INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/97 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Susu Ðeɖeɖa le Amesi ƒe Vidzinu To Vovo na Tɔnye Dzi Sesẽna Nam Alea?
    Nyɔ!—1994
  • Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Aleke Mawɔ Aɖe Nye Dzixɔse Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ŋu Me?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 5/97 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Nukawo ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo ne míele ha dem kple ŋutsu alo nyɔnu le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

Esɔ be míakpɔ mɔ be mía nɔvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo di be yewoalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ me ɖe asi le woƒe agbenɔnɔ me la le mía si. Gake míele xexe gbegblẽ si ɖea mɔ ɖe nu ŋu me si agbenɔnɔ ŋuti se ʋee aɖewo ko le me. Togbɔ be susu nyuiwo ate ŋu anɔ míasi hã la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi be míahe vlodoame vɛ alo awɔ nusi mesɔ o.Alesi míanɔ ŋudzɔ ne míele subɔsubɔdɔa wɔm hã kpe ɖe eŋu.

Míedoa go ŋutsu alo nyɔnu siwo dzena abe ɖe wotsɔ ɖe le nyateƒea me ŋutɔ ene le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me zi geɖe. Ne mía ɖeɖe ye yi eye ame bubu aɖeke mele aƒea me o la, anyo wu zi geɖe be míɖi ɖase le ʋɔtrua nu tsɔ wu be nàge ɖe xɔa me. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, míate ŋu awɔ ɖoɖo atrɔ ayi kple gbeƒãɖela aɖe alo ayi le esime ame bubu siwo le aƒea me hã anɔ anyi. Ne esia manya wɔ o la, nunya anɔ eme be míatrɔ nusɔsrɔ̃a na gbeƒãɖela si nye ŋutsu alo nyɔnu abe aƒemenɔla la ke ene wòawɔ. Esia ku ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ŋutsu alo nyɔnu hã ŋu.—Mat. 10:16.

Ele be míaɖɔ ŋu ɖo le amesi míawɔ dɔ kpli le subɔsubɔdɔa me tiatia ŋu. Togbɔ be ŋutsu kple nyɔnu gbeƒãɖelawo ate ŋu awɔ dɔ kple wo nɔewo ɣeaɖewoɣi hã la, mele be wòanye ɣesiaɣi o, eye anyo wu ne wowɔe le ha me. Ne míele subɔsubɔdɔa me la, nunya manɔ eme be míaɖe ɖe aga kple ŋutsu alo nyɔnu si menye mía srɔ̃ o. Eyata nɔviŋutsu si akpɔ gbeadziyiyi dzi la nazã nuŋububu nyui atsɔ amã gbeƒãɖelawo kple ƒewuiviwo be woawɔ dɔ ɖekae.

Ne míezã nuŋububu nyui ɣesiaɣi la, ‘naneke manye nuɖiaɖia’ na mí alo na ame bubuwo o.—Kor. II, 6:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe