Yehowa ƒe amewo mesɔ gbɔ ɖo o. Ne wokpɔ amesiwo tsɔ ɖe le eme la, wonaa trakt alo magazine wo.

33 Ne womeɖe mɔ be woaɖi ɖase na amesiwo le aƒe siwo ŋu kpovitɔwo dzɔna siwo le woƒe hamea ƒe anyigbamamã me la me o la, ame aɖewo tsɔa ayedzedze ɖia ɖase na dzɔla siwo va le teƒea ŋu dzɔm alo na dɔwɔƒe siwo hayaa xɔ na amewo ƒe amegãwo. Mɔnu sia kee wozãna le ame ɖekaɖekawo ƒe aƒe siwo nu agbo le eye womenaa mɔ wogena ɖe eme o hã me. Nutome sue dzikpɔla aɖe kple gbeƒãɖela ʋee aɖewo yi dziƒoxɔ gã adre siwo me xɔhayalawo nɔna hã me. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, wogblɔna na aƒedzikpɔla la be togbɔ be womeɖe mɔ na yewo be yewoayi aƒeawo me abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene o hã la, yewomedi be nya si le míaƒe magazine yeyeawo me nato wo ŋu o. Aƒedzikpɔlawo le aƒe adreawo katã me xɔ magazineawo dzidzɔtɔe eye wobia be woagana esiwo agava ɖe wo yome hã yewo! Wozãa telefon tsɔ ɖia ɖase na aƒe mawo me tɔwo.

34 Ʋli Sesĩe be Nàɖi Ðase le Afisiafi: Agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu ƒe akpa aɖee nye be míasee le mía ɖokui me be dɔ si wode asi na mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia la hiã kpata. Be míaɖo amewo gbɔ le ɣeyiɣi si asɔ na wo me la, ehiã be míaɖe asi le nusi asɔ na mía ŋutɔwo ŋu ale be ‘míaɖe ame aɖewo le wo dome kokoko.’ Yehowa subɔla adzɔgbeɖelawo katã di be yewoate ŋu agblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.”—Kor. I, 9:22, 23.

35 Paulo gaŋlɔ yi edzi be: “Eyata mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye. . . . elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Kor. II, 12:9, 10) Ne míagblɔe bubui la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ dɔ sia le mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ me o. Ehiã be míado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la. Ne míedoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe ŋusẽdodo la, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Ekema míaƒe lɔlɔ̃ na amewo aʋã mí be míaɖe gbeƒã nyanyuia na wo, le afisiafi si ke míanya tu wo le ko. Nukatae màdze agbagba le aɖaŋu siwo míeɖo le emedegbalẽ sia me dometɔ ɖeka ŋu le kwasiɖa si gbɔna me kpɔ o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe