Nyabiaɖaka
◼ Ðe wògblẽ be woanɔ xɔme kple nyɔnu alo ŋutsu si menye ƒometɔ kplikplikpli alo ame srɔ̃ o eye woatu ʋɔa?
Nyatakaka siwo va ɖo Habɔbɔa gbɔ fia be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo nɔa xɔme kple nyɔnu alo ŋutsu si menye wo srɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli abe wo dzilawo, ŋutilãme nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu ene o, evɔ wotua ʋɔa. Wo dometɔ aɖewo tsɔe be ne yewomenɔ agbe gbegblẽ aɖeke o ko la, ke megblẽ be yewo ame evea ɖeɖeko yewoanɔ xɔme atu ʋɔa o. Ðe nukpɔsusu sia sɔa?
Nunya mele eme kura be woanɔ xɔ ɖeka me kple ŋutsu alo nyɔnu si menye ame srɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli bubu eye woatu ʋɔ o, elabena ate ŋu ahe makɔmakɔnyenye alo hadzegbenɔnɔ vɛ, vevietɔ le amesiwo di be yewoaɖe yewo nɔewo gome. Ate ŋu ana hã be eteƒekpɔlawo magaka ɖe Ðasefowo dzi o alo ate ŋu aɖia ame aɖewo nu gɔ̃ hã. Be woatsi ŋutsu alo nyɔnu gbɔ adɔ le nɔnɔme manyomanyo siawo me nye agbenɔnɔ vɔ̃ɖi si ŋu wòhia be hamemegãwo nadrɔ̃ ʋɔnu le.—Lod. 22:3; Gal. 5:19; Mat. 18:6, 7.
Ðe woate ŋu aƒo asa na nɔnɔme sia? Ẽ. Ame aɖewo ge ɖe afɔku siawo tɔgbe me kple nyɔnu alo ŋutsu esi wodo toku aɖaŋu siwo nɔvi siwo tsɔ ɖe le eme na wo la ɖo na wo do ŋgɔ ta. (Kor. I, 6:18; Lod. 18:12) Ame bubuwo hã ɖo mɔ̃ me esi woka ɖe wo ɖokui dzi akpa eye wosusu ameɖokuifuflutɔe be yewosu te ta. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 6:27.) Esi ame aɖewo no aha muamewo la, womegate ŋu ɖu wo ɖokui dzi o eye wòna woɖo mɔ̃ me. Eyata aleke wòɖea vi enye si be míawɔ ɖe nuxlɔ̃me si le Hosea 4:11 si gblɔ be: “[Matrewɔwɔ], wein kple aha yeye ɖe [wodoa] lã ame” la dzi.
Woxlɔ̃a nu Kristotɔwo enuenu be woanɔ ‘mo xexi ahanɔ ŋudzɔ’ le nuwɔwɔ kple ŋutsu alo nyɔnuwo me ale be Satana nagaɖu wo dzi o. (Pet. I, 5:8) Esia bia ŋudzɔnɔnɔ ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, se aɖe le Betel si bia tso Beteltɔwo si be woaʋu woƒe ʋɔtruwo ɖi ne wo kpakple ŋutsu alo nyɔnu si menye wo srɔ̃ alo woƒe ƒometɔ kplikplikpli o ɖeɖeko le xɔme. Esia kpɔa ame ta tso tetekpɔ me. (Mat. 6:13) Tetekpɔa nu sẽna wu ne ame eve siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo ɖe mɔ le wo ɖokui ŋu na wo nɔewo le ɣaɣlaƒe aɖe. (Kor. I, 10:12) Le amesiwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gome ya la, enyo ɣesiaɣi be ame etɔ̃lia aɖe nanɔ mia ŋu alo miakpe le ƒuƒoƒo me. (Lod. 28:26) Esi xexe sia ƒe agbenyuinɔnɔ gakpɔtɔ le gbegblẽm ɖe edzi la, mina mía dometɔ ɖesiaɖe nayi edzi anɔ agbe dzadzɛ bene wòakɔ mía Fofo Kɔkɔe, Yehowa ŋu.—Mat. 5:14-16; Pet. I, 2:12.