Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March me: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. April Kple May: Míana woadɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! June: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Wò susu nenɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu ɣesiaɣi.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le March 1 dzi alo le emegbe kpuie. Miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea ne miewɔe vɔ.
◼ Woaƒo ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le hame akpa gãtɔ me le Kwasiɖagbe, April 6 lia dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Te Ðokuiwò Ða tso Xexeame ƒe Ðiƒoamenuwo Gbɔ.” Ele be mí katã míayi, eye ele be míakpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe la ŋu be woava se nuƒoa. Nya siwo míase la agade dzo mía me godoo be míagaɖoe kplikpaa wu be míadze Mawu ŋu.
◼ Be míakpɔ viɖe gãtɔ tso hame ƒe nusɔsrɔ̃ le Ame Vevitɔ Kekeake ƒe agbalẽa me la, taflatse lé ŋku ɖe mɔfiame nyui siwo dze le October 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 1 ŋu. Nyatia ɖe alesi woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ŋui kple ɖoɖo si nu Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a azɔ ɖo la me. Aɖe vi na nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple amesiame si ayi ne wodzro nya sia me.
◼ Le nuto ɖesiaɖe me, le ɣeyiɣi vovovowo me le ƒea me la, wonaa mɔkeke ɖeviwo le suku eye amewo meyia dɔ me o le xexeme ŋkekenyui aɖewo ɖuɣi. Esiawo naa mɔnukpɔkpɔ nyuiwo sua hamea si be woadzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzi. Hamemegãwo nabu ɣeyiɣi siwo me woaɖu azã siawo la ŋu do ŋgɔ eye woatsɔ ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ ana hamea nanya ɖoɖo siwo wɔm wole ɖe hahoɖaseɖiɖi ŋu le ŋkekenyuiawo ɖuɣi.