Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le December me: New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1984 si ɖewohĩ anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ mawo mele o ate ŋu ana Survival Into a New Earth. February: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! Miate ŋu ana axa 192-gbalẽ xoxo bubu ɖesiaɖe si le mia si ɖe eteƒe.
◼ Wole ŋku ɖom edzi na hame siwo medɔ 1997 Calendar of Jehovah’s Witnesses, 1997 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe kple ƒe 1996 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe bablawo haɖe o be woadɔ wo. Agbalẽ bablawo nye agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo tɔxɛ le eye ele be woadɔ esiwo amewo di ko.
◼ Mikpɔ egbɔ miaklã ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me le January 1 dzi tututu. Ƒea ƒe mawunyakpukpui enye: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ.”—Psalmo 143:10.
◼ Betel anɔ tutu le Memleɖa, January 25, 1997 dzi. Taflatse migava o.
◼ Ele be woakpe “Medical Directive Card” kple “Identity Card” yeye ɖo le January 1 dzi. Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo katã nakpɔ egbɔ be yewokpe “Medical Directive Card” yeye ɖo na wo ɖokui kple “Identity Card” na ɖevi ɖesiaɖe si anɔ wo si.