Èle Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Wɔm Pɛpɛpɛa?
1 Yesu Kristoe nye nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ. Eƒo nu wòde dzi gbɔ na amewo, ewɔ dɔ ɖe wo dzi, eye wòʋã wo wowɔ dɔ nyuiwo. (Mat. 7:28, 29) Mawu ƒe Nya dzie wòtu eƒe nufiafia ɖo ɣesiaɣi. (Luka 24:44, 45) Yehowa Mawue wòkafu be egbɔe nusiwo katã yenya hete ŋu fia amewo la tso. (Yoh. 7:16) Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na eyomedzelawo le Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ me.—Tim. II, 2:15.
2 Apostolo Paulo hã nye kpɔɖeŋu ɖedzesi le Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ nyuie me. Menye ɖeko wòxlẽ Ŋɔŋlɔawo na amewo o; eɖe nusi wòxlẽ me hede ŋugble le eŋu kple amewo, eye wòɖo kpe edzi tso Mawu ƒe Nya me be Yesue nye Kristo la. (Dɔw. 17:2-4) Nenema ke nusrɔ̃la Apolo si bi hã ‘nya Ŋɔŋlɔawo nyuie,’ eye ewɔ wo ŋudɔ pɛpɛpɛ tsɔ gblɔ nyateƒea ŋusẽtɔe.—Dɔw. 18:24, 28.
3 Fia Mawu ƒe Nya La: Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo li egbea yɔa nya tso Biblia me hedea ŋugble le eŋu kple dzianukwaretɔwo tsɔ fia nu wo wòdzea edzi nyuie. Edzɔ be nɔviŋutsu aɖe te ŋu zã Xezekiel 18:4 kple mawunyakpukpui bubu siwo sɔ kplii la tsɔ de ŋugble tso nusi adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo kple ame dzɔdzɔewo dzi la ŋu kple osɔfo aɖe kpakple eƒe hamevi etɔ̃. Esia na hamevi aɖewo dze nusɔsrɔ̃ gɔme, eye wo dometɔ ɖeka va xɔ nyateƒea mlɔeba. Le nudzɔdzɔ bubu hã me la, wobia nɔvinyɔnu aɖe be wòaɖe nusita Yehowa Ðasefowo meɖua Kristmas kple dzigbezã o me na ɖetsɔlemetɔ aɖe srɔ̃ŋutsu si tsi tre ɖe eŋu. Esi wòxlẽ ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me le Reasoning-gbalẽa me tẽ la, ŋutsua gblɔ be yese egɔme. Ŋutsua ƒe nya la gɔmesese dzɔ dzi na srɔ̃a ale gbegbe be wògblɔ be: “Míanɔ miaƒe kpekpewo dem.” Eye srɔ̃ŋutsua lɔ̃ ɖe edzi!—yb87 axa 28-9.
4 Wɔ Kpekpeɖeŋu Siwo Li Ŋudɔ: Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ kple Subɔsubɔ Kpekpea me nuƒowo naa mɔfiame nyuiwo mí be woakpe ɖe mía ŋu le Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ me. Gbeƒãɖela geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe dzeɖonya vovovo siwo wotana hewɔa woƒe wɔwɔfia be wòakpe ɖe mía ŋu, eye wòsɔ ɖe ɣeyiɣia nu hewɔa dɔ la ŋu. Mɔfiame gbogbo aɖewo le Reasoning From the Scriptures me le alesi míaɖe nyati vevi 70 kple vɔ siwo ŋu Mawu ƒe Nya ƒo nu tsoe me pɛpɛpɛ la ŋu. Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒo nu tso Biblia me nufiafia vevi siwo katã gɔme wòhiã be ame yeyewo nase ŋu kpuie. Theocratic Ministry School Guidebook ƒe Nusɔsrɔ̃ 24 kple 25 lia fia alesi nufiala bibiwo ɖea ŋɔŋlɔawo nu nyuie, xlẽa wo, heɖea wo mee la mí. Ele be míawɔ kpekpeɖeŋu siawo katã siwo li ŋudɔ nyuie.
5 Ne míewɔ Mawu ƒe Nya la ŋudɔ pɛpɛpɛ la, míakpɔe be “[ele] agbe, eye wòsẽa ŋu . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la” na amesiwo míeɖea gbeƒã na. (Heb. 4:12) Dzidzedze si míekpɔna le eme aʋã mí be míatsɔ dzideƒo geɖe wu agblɔ nyateƒe lae!—Dɔw. 4:31.