Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! March: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. April Kple May: Míadɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!
◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔna me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖe be wòaɖo gaƒoƒo nudidia gbɔ la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe eŋu. Midzro Habɔbɔa ƒe lɛta siwo nye (S-201) October 1, 1993, kple November 2, 1992 tɔwo me hena aɖaŋuɖoɖowo. Mikpɔ September 1986, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi, memamã 12-20 hã.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, kple May me nawɔ woƒe ɖoɖowo fifia eye woatsɔ woƒe mɔbiagbalẽ ana kaba. Akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubu siwo asu la nanɔ anyi. Ele be woaɖe gbeƒã amesiwo katã woɖe mɔ na be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la ƒe ŋkɔwo na hamea.
◼ Hamemegãwo ƒe ha la nade dzesii be ele be woawɔ asitɔtrɔ siwo gbɔna ne hamea ayi woƒe takpekpewo: Ne hamea ayi ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ la, hamea nawɔ kpekpe siwo katã wowɔna la le kwasiɖa la me, negbe Dutoƒonuƒoa kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a koe mele eme o. Ne nutome sue takpekpee hamea ayi la, hamea mawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea hã o; Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ koe woawɔ le kwasiɖa ma me.
◼ Woatu Betel le Yawoɖa, March 6, 1997 dzi. Míawɔ dɔ gbemagbe o eyata taflatse migava alo ava ɖi tsa o.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona—Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛ̃gbe, Twi