INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/97 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 3
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 24
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 2/97 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 3

Hadzidzi 27

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

15 min: “Kpɔ Gome le Dɔ si Womagawɔ Akpɔ Gbeɖe O la Me.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ne ɣeyiɣi ɖe mɔ la, gblɔ nya veviwo tso “Keeping on the Watch—How?” te, si le Proclaimers-gbalẽa ƒe axa 714-15.

20 min: “Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae.” (Memamã 1-5) Ne dɔdasia wɔla ƒo nu kpuie tso memamã 1 me vɔ la, wo kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nedzro memamã 2-5 me. Woadzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la ƒe nya veviwo me eye woaƒo nu tso nusita dzeɖonya siawo alo wo tɔgbe atse ku le miaƒe anyigbamamã me ŋu. Gbeƒãɖelaawo nawɔ dzeɖonyaawo akpɔ ɖekaɖeka. Dɔdasia dzikpɔla nakafu wo eye neɖo aɖaŋu le alesi woagawɔe wòanyo wu ŋu. Emegbe nebia nya nyaselawo alesi woate ŋu aɖo nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe taɖodzinua gbɔe. Netɔ asi nusi koŋ woawɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me mlɔeba la dzi.

Hadzidzi 34 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 10

Hadzidzi 29

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

10 min: “Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae.” (Memamã 6-8) Wɔ dzeɖonya siwo le memamã 6-7 me fia. Te gbe ɖe alesi wòhiã be woatrɔ ayi amesi ɖe ɖetsɔleme fia gbɔe dzi.

25 min: “Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Gblɔ aɖaka si le axa 3 me nya veviwo. Dzro kpɔɖeŋu ɖoɖowɔɖi siwo le axa 6 la me. Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ ɖesiaɖe ŋutɔ natsɔ gbedodoɖa ade ŋugble kpɔ be yeate ŋu aŋlɔ ŋkɔ awɔe ɣleti ɖeka loo alo awu nenema hã. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu adzi woƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi ne woɖo gaƒoƒo aɖe ƒe taɖodzinu na wo ɖokui ɣleti sia ɣleti.

Hadzidzi 43 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 17

Hadzidzi 30

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ nya vevi dodzidzɔname siwo le magazine yeyeawo me siwo woate ŋu azã le kwasiɖa sia me.

13 min: “Ŋkuɖodzia—Wɔna aɖe si Le Vevie Ŋutɔ!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De dzi ƒo be woawɔ March ɣleti bliboa ŋudɔ etɔxɛe atsɔ awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Te gbe ɖe Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo zazã dzi.

22 min: Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze. Míena agbalẽ akpe geɖe le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me. Esia na nusi dzi míanɔ te ɖo adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu gɔme la mí. Dzro nusi miete ŋu wɔ le miagbɔ le agbalẽ gã kple agbalẽ bubuwo nana me la me. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woayi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ. Na gbeƒãɖela vovovowo nagblɔ agbagba tɔxɛ si hiã be woawo ŋutɔ nadze hafi adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. Te gbe ɖe edzi be míaƒe dɔdasia ƒe akpa vevi aɖee nye be míawɔ nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Míate ŋu awɔe nyuie ne míedze agbagba be míawɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me la ŋudɔ.

Hadzidzi 47 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 24

Hadzidzi 32

18 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe gbeƒã amesiwo katã awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me ƒe ŋkɔwo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woatsɔ mɔbiagbalẽ ana o. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ me bliboe le Memleɖa, March 1 dzi. Gblɔ ɖoɖo bubu siwo wɔm miegale ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu le ɣletia me. Dzro Nyabiaɖaka la me nyuie.

12 min: “Ke Wò Ƒometɔwo Ya Ðe?” Atsu kple asi nadzro nyatia me ɖekae eye woatso nya me le alesi woagblɔ nyanyuia na ƒometɔ dzimaxɔsetɔwoe ŋu.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 15, 1990, axa 25-7.

15 min: Dzro March ƒe Agbalẽnunana Me.—Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Dzro nusiwo na ƒomewo le gbagbãm egbea la me kpuie. (Kpɔ October 15, 1992, Gbetakpɔxɔ, axa 4-7.) Dzro agbalẽa me nyawo me le axa 3. Kpe nyaselawo be woatia ta siwo dzi woatu dzeɖonya ɖo. Fia asi nufiameɖaka nyui siwo le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ alesi woana agbalẽa la afia. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ agbalẽa azã le kwasiɖanuwuwua.

Hadzidzi 48 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe