Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa le March, April, Kple May Mea?
1 Nyati aɖe si wota ɖe April 1881 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me ƒe tanyae nye “Míehiã Gbeƒãɖela 1,000.” Enye amekpekpe si yi na ŋutsu kple nyɔnu ɖeadzɔgbe “siwo Aƒetɔ la tsɔ Eƒe nyateƒea ƒe sidzedze na” be woazã ɣeyiɣi si woate ŋui atsɔ akaka Biblia me nyateƒe lae. Wode dzi ƒo na amesiwo ate ŋu azã woƒe ɣeyiɣi afã alo esi wu nenema ɖe Aƒetɔa ƒe dɔa ɖeɖeko ŋu la be woatsɔ wo ɖokui ana azu gbeƒãɖela nyanyuigblɔlawo—amesiwo do ŋgɔ na mɔɖela siwo li egbea.
2 Togbɔ be nuwo trɔ tso ƒe 1880-awo me hã la, nyateƒe ɖeka aɖe kpɔtɔ li—Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo di be yewoayi edzi azã ɣeyiɣi geɖe alesi yewoate ŋui atsɔ agblɔ nyanyui lae. Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa na hamea me gbeƒãɖelawo bina ɖe edzi le esi wozãa ɣeyiɣi geɖe wu le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me ta.—Kol. 4:17; Tim. II, 4:5.
3 Tso esime ke kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dze egɔme la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe alafa geɖewo wɔe le xexeame katã. Dzo ɖo nɔviwo me ɖe mɔɖeɖedɔa ƒe akpa sia ŋu ale gbegbe be wokpɔ kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 3,600 kple edzivɔ le Ghana le April 1989 me! Zi etɔ̃ sɔŋ tso ɣemaɣi la, gbeƒãɖela siwo wu 2,400 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me—le ƒe 1993, 1994, kple 1995 me. Ŋutetea li be míawɔ dɔ nyui sia geɖe wu le ƒe 1997 ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi.
4 Míele dzi dem ƒo na wò be nàɖo taɖodzinu be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema le March, April, kple May me. Nukatae míeyɔ March de eme? Elabena Kwasiɖagbe, March 23 dzie Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia dze le ƒe sia me. Nu nyuitɔ kekeake si míawɔ le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me enye be míakpɔ gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ɖo anyi la me dzonɔamemetɔe. Ne míeɖi ɖase geɖe le March me la, míate ŋu akpe ɖetsɔlemetɔ geɖe woava wɔ ɖeka kpli mí míaɖo ŋku Kristo ƒe ku dzi. March aganye ɣleti tɔxɛ elabena emae anye zi gbãtɔ míana agbalẽ yeye si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Azɔ hã Memleɖa kple Kwasiɖagbe atɔ̃e le March ƒe ɣletia me si ana míawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ geɖe le kwasiɖanuwuwuawo. Le nyateƒe me la, veviedodo nu geɖe le subɔsubɔdɔa me le April kple May me ana míate ŋu atrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ eye míazã agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? atsɔ adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. Azɔ hã míatsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazine yeye siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi akpe míaƒe anyigbamamãwo ɖo tsitotsito, vevietɔ le kwasiɖanuwuwuwo.
5 Amekae Dze Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa? Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu gblɔ le axa 113 be: “Eɖanye nɔnɔme ka mee nele o, ne èxɔ nyɔnyrɔ̃, nele agbe nyui nɔm, ate ŋu awɔ ɖoɖo azã gaƒoƒo 60 ɣleti ɖeka le gbeadzi subɔsubɔ me eye nexɔe se be yeate ŋu asubɔ abe kpekpeɖeŋu mɔɖela ene ɣleti ɖeka alo esi wu ema la, adzɔ dzi na hamemegãwo be woadzro wò dɔbiagbalẽvia me hena subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia.” Àte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ le March, April, kple May mea?
6 Hamemegãwo ƒe hawo ƒe dzotsɔtsɔ ɖe dɔ ŋu kple gbeƒãɖelawo katã ƒe asikpekpe ɖe eŋu tso dzi blibo me ana kpekpeɖeŋu mɔɖela 5,000 ƒe amekpekpe sia nadze edzi nyuie. (Heb. 13:7) Míele dzi dem ƒo na ƒomewo ƒe tawo katã be woakpɔe ɖa be ƒomea me tɔ nenie ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti siwo gbɔna dometɔ ɖeka alo esi wu nenema me hã.—Ps. 148:12, 13; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 21:8, 9.
7 Mègaƒo nya ta kaba be yemate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o, le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui, suku ɖoɖowɔɖiwo, ƒomegbanɔamedziwo, alo Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi bubuwo ta o. Ðewohĩ ewɔwɔ manɔ bɔbɔe na ame aɖewo o; gake ɖoɖo nyui wɔwɔ kple Yehowa ƒe yayra ate ŋu ana woawɔe. (Ps. 37:5; Lod. 16:3) Na didi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa nakpɔ ŋusẽ ɖe nɔnɔme si me nèle dzi; mègana nɔnɔme si me nèle nakpɔ ŋusẽ ɖe didi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa dzi o. (Lod. 13:19a) Esia ta lɔlɔ̃ deto na Yehowa kple havi amegbetɔwo na ame geɖe trɔ asi le woƒe kwasiɖaa me dɔwɔnawo ŋu bene woadzi woƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi le ɣleti aɖewo me. (Luka 10:27, 28) Yayra geɖe le ŋgɔ amesiwo dzea agbagba vevie le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔ me nava kpɔ.—Tim. I, 4:10.
8 Dɔ si Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Wɔna: Agbagba si Mawu subɔla akpe geɖe dzena wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kple luʋɔ blibo la nyea kafukafu gã aɖe na Yehowa. Esi Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siawo le vevie dom nu be woagblɔ nyanyuia na ame geɖe wu la, ena woa ŋutɔwo kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli wu elabena wova ɖoa ŋu ɖe eŋu geɖe wu hena eƒe gbɔgbɔ kple yayra.
9 Ne kpekpeɖeŋu kple gbesiagbe mɔɖelawo kpakple mɔɖela veviwo le dɔ wɔm le mía dome la, ena dzo nɔa hamea me. Woƒe dzonɔameme ɖoa ame bubuwo hã me ne wole gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo gblɔm. Esia ʋãa ame bubuwo be woagbugbɔ ŋku alé ɖe woa ŋutɔwo ƒe nu vevitɔwo kple ŋutetewo ŋu be woakpɔ gome le dɔ vevitɔ kekeake si nye subɔsubɔdɔa me geɖe wu. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 70 la dze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme enumake matɔmatɔe. Esi wobiae ƒe aɖewo megbe be nukatae eya si tsi nenema gale kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm veviedodotɔe nenema gbegbe ɣleti ɖesiaɖe hã la, egblɔ be ɖeko wòwɔ na ye abe ɖe yetsɔ yeƒe agbenɔƒe 70 gbãtɔ mawo ƒu gbe ene, eye yemedi be yeagatsɔ yeƒe agbenɔƒe mamlɛawo ƒe ɖeke aƒu gbe o!
10 Amesiame si wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la va bina ɖe edzi nyuie le subɔsubɔdɔa me. Sɔhɛ ɖasefo aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: ‘Le nye ɖevime la, mekplɔa dzinyelawo ɖo yia gbeadzi. Gbeadzisubɔsubɔdɔa vivina ŋutɔ. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe meva kpɔe be le suku la, meto vovo tso sukuvi mamlɛawo gbɔ. Nyateƒea gbɔgblɔ na sukuhatiwo va nɔ ŋu kpem nam. Ne míele gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, mevɔ̃na be mava do go sukuvi nyanyɛ aɖe. Meka ɖe edzi be amegbetɔvɔvɔ̃e nɔ fu ɖem nam. [Lod. 29:25] Esi mewu suku nu la, meɖoe be mawɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi kpui aɖe kpɔ. Ewɔe be gbeƒãɖeɖe va le nunye vivim wu tsã. Nyemegabunɛ be enye fefedɔ o, eye menye agba kpekpe hã o. Ne mekpɔ nye Biblia-nusrɔ̃viwo wole tsitsim le nyateƒea me la, ekpɔkpɔ be Yehowa Mawu le nye agbagbadzedzewo yram la na dzinye dzea eme ŋutɔ.’ Sɔhɛ sia yi ŋgɔ va zu gbesiagbe mɔɖela.
11 Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ne ame geɖe wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le hamea me la, ena wokpea anyigbamamãa ɖo nyuie. Nɔviŋutsu si kpɔa anyigbamamãwo dzi ate ŋu abia kpekpeɖeŋu mɔɖelawo be woakpe asi ɖe eŋu ne woawɔ dɔ le akpa siwo womewɔa dɔ le edziedzi o. Ŋdɔnuɖuɖu tsɔtsɔ ɖe asi kple subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋkeke bliboa katã ana woawɔ dɔ ade anyigbamamãa ƒe didiƒewo ke hã.
12 Hamemegãwo Nawɔ Dzadzraɖo Do Ŋgɔ: Miwɔ ɖoɖo le ɣleti etɔ̃ siwo gbɔna katã me ɖe ɖaseɖiɖidɔ vovovowo ŋu le kwasiɖaa ƒe ɣeyiɣi vovovowo me, ɣetrɔ kple fiẽwo hã ale be ame geɖe wu nate ŋu akpɔ gome le eme. Miɖo ɣeyiɣi na ablɔdziɖaseɖiɖi, dɔwɔwɔ le dɔwɔƒewo, kple amesiwo menɔ aƒeme o gbɔ yiyi tsɔ kpe ɖe aƒeme yi aƒeme dɔ si míewɔna ɣesiaɣi ŋu. Ne hamemegãwo wɔe alea la, akpe ɖe mɔɖelawo ŋu be woayi gbeadzi kple hamea le ɣeyiɣi si asɔ na mɔɖelawo nu. Mina hamea nanya gbeadziyiɖoɖo siwo katã miewɔ. Miwɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo nyuie. Hekpe ɖe eŋu la, midi anyigbamamã si lolo nyuie da ɖi eye midɔ magazinewo kple agbalẽ bubuwo kaba.
13 Wɔ Wò Ŋutɔ ƒe Gbeadziyiɖoɖowɔɖi: Nɔviŋutsu aɖe si nɔ vɔvɔ̃m na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ tsã la gblɔ be: “Ewɔwɔ bɔbɔ sasasã wu alesi mesusui. Ðoɖo nyui wɔwɔ koe hiã.” Èkpɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋuti ɖoɖowɔɖi ƒe kpɔɖeŋu aɖe le emedegbalẽvi sia megbe si asɔ na wòa? Gaƒoƒo 15 koe wòbia be kpekpeɖeŋu mɔɖelawo natsɔ awɔ subɔsubɔdɔ lae le kwasiɖa ɖeka me.
14 Bene nyɔnu aƒedzikpɔlawo kple amesiwo yia dɔ me tso ŋdɔ me nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, woate ŋu awɔ ɖoɖo ayi gbeadzi le ŋdi me. Sukuviwo kple amesiwo yia dɔ me le zã me hã ate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa le fiẽsiwo me. Amesiwo ƒe dɔwɔɖui xɔa ŋkeke bliboa kpɔe be anya wɔ be yewoaxɔ ŋkeke ɖeka le kwasiɖa me si yewomayi dɔ me o alo be yewoazã kwasiɖanuwuwuwo bliboe ɖe subɔsubɔdɔa ŋu tsɔ kpe ɖe fiẽsiɖaseɖiɖi ŋu. Ame geɖe siwo kwasiɖanuwuwu koŋ koe wote ŋu yia gbeadzi la tiaa ɣleti siwo me kwasiɖanuwuwu atɔ̃ le. Nenemae March, August kple November le le ƒe sia me. Zã ɖoɖowɔɖi si le axa 6 si me womeŋlɔ naneke ɖo o eye wònye kpɔɖeŋu la nàbu ɖokuisigbeadziyiɖoɖo si asɔ na nɔnɔme si me nèle la ŋu nyuie le gbedodoɖa me.
15 Ðoɖo siwo nyo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋu ƒe ɖekae nye be àte ŋu atrɔ asi le eŋu. Àte ŋu atia ɣleti siwo me nàwɔ mɔɖeɖedɔa eye àte ŋu awɔe edziedzi alesi nèlɔ̃. Ne èdi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣesiaɣi gake mète ŋui o la, èbu eŋu kpɔ be yeawɔe anɔ ɣleti ɖekaɖeka tsom ɖe dome le ƒe bliboa katã mea? Le go bubu me la, ame aɖewo te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa tsiã ɖe enu ɣeyiɣi didi aɖe.
16 Dzadzraɖo ɖe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Mɔɖeɖedɔa Ŋu: Ame geɖe siwo me mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le la adi be yewoazu gbesiagbe mɔɖelawo, gake wobua eŋu nenye be ɣeyiɣi, nɔnɔme siwo me yewole, alo ŋutete anɔ yewo ŋu be yewoawɔe. Ðikeke mele eme o be amesiwo nye gbesiagbe mɔɖelawo fifia ƒe akpa gãtɔ wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gbã tsɔ dzra ɖo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔa ŋu. Ne èdzi wò kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ŋuti ɖoɖowɔɖia ɖe edzi gaƒoƒo ɖeka ko gbesiagbe, alo nèzã ŋkeke blibo ɖeka kpee kwasiɖa ɖesiaɖe la, àte ŋu aɖo gbesiagbe mɔɖelawo ƒe nudidia gbɔ. Be nànya ne àte ŋui la, nukata màzã gaƒoƒo 90 le subɔsubɔdɔa me ɣleti ɖeka alo esi wu ema esi nèle kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm o? Azɔ hã àkpɔ tɔtrɔyi kple Biblia-nusrɔ̃vi geɖe si ana nàse vivi le mɔɖeɖedɔa me bliboe.
17 Nɔvinyɔnu aɖe wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ade tsiã ɖe enu. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, eƒe taɖodzinue nye be yeazu gbesiagbe mɔɖela. Esia ta ewɔ ŋutilãmedɔ vovovo ene be yeakpɔe ɖa be kae aɖe mɔ na ye yeakpɔ gaƒoƒo 90 le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me hã. Ewɔa ɖoɖowɔɖi ɖeka alo eve ɣleti sia ɣleti bene yeakpɔe ɖa be yeate ŋu awɔe hã. Gake ne elé ŋku ɖe wo ŋu la, ekpɔnɛ be yemate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o. Gake eyi edzi nɔ Yehowa biam be wòafia mɔ ye. Ke gbeɖeka esi wònɔ dzadzram ɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea ŋu la, exlẽ nyati aɖe le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, Vol. 34, No. 10 me si gblɔ be: “Le esi teƒe be wò susu nanɔ gaƒoƒo ƒe nudidia ɖeɖeko ŋu madzemadzee la, nukatae màhe wò susu ayi mɔnukpɔkpɔ si lolo wu dzi be nakpɔ gome le nuŋeŋedɔa me o? (Yoh. 4:35, 36)” Egblɔ be: “Mexlẽ nya sia zi gbɔ zi atɔ̃ alo ade eye meka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa gbɔe ŋuɖoɖo sia tso. Metso nya me ɣemaɣi be madze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme.” Togbɔ be ŋutilãmedɔ si wòwɔna ƒe ɖoɖowo mesɔ nyuie o hã la, eɖo dɔbiagbalẽ ɖa be yeazu gbesiagbe mɔɖela. Kwasiɖa ɖeka megbe la, wotrɔ eƒe dɔwɔɣiwo, eye dɔwɔɣeyiɣi siwo woɖo nɛ la sɔ pɛpɛpɛ. Eƒo nya ta be: “Ðe màgblɔ be Yehowae de asi eme oa,” eye wògagblɔ be: “Ne èbia Yehowa be wòafia mɔ wò eye wòfia wò la, mègagbee o—wɔ ɖe edzi.” Ne èdi vevie be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, ɖewohĩ le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɣleti etɔ̃ megbe le March, April, kple May sia me la, àkpɔ kakaɖedzi be wò hã àte ŋu akpɔ dzidzedze le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.
18 Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra eƒe amewo ƒe veviedodonu eye wòado alɔ woƒe agbagbadzedzewo esi wole xɔxɔ ŋuti nyanyuia gblɔm le dɔwɔɣi tɔxɛ sia me. (Yes. 52:7; Rom. 10:15) Àwɔ ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖela 5,000 ƒe amekpekpea dzi àkpɔ gome le eme le March, April, kple May mea?
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze le Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Me
■ Kakaɖedzi nenɔ asiwò be yeakpɔ dzidzedze
■ Do gbe ɖa na Yehowa be wòayra wò agbagbadzedzewo
■ Kpe gbeƒãɖela bubu be wòawɔ mɔɖeɖedɔa kpli wò
■ Wɔ gbeadziyiɖoɖo si asɔ na wò
■ Dɔ magazine wòasɔ gbɔ
■ Kpe asi ɖe hamea ƒe gbeadziyiɖoɖowo ŋu
■ Di mɔnukpɔkpɔwo nàtsɔ aɖi vomeɖasee