INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/15 axa 10-14
  • Zã “Gbɔgbɔ La Ƒe Yi” La Aɖaŋutɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã “Gbɔgbɔ La Ƒe Yi” La Aɖaŋutɔe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’
  • Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋu Dɔ Nyuie
  • Tsɔe Kpe Ðe Amewo Ŋu Woatrɔ Woƒe Susu
  • Yi Edzi Nànɔ Biblia Zãm Aɖaŋutɔe
  • ‘Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Pɛpɛpɛ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Na Amewo Naxɔ Wò Nyawo Dzi Ase Ne Èle Nu Fiam
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Èle Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Wɔm Pɛpɛpɛa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/15 axa 10-14

Zã “Gbɔgbɔ La Ƒe Yi” La Aɖaŋutɔe

‘Mixɔ gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la.’—EF. 6:17.

1, 2. Esi Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã ta la, nu kae wòle be míawɔ?

ESI Yesu kpɔ ale si gbegbe amehawo hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋui la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” Menye ɖeko Yesu gblɔ nya mawo ko hesee ɖe afi ma o. Esi wògblɔ nya mawo vɔ la, ‘eyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo’ hedɔ wo ɖo ɖa be woaɖawɔ gbeƒãɖeɖe alo “nuŋeŋe” dɔ. (Mat. 9:35-38; 10:1, 5) Emegbe Yesu “tia ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve” be woayi aɖawɔ dɔ ma ke.—Luka 10:1, 2.

2 Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo gahiã egbea hã. Ame siwo de Ŋkuɖodzia le ƒe 2009 subɔsubɔƒea me la ƒe xexlẽmee nye 18,168,323. Ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o, siwo va wɔna ma teƒe la ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu miliɔn 10. Agbleawo ƒu hena ŋeŋe vavã. (Yoh. 4:34, 35) Eya ta ele be míado gbe ɖa abia be woaɖo dɔwɔla geɖe wu ɖe nuŋeŋe la me. Gake alekee míate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple gbedodoɖa sia? Míate ŋu awɔ esia to ale si míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi wu esi míele gome kpɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me dzonɔamemetɔe me.—Mat. 28:19, 20; Mar. 13:10.

3. Mɔ ka nue Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe mía ŋu be míanye gbeƒãɖela bibiwo me le?

3 Nyati si do ŋgɔ la dzro ale si gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe mía ŋu be ‘míagblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo’ la me. (Dɔw. 4:31) Gbɔgbɔ ma agate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míanye gbeƒãɖela bibiwo. Mɔ aɖe si dzi míato ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzie nye be míawɔ dɔwɔnu nyui si Yehowa Mawu na mí, si nye eƒe Nya, Biblia la, ŋu dɔ nyuie. Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzie woto ŋlɔe. (2 Tim. 3:16) Gbedeasi si le eme la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Eya ta ne míeɖea Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo me aɖaŋutɔe le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ekema gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye ema le mɔ fiam mí. Hafi míadzro ale si míate ŋu awɔ esiae me la, na míade ŋugble le ŋusẽ si gbegbe le Biblia me nyawo ŋu la ŋu.

‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’

4. Tɔtrɔ kae Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me la ate ŋu ana ame nawɔ?

4 Ŋusẽ le Mawu ƒe nya, alo gbedeasi la ŋu ale gbegbe! (Heb. 4:12) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, gbedeasi si le Biblia me la, ɖana wu yi ƒomevi ɖe sia ɖe si amegbetɔwo wɔ kpɔ, elabena eƒona ɖe ame yi ɖamaa ƒuwo kple ƒutomemi ke me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea tea ŋu ɖoa keke ame ƒe dzi gbɔ ke eye wòwɔa dɔ ɖe eƒe tamesusuwo kple seselelãmewo dzi heɖea ame si ƒomevi tututu wònye le ememe la ɖe go. Nyateƒe ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi ahana wòawɔ tɔtrɔ nyuiwo. (Mixlẽ Kolosetɔwo 3:10.) Ɛ̃, Mawu ƒe Nya la ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ!

5. Nɔnɔme kawo mee Biblia ate ŋu afia mɔ mí le, eye nu kae ado tso eme?

5 Gawu la, nunya si ƒo ɖe sia ɖe tae le Biblia me. Mɔfiame nyui siwo ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woanya ale si wòle be woanɔ agbe le xexe sia si me nɔnɔ sesẽ me la le eme. Mawu ƒe Nya la nye akaɖi, menye na afɔ siwo míeɖena fifia ko o, ke enaa mɔ si le mía ŋgɔ la hã dzi kɔna. (Ps. 119:105) Enyea kpekpeɖeŋutsoƒe gã aɖe na mí ne míele kuxiwo me tom, alo ne míele nyametsotsowo wɔm ku ɖe ame siwo míadze xɔlɔ̃e, modzakaɖeɖe, dɔwɔɖui, awudodo, kple bubuawo ŋu. (Ps. 37:25; Lod. 13:20; Yoh. 15:14; 1 Tim. 2:9) Wɔwɔ ɖe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi wɔnɛ be mía kple ame bubuwo dome nɔna nyuie. (Mat. 7:12; Flp. 2:3, 4) Esi Mawu ƒe Nya la na mɔ si le mía ŋgɔ la dzi kɔ nyuie le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ta la, míetea ŋu kpɔa nu siwo ava do tso nyametsotso siwo míewɔna me la dzea sii. (1 Tim. 6:9) Ŋɔŋlɔawo gblɔ Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu hã ɖi, eye esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple tameɖoɖo ma. (Mat. 6:33; 1 Yoh. 2:17, 18) Ne ame ɖea mɔ mawumegɔmeɖosewo fiaa mɔe la, aleke gbegbee wòakpɔ dzidzedze le agbe mee nye esi!

6. Aleke gbegbee Biblia la nye aʋawɔnu sẽŋu aɖe le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele me?

6 Azɔ hã, bu ale si gbegbe Biblia la nye aʋawɔnu sẽŋu aɖe le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la me ŋu kpɔ. Paulo yɔ Mawu ƒe nya la be “gbɔgbɔ la ƒe yi.” (Mixlẽ Efesotɔwo 6:12, 17.) Ne míeɖe gbedeasi si le Biblia me la me na amewo nyuie la, ate ŋu aɖe wo tso gbɔgbɔmekluvinyenye na Satana me. Enye yi si mewua ame o, ke boŋ eɖea amewo ƒe agbe. Ðe manyo be míadze agbagba azãe aɖaŋutɔe oa?

Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋu Dɔ Nyuie

7. Nu ka tae wòle vevie be míasrɔ̃ ale si míawɔ “gbɔgbɔ la ƒe yi” la ŋu dɔ nyuie?

7 Ne asrafo aɖe srɔ̃ ale si wòawɔ eƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ nyuie la, eya ko hafi wòate ŋu azã wo dzidzedzetɔe le aʋawɔwɔ me. Nenema kee wòle le “gbɔgbɔ la ƒe yi” la zazã le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la hã gome. Paulo ŋlɔ bena: “Wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe nàtsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame si dze eŋu ene, dɔwɔla si mehiã be ŋu nakpe le naneke ŋuti o, ame si wɔa nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ.”—2 Tim. 2:15.

8, 9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míase Biblia me nyawo gɔme? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Nu kae akpe ɖe mía ŋu be ‘míawɔ nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ’ le míaƒe subɔsubɔdɔa me? Hafi míate ŋu ana nu si Biblia gblɔ la me nakɔ na amewo nyuie la, ele be míawo ŋutɔwo míase emenyawo gɔme nyuie. Esia bia be míade ŋugble le nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui aɖe alo Biblia ƒe akpa aɖe si míexlẽ la ŋu. Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “nya siwo ƒo xlã nya, alo nyagbe aɖe lae nye nya alo nyagbe bubu siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo, siwo kpena ɖe ame ŋu wòsea nu si xlẽm wòle la gɔme nyuie.”

9 Hafi Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe ŋuti gɔmesese nyuitɔ nasu mía si la, ehiã be míabu nya siwo ƒo xlãe la ŋu. Míate ŋu atsɔ Paulo ƒe nya siwo dze le Galatiatɔwo 5:13 la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Eŋlɔ bena: “Nɔviwo, ele eme baa be ablɔɖe tae woyɔ mi ɖo ya; ɖeko migazã ablɔɖe sia wòanye mɔnunana ŋutilã la o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo abe kluviwo ene, le lɔlɔ̃ me.” Ablɔɖe ka ƒomevi ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe le afi sia? Ablɔɖekpɔkpɔ tso nu vɔ̃ kple ku si mee loo, tso kluvinyenye na aʋatsodzixɔsewo mee loo, alo tso nu bubu aɖe si mee wòwɔnɛa? Nya siwo ƒo xlã Paulo ƒe nyaawo la ɖee fia be ablɔɖe si ame kpɔna ne ‘woɖee tso Se la ƒe fiƒode la me’ ŋue wònɔ nu ƒom tso. (Gal. 3:13, 19-24; 4:1-5) Kristotɔwo ƒe ablɔɖe ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Ame siwo kpɔ ŋudzedze ɖe ablɔɖe sia ŋu la subɔ wo nɔewo abe kluviwo ene le lɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo ta. Ame siwo nye amemalɔ̃lawo la ƒo wo ɖokui ɖe ameŋugbegblẽ kple nyahehe le nya maɖinyawo ŋu me.—Gal. 5:15.

10. Be Ŋɔŋlɔawo ŋuti gɔmesese nyuitɔ nasu mía si la, nu bubu kawo ŋue wòle be míade ŋugble le, eye aleke míawɔ ake ɖe wo ŋu?

10 Gɔmesese bubuwo gale nyagbɔgblɔ “nya siwo ƒo xlã nya aɖe” la ŋu. Etea ŋu fiaa ‘nyatakaka bubu siwo do ƒome kple nya la, kple nɔnɔme si me woŋlɔe le, kpakple ale si nuwo nɔ esime woŋlɔe.’ Be mawunyakpukpui aɖe ŋuti gɔmesese nyuitɔ nasu mía si la, ele be míade ŋugble le nyatakaka bubu siwo do ƒome kplii, abe ame si ŋlɔ Biblia gbalẽa kple ɣeyiɣi si me woŋlɔe kpakple nu siwo nɔ edzi yim esime woŋlɔe ene, la ŋu. Eɖea vi hã be míanya susu si tae woŋlɔ agbalẽa ɖo, eye ne anya wɔ la, míanya ale si hadomenuwɔnawo, agbenɔnɔ, kple mawusubɔsubɔ nɔ le ɣeyiɣi mawo me hã.a

11. Nu ka ŋue wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le ne míele ŋɔŋlɔawo me ɖem?

11 ‘Nyateƒenya la ŋu dɔ wɔwɔ pɛpɛpɛ’ lɔ nu geɖe ɖe eme wu Ŋɔŋlɔawo me nyateƒewo me ɖeɖe ɖe eteƒe ko. Ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagazã Biblia atsɔ anɔ vɔvɔ̃ dom na amewo o. Togbɔ be míate ŋu azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aʋli nyateƒea ta abe ale si Yesu wɔe esi Abosam tee kpɔ ene hã la, mele be míazãe atsɔ anɔ míaƒe dzixɔsewo zim ɖe míaƒe nyaselawo dzi o. (5 Mose 6:16; 8:3; 10:20; Mat. 4:4, 7, 10) Ele be míawɔ ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃amenya siawo dzi be: “Mikɔ Kristo la ŋu abe Aƒetɔ ene, le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake mitsɔ tufafa kple bubu deto wɔ esiae.”—1 Pet. 3:15.

12, 13. “Nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” kawoe nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ate ŋu amu aƒu anyi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Ne míewɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea ŋu dɔ nyuie la, nu kae ate ŋu ado tso eme? (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 10:4, 5.) Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ate ŋu amu “nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” la aƒu anyi, si fia be ate ŋu aʋu go aʋatsodzixɔsewo, nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, kple xexemenunya siwo ɖea amegbetɔwo ƒe nuŋububu fiana. Míate ŋu azã Biblia la atsɔ aɖe nuŋububu ɖe sia ɖe “si tsia tsitre ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu” la ɖa. Míate ŋu azã Biblia ƒe nufiafiawo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woƒe nuŋububu nava wɔ ɖeka kple nyateƒea.

13 Bu kpɔɖeŋu sia si ku ɖe India nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 93 la ŋu kpɔ. Tso keke eƒe ɖevime ke la, wofia nui wòxɔ gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia la dzi se. Esi viaŋutsu si le duta te Biblia sɔsrɔ̃ kplii to lɛtaŋɔŋlɔ dzi la, etsɔ dzidzɔ xɔ nu siwo srɔ̃m wònɔ tso Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo ŋu la de eme. Gake gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia la ƒo ke ɖe to ɖe eme ale gbegbe be melɔ̃ ɖe nya siwo via ŋlɔ nɛ tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la dzi o. Egblɔ be: “Nyemete ŋu le nyateƒe si le miaƒe Ŋɔŋlɔawo me la gɔme sem kura o. Subɔsubɔhawo katã fiaa nu be nane le mía me si mekuna o. Tso gbe aɖe gbe kee mexɔ edzi se be ne ame ku la, eƒe akpa aɖe si womekpɔna o la gagbugbɔ dzɔna le ŋutilã bubuwo me zi gbɔ zi 8,400,000. Aleke wɔ nya sia manye nyateƒe o? Ðe wòfia be subɔsubɔha akpa gãtɔ da ƒua?” Ðe “gbɔgbɔ la ƒe yi” la ate ŋu amu dzixɔse si ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe ame me nenema gbegbe la aƒu anyia? Esi wogadzro Ŋɔŋlɔawo me nya bubuwo me ku ɖe nya ma ŋu vɔ la, nyɔnua ŋlɔ le kwasiɖa aɖewo megbe be: “Nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la me va le kɔkɔm nam azɔ. Enyanya be ne wova fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, míate ŋu agava kpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ake la doa dzidzɔ nam ale gbegbe. Mele mɔ kpɔm be Mawu Fiaɖuƒea nava kaba.”

Tsɔe Kpe Ðe Amewo Ŋu Woatrɔ Woƒe Susu

14. Nu kae wòfia be míana míaƒe nyaselawo ƒe susu natrɔ?

14 Biblia la zazã nyuie le subɔsubɔdɔa me lɔ nu geɖe ɖe eme wu mawunyakpukpuiwo yɔyɔ ko. Paulo dze agbagba be yeana amewo ƒe ‘susu natrɔ’ ɖe nyateƒea ŋu, eye nenema kee wòle be míawo hã míawɔe. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 19:8, 9; 28:23.) Be ‘woana ame ƒe susu natrɔ’ fia be ‘woakpe ɖe amea ŋu eƒe nukpɔsusu nava wɔ ɖeka kple ame si le nua ƒom nɛ la tɔ.’ Ame si ŋu wokpe ɖo alea la ‘xɔa nya si wòse la dea eme ale gbegbe be eva kana ɖe nyaa dzi.’ Ne míena ame aɖe ƒe susu trɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia aɖe ŋu la, ekema míele kpekpem ɖe eŋu be wòaka ɖe nufiafia ma dzi. Be míate ŋu awɔ esia la, ehiã be míana míaƒe nyaselaa nakpɔ nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye adze sii. Míate ŋu awɔ esia to mɔ siwo gbɔna dzi.

15. Alekee nàte ŋu ahe susu ayi Biblia dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu?

15 He susu yi Mawu ƒe Nya la dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu. Ɣesiaɣi si nàdi be yeaxlẽ mawunyakpukpui aɖe la, he susu yi vevienyenye si le Mawu ƒe nukpɔsusu nyanya le nyaa ŋu dzi. Ne èbia nya aɖe aƒemenɔlaa hese eƒe ŋuɖoɖo vɔ la, àte ŋu agblɔ nya aɖe abe esia ene: ‘Na míakpɔ ale si míate ŋu anya Mawu ƒe susu le nya sia ŋui ɖa.’ Alo àte ŋu abia be, ‘Nu kae Mawu gblɔ tso nya sia ŋu?’ Susuhehe yi mawunyakpukpuia dzi le mɔ sia nu nana wòdzena kɔtɛ be Biblia la tso Mawu gbɔ eye wòkpena ɖe nyaselaa ŋu wòdea bubu eŋu. Esia wɔwɔ hiã, vevietɔ ne míele ɖase ɖim na ame aɖe si xɔ Mawu dzi se gake menya nu siwo Biblia fia la o.—Ps. 19:8-11.

16. Nu ka wɔwɔe akpe ɖe ŋuwò be nàɖe ŋɔŋlɔawo me nyuie?

16 Mègaxlẽ ŋɔŋlɔawo ko o; ɖe wo me. Enye numame na Paulo be ‘wònɔa nu me ɖem henɔa nyawo yɔm tsɔ nɔa kpe ɖom’ nu siwo fiam wònɔ la dzi. (Dɔw. 17:3) Zi geɖe la, nya vevi geɖewo nɔa mawunyakpukpui ɖeka me, eye ahiã be nàhe susu ayi nya vevi siwo wɔ ɖeka kple nu si me dzrom miele la dzi. Àte ŋu awɔ esia to mawunyakpukpuia ƒe akpa si nya vevia dze le la gbɔgblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbewo me, alo to nya siwo akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòakpɔ wo adze sii la biabiae me. Eyome nàɖe ŋɔŋlɔa ƒe akpa ma me nɛ. Ne ènya wɔ esia vɔ ko la, kpe ɖe wò nyaselaa ŋu wòakpɔ ale si nya sia ka eya ŋutɔe la adze sii.

17. Alekee nàte ŋu adzro Ŋɔŋlɔawo me kple amewo le mɔ si ana woaka ɖe edzi la nu?

17 Dzro nu me kple amewo tso Biblia me le mɔ si ana kakaɖedzi nasu wo si nu. Paulo wɔ kokoƒoƒo vevie kpakple ŋugbledede kple amewo ŋu dɔ tsɔ ‘dzro Ŋɔŋlɔawo me kple amewo’ le mɔ si ana woaka ɖe nyaa dzi la nu. (Dɔw. 17:2, 4) Wò hã dze agbagba be nàɖo wò nyaselaa ƒe dzi gbɔ abe ale si Paulo wɔe ene. ‘Du’ nu si le dzi me nɛ la to nyabiase siwo aɖee afia be ètsɔ ɖe le eme nɛ la biabiae me. (Lod. 20:5) Ƒo asa na nuƒoƒo ameŋumabumabutɔe. Gblɔ wò nyawo wo me nakɔ eye susu nanɔ wo me. Eye zã kpeɖodzi siwo ana nuwo me nakɔ nɛ. Ele be nàtu wò nyawo ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe. Enyo be nàwɔ mawunyakpukpui ɖeka aɖe ŋu dɔ nyuie, to nya vevia me ɖeɖe kple kpɔɖeŋuwo wɔwɔ me, tsɔ wu be nàxlẽ mawunyakpukpui eve alo etɔ̃ tre ɖe nu ko. Ne èwɔ kpeɖodzinya bubuwo ŋu dɔ la, ate ŋu ana hã be wò ‘nuyiwo nana woaxɔ wò nyawo dzi ase wu.’ (Lod. 16:23, NW) Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu ahiã be nàwɔ numekuku ahadi nyatakaka bubuwo ku ɖe nyaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be woaɖe nu si tae luʋɔ (alo gbɔgbɔ) makumaku ƒe nufiafia la xɔ aƒe ɖi alea gbegbe la me na nyɔnu si xɔ ƒe 93, si ŋu nya míegblɔ va yi la. Eva hiã be woakpe ɖe eŋu wòase afi si nufiafia ma dzɔ tso kple ale si wòwɔ ge ɖe xexea me ƒe subɔsubɔha akpa gãtɔ me la gɔme hafi wòte ŋu se nu si Biblia fia tso nya ma ŋu la gɔme hexɔe de eme.b

Yi Edzi Nànɔ Biblia Zãm Aɖaŋutɔe

18, 19. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ “gbɔgbɔ la ƒe yi” la ŋu dɔ wɔm aɖaŋutɔe?

18 Biblia gblɔ be: “Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” Ame vɔ̃ɖiwo le vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi. (1 Kor. 7:31; 2 Tim. 3:13) Eya ta ele vevie be míayi edzi anɔ “gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya, la” zãm atsɔ anɔ “nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” la mum anɔ anyi ƒum.

19 Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye esi be Mawu ƒe Nya, Biblia la, le mía si, eye be míate ŋu awɔ gbedeasi sẽŋu si le eme la ŋu dɔ atsɔ aho alakpanufiafiawo ɖa ahakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋui! Naneke meli si ƒo ke ɖe to sesĩe si gbedeasi ma mate ŋu aho ɖa o. Eya ta mina míaku kutri awɔ “gbɔgbɔ la ƒe yi” la ŋu dɔ aɖaŋutɔe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de asi na mí la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Dɔwɔnu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míake ɖe Biblia gbalẽwo ŋuti nyatakaka bubuwo ŋu la ƒe ɖewoe nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (“ Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile ”), Insight on the Scriptures ( Étude perspicace des Écritures ), kple Gbetakpɔxɔ me nyatiwo, abe “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe” ene.

b Kpɔ agbalẽ gbadza si ƒe tanyae nye Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku? ƒe axa 5-16.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Ŋusẽ ka gbegbee le Mawu ƒe Nya la ŋu?

• Alekee míate ŋu ‘awɔ nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ’?

• Nu kae gbedeasi si le Biblia me la ate ŋu awɔ na “nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” la?

• Alekee nàwɔ be nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu geɖe wu le subɔsubɔdɔa me be woatrɔ woƒe susu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ale Si Nàzã Mawu Ƒe Nya Lae Be Amewo Natrɔ Woƒe Susu

▪ He susu yi Biblia dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu

▪ Ðe Ŋɔŋlɔawo me

▪ De ŋugble kple amewo le mɔ si ana nyaa naɖo woƒe dzi gbɔ nu

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ele be nàsrɔ̃ “gbɔgbɔ la ƒe yi” la zazã nyuie

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe