INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/97 axa 5
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 8/97 axa 5

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le May 5 vaseɖe August 18, 1997, ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Xizkiya to fofoa, Axaz, ƒe ʋe me esi wòkpe asi ɖe alakpamawuwo subɔsubɔ ŋu le Yuda. [it-1 axa 1103]

2. Mateo 24, Marko 13, kple Luka 21 me koe ŋkeke mamlɛwo ƒe dzesiwo le. [kl axa 102 aɖaka]

3. Nya si Yohanes Amenyrɔɖetsimela bia le Luka 7:​19 fia be xɔse menɔ esi o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 1/1 axa 16.]

4. Le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ si Yesu ɖu kple eƒe nusrɔ̃lawo me la, Petro koe gblɔ nɛ be: “Nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o.” [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ]

5. Kpeɖodzi aɖeke mele Biblia me si fia be apostolo Petro nye srɔ̃tɔ o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ]

6. Fiaɖuƒe si Yesu ɖe gbeƒãe la le Mawu ƒe xexeame katã ƒe fiagãnyenye te alo edo evelia nɛ. [kl axa 91 mm. 4]

7. Herodes Antipa ye nye dziɖula si na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimela nu. [it-1 axa 1095]

8. Esi Yesu gblɔ na Farisitɔwo be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le wo dome la, eɖokui ŋue wònɔ nu ƒom le be yenye Fia si ava ɖu dzi. (Luka 17:21) [kl axa 91 mm. 6]

9. Numeɖeɖe adodoe aɖeke meli si fia nusita nya geɖe le Luka ƒe agbalẽa me wu Nyanyuigbalẽ etɔ̃ bubuawo ne wotsɔ wo ƒo ƒui o. [si axa 187 mm. 2]

10. Dziɖuha la me tɔ aɖeke mete ŋu ɖi tsa de Ɣedzeƒe Europa dukɔwo me esime woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le xexeame ƒe akpa ma o. [jv axa 506 mm. 1]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Sinima kae Habɔbɔa ɖe ɖe go le ƒe 1954 me si na ekpɔla siwo le xexeame katã kpɔ alesi Yehowa ƒe habɔbɔa loloe? [jv axa 480 mm. 4]

12. Mɔ kawo dzi gbeƒãɖela aɖewo tona te ŋu kpɔa amewo ɖoa dze kple wo le subɔsubɔdɔa me? [jv axa 516 mm. 1-3]

13. Nukata Yehowa gblɔ na Eliya be “[wòaɖasi] ami na Xazael, ne wòanye fia ɖe Aram dzi”? (Fia. I, 19:15) [it-1 axa 1046]

14. Nukae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be: “Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome”? (Marko 9:50) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w85-EW 11/1 axa 28 mm. 12.]

15. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu ɖe ahosi dahe la ƒe nudzɔdzɔa ŋu me? (Marko 12:​42-44) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 12/1 axa 29 mm. 7–​axa 30 mm. 1.]

16. Aleke Petro ƒe nɔnɔme aɖewo dze le atsyã si Marko tsɔ ŋlɔ nui me, eye nuka gbɔe wòtso? [si axa 182 mm. 5-6]

17. Ne míetsɔ Mateo 6:​9, 10 sɔ kple Luka 11:​2-4 la, nukata míate ŋu aƒo nya ta be menye ɖe woɖoe be míagbugbɔ anɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nyawo gblɔm ɖekaɖeka o? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90-EW 5/15 axa 9 mm. 6.]

18. Ne míexlẽ mawunyakpukpuiwo abe Luka 3:​1, 2 ene la, mɔ ka nue kakaɖedzi gasua mía si le be woate ŋu aɖo dzi ɖe Biblia ŋu? [si axa 188 mm. 7]

19. Ŋɔŋlɔ kawoe le Psalmowo kple Hebritɔwo me siwo fia be Yesu medze fiaɖuɖu gɔme enumake esime wòyi dziƒo o? [kl axa 96 mm. 15]

20. Esi míenya be menye ɖe Yesu mexɔ Mawu dzi se o la, ke nukatae wòdo ɣli be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?” (Marko 15:34) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 6/15 axa 31.]

Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Le Yudatɔwo ƒe se nu la, Herodes Antipa kple Herodia ƒe srɔ̃ɖeɖe mele ․․․․․․․․ eye wònye ․․․․․․․․. [it-1 axa 1100]

22. Mose gblɔ na nyoa ․․․․․․․․, be wòanye ․․․․․․․․ na Israel-dukɔa esime wonɔ mɔ dzi tso Sinai-toa ƒe nutome ɖo ta ․․․․․․․․ la dzi. [it-1 axa 1126]

23. Tiro-fia ․․․․․․․․, na ․․․․․․․․ kple ․․․․․․․․ Salomo tsɔ kpe ɖe eŋu le gbedoxɔa tutu me le Yerusalem. [it-1 axa 1121]

24. Woɖo Harold King kple Stanley Jones ɖe ․․․․․․․․ le ƒe 1947 me, ale be wòzu Ɣedzeƒedukɔ gbãtɔ si me woɖo dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead ɖo. [jv axa 489 mm. 2]

25. Sibia kple Light nye ŋkɔ siwo wotsɔ na ․․․․․․․․ siwo dutanyanyuigblɔlawo zã le ɖaseɖiɖi me le West Indies. [jv axa 463 mm. 1]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Woɖo (Teokrasi Subɔsubɔ; Fiaɖuƒe Subɔsubɔ; Gilead) Suku le ƒe (1939; 1943; 1946) me bene woatsɔ akpɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe hiahiã gbɔ. [jv axa 458 mm. 2]

27. Edze ƒã be ƒe alafa gbãtɔ me xɔsegbela si nye (Aleksandro; Diotrefo; Himenaio), fia nu be kpɔɖeŋunu koe tsitretsitsi la nye eye be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli gbɔna o. [it-1 axa 1164]

28. (Herodes Agrippa I; Herodes Antipa; Herodes Gãtɔ) ye ɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo mexɔ ƒe eve haɖe o le Yesu dzidzi vɔ megbe teti. [it-1 axa 1093]

29. Ismael ƒe gafluinuwɔwɔ ɖe Isak ŋu si ŋu woƒo nu tsoe le Mose I, 21:​8, 9 nye Yudatɔwo ƒe ƒe (400; 430; 450) fukpekpe ƒe gɔmedzedze, si wu enu esime woɖe Israel-viwo tso (Asiria; Babilon; Egipte) le ƒe (537; 740; 1513) D.M.Ŋ. me. [it-1 axa 1216]

30. Abe alesi woŋlɔ le (Mateo 10; Mateo 24; Luka 21) ene la, Yesu na subɔsubɔdɔ ŋuti mɔfiame tɔxɛwo amesiwo wòdɔ be woaɖa ɖe gbeƒã la. [si axa 180 mm. 31]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Marko 7:​20-23; 13:10; Luka 8:​31; Dɔwɔwɔwo 12:​20-23; 17:⁠11

31. Ele be míanɔ ŋudzɔ bene míade dzesi mawumavɔmavɔ̃ alo ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖesiaɖe si ava míaƒe tame kple dzime eye ele be míaɖee ɖa hafi wòaƒo ke ɖe to. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89-EW 11/1 axa 6 mm. 16.]

32. Gbɔgbɔ vɔ̃wo akpe ɖe Satana ŋu anɔ dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme me abe ɖe woku ene le “ƒe akpe ɖeka la” me. (Nyaɖ. 20:⁠3) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ]

33. Ehiã nuwɔwɔ kpata ƒe susu bene woawu xexeame katã ƒe ɖaseɖiɖidɔa nu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 10/1 axa 27.]

34. Yehowa Ðasefowo fia nu ame akpe akpewo be wonya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, eye ena mɔnukpɔkpɔ amewo be woasrɔ̃ Biblia le wo ɖokui si. [jv axa 466 mm. 3-4]

35. Ele be amegbetɔwo nakpɔ nyuie be woagaxɔ kafukafu na wo ɖokui o elabena ɖokuiŋudzedze menyoa Mawu ŋu o, abe alesi menyoa amegbetɔ geɖe hã ŋu o ene. [it-1 axa 1097; kpɔ w94-EW 9/1 axa 21 hã.]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe