Nyabiaɖaka
◼ Ne wobia tso hamea si be wòana kpekpeɖeŋu woawɔ ɖoɖo ɖe kunu aɖe ŋu la, nyabiabia siwo gbɔna la ate ŋu afɔ ɖe te:
Amekae aƒo kunuƒoa? Ƒomea me tɔwoe atso nya me le nya sia ŋu. Woate ŋu atia nɔviŋutsu ɖesiaɖe si si tenɔnɔ nyui le. Ne wobia tso hamemegãwo ƒe ha la si be woatia amesi aƒo nuƒoa la, zi geɖe la, woatia hamemegã bibi aɖe be wòaƒo nuƒo si wotu ɖe Habɔbɔa ƒe nuƒogbalẽvia dzi. Togbɔ be manye ame kukua kafukafu o hã la, asɔ be míaƒo nu tso nɔnɔme nyui siwo nɔ esi la ŋu.
Ðe woate ŋu azã Fiaɖuƒe Akpata la? Woate ŋu azãe ne hamemegãwo ƒe ha la ɖe mɔ le eŋu eye magblẽ kpekpeɣi aɖeke me o. Woate ŋu azã akpata la ne wonya be ame kukua nɔ agbe dzadzɛ eye wònye hamea me tɔ alo wònye hamea me tɔ aɖe ƒe vi si metsi o. Ne ŋkɔ gbegblẽ le amea ŋu le amewo ŋkume le agbenɔnɔ si medze Kristotɔwo o ta, alo ne nya aɖewo li siwo maƒo nu nyuie le hamea ŋu o la, hamemegãwo ate ŋu atso nya me be woagazã akpata la o.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa, axa 62.
Zi geɖe la, míezãa Fiaɖuƒe Akpatawo na dzimaxɔsetɔwo ƒe kunuwo wɔwɔ o. Gake nɔnɔmea ato vovo ne ƒomea me tɔ siwo dzi kua dzɔ ɖo la nye hamea me tɔ gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ veviedonulawo, ne hamea me tɔ geɖe nya ame kukua be edzɔa dzi ɖe nyateƒea ŋu eye ŋkɔ nyui le eŋu le nutoa me be enɔa agbe nyui, eye ne womede xexemekɔnu aɖeke ɖoɖowɔɖia me o.
Ne hamemegãwo le mɔ ɖem ɖe Fiaɖuƒe Akpata la zazã ŋu la, woade ŋugble akpɔe ɖa be esɔ ɖe dekɔnu nu be woatsɔ aɖaka la ava kua teƒee hã. Ne wowɔnɛ la, woate ŋu aɖe mɔ be woatsɔe ava akpataa mee.
Ke xexemetɔwo ƒe kunuwo ya ɖe? Ne ŋkɔ nyui le ame kukua ŋu le nutoa me la, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu aƒo Biblia me nuƒo fakɔname aɖe le kuƒea me loo alo le yɔdoa to. Hamea malɔ̃ awɔ amesi wonya le eƒe agbegbegblẽnɔnɔ, nu manɔsenu wɔwɔ alo amesi ƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu kura o la ƒe kunu o. Nɔviŋutsu aɖeke hã makpɔ gome kple osɔfo aɖeke woawɔ xɔsetsakatsaka subɔsubɔ aɖeke alo akpɔ gome le kunu si woawɔ le Babilon Gã la ƒe sɔlemexɔ aɖe me la me kura o.
Ke ne ame kukua nye amesi woɖe le hame ɖe? Zi geɖe la, hamea maƒo eɖokui ɖe eme, alo woazã Fiaɖuƒe Akpata la o. Ne amea nɔ dzimetɔtrɔ ɖem fia eye wònɔ didim be woagaxɔ ye la, nɔviŋutsu aɖe ƒe dzitsinya aɖe mɔ nɛ be wòaƒo Biblia me nuƒo le kuƒea me loo alo le yɔdoa to, atsɔ aɖi ɖase na dzimaxɔsetɔwo ahafa akɔ na ƒometɔwo. Gake hafi nɔviŋutsua natso nya me alea la, anyo be wòakpɔ hamemegãwo ƒe ha la eye wòade ŋugble le aɖaŋu siwo woaɖo la ŋu. Le nɔnɔme siwo me masɔ le be nɔviŋutsua naƒo eɖokui ɖe eme o me la, asɔ be nɔviŋutsu si nye ame kukua ƒe ƒometɔ naƒo nuƒo atsɔ afa akɔ na ƒometɔwo.—Kpɔ January 1, 1982, Gbetakpɔxɔ, axa 6; kple June 1, 1977, Eŋlisigbe me tɔ, axa 347-8.
Woate ŋu agakpɔ mɔfiafia bubuwo le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye October 15, 1990, axa 30-1; September 15, 1981, axa 31; March 15, 1980, axa 5-7; June 1, 1978, axa 5-8; June 1, 1977, axa 347-8; March 15, 1970, axa 191-2; kple Nyɔ! September 8, 1990, axa 22-3 kple March 22, 1977, axa 12-15.