Ke Wò Ƒometɔwo Ya Ðe?
1 Ƒometɔ geɖe siwo mele nyateƒea me o le mía dometɔ akpa gãtɔ si. Aleke míekpɔa mɔe enye si be lɔlɔ̃tɔ siawo nava wɔ ɖeka kpli mí le agbe mɔa dzi! Míatsi dzi ɖe woƒe etsɔme mavɔ ŋu geɖe wu ne mía ŋutɔwo ƒe aƒemetɔwoe wonye. Togbɔ be míetsɔ ƒe geɖe dze agbagba be míana nyateƒea nadzro wo hã la, mele be míagblɔ be womaxɔe gbeɖe o.
2 Esime Yesu va nɔ gbeƒã ɖem la, “nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.” (Yoh. 7:5) Ɣeaɖeɣi la, eƒe ƒometɔwo bu be eƒe tame da. (Marko 3:21) Gake Yesu mena ta le wo ŋu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔviawo va xɔ nyateƒea. (Dɔw. 1:14) Dadaa vi Yakobo va zu sɔti le Kristo-hamea me. (Gal. 1:18, 19; 2:9) Ne èdi be wò ƒometɔwo naxɔ nyateƒea wòanye dzidzɔ na ye la, ke mègadzudzɔ agbagbadzedze be yeagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo o.
3 Tu Wo Ðo, Mègaɖe Dzi le Wo Ƒo O: Esime Yesu ɖe gbeƒã na ame bubuwo la, edo ŋusẽ eƒe nyaselawo, medo vɔvɔ̃ na wo o. (Mat. 11:28, 29) Metsɔ nufiafia siwo gɔme womate ŋu ase o ɖe dzi le wo ƒo o. Be nàtsɔ nyateƒea ƒe tsi ado ŋusẽ wò ƒometɔwo la, na sue aɖe ko wo le ɣeyiɣi ɖeka me, megasɔ gbɔ fũ o! Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Amesiwo ɖia ɖase na woƒe ƒometɔwo vivivi tsɔ nyɔa didi ɖe wo mee kpɔa emetsonu nyuitɔwo kekeake.” Esia wɔwɔ ana tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã nate nyawo biabia eye nyateƒea ƒe tsikɔ ava wu wo mlɔeba.—Pet. I, 2:2; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 3:1, 2.
4 Kristotɔ srɔ̃tɔ geɖe te ŋu ɖi ɖase na wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo nyuie esi woʋu agbalẽ ƒe akpa aɖe si adzɔ dzi na wo la ɖi. Nɔvinyɔnu aɖe si wɔ esia srɔ̃ nu kple viawo hã be srɔ̃a nate ŋu asee, eye eɖe nuwo me be wòaɖe vi na ŋutsua. Ebianɛ ɣeaɖewoɣi be: “Mesrɔ̃ nusi kple ekemɛ egbea le nye nusɔsrɔ̃ me. Nukae nèbu tso eŋu?” Srɔ̃a va xɔ nyateƒea mlɔeba.
5 De Bubu Ame Ŋu, Menye Kple Dzitsitsi O: Gbeƒãɖela aɖe gblɔ be “gome le ƒometɔwo hã si be woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu nanɔ wo si eye woa ŋutɔwo nabu nuwo ŋu.” Eyata ele be míade bubu wo ŋu ne woɖe woƒe susu gblɔ alo ne wogblɔ na mí tẽ be mígaƒo nu tso nyateƒea ŋu na yewo o. (Nyagb. 3:7; Pet. I, 3:15) Ne míegbɔ dzi ɖi heɖe lɔlɔ̃ fia eye ne míeɖo to wo nyuie la, míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ nyuiwo aɖi ɖase na wo le aye me. Viɖe ate ŋu ado tso dzigbɔɖi alea me, abe alesi wòdze le Kristotɔ srɔ̃ŋutsu aɖe si do dzi dzigbɔɖitɔe le srɔ̃a dzimaxɔsetɔ ƒe ŋlɔmiwɔwɔ me ƒe 20 sɔŋ la gome ene. Esime nyɔnua dze tɔtrɔ gɔme la, ŋutsua gblɔ be: “Aleke gbegbe meda akpe na Yehowa enye si be wòkpe ɖe ŋunye metu dzigbɔgbɔ blewu ɖo, elabena fifia mete ŋu le emetsonua kpɔm: Srɔ̃nye dze agbemɔ la dzi zɔzɔ gɔme!”
6 Ke wò ƒometɔwo ya ɖe? Ðewohĩ to Kristotɔwo ƒe agbe nyui si nènɔna kple wò gbedodoɖa ɖe wo ta me la, ‘wò asi ate ŋu asu wo dzi na Yehowa.’—Pet. I, 3:1, 2, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ.