Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le August me: Axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe: Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, kple Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake ɖe Eŋu? September: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. October: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔ. Le ɣletia ƒe nuwuwu lɔƒo la, míamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia. November: Míayi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã dzi. Hame siwo tsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia kpe woƒe anyigbamamã ɖo la ate ŋu ana Sidzedze-gbalẽa.
◼ Le ƒea ƒe ɣeyiɣi vovovo me la, xexemetɔwo ƒe ŋkekenyuiwo nɔa anyi siwo ɖuɣi wonaa mɔkeke sukuviwo eye dɔmedelawo medea dɔ me o. Ɣeyiɣi siawo ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ nyuiwo be woawɔ dɔ geɖe le gbeadzi. Hamemegãwo nade dzesi ɣeyiɣi siawo do ŋgɔ eye woana hamea nanya ɖoɖo siwo wowɔ ɖe hahoɖaseɖiɖi ŋu le ŋkekenyuiɖuɣiwo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ.
◼ Míele dɔwɔgbalẽ siwo míazã le ƒe 1988 subɔsubɔƒea me ƒe agbɔsɔsɔme si asu ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mizã dɔwɔgbalẽawo na nusita wota wo ɖo dzaa ko.
◼ Hame ɖesiaɖe axɔ “Literature Inventory” dɔwɔgbalẽ (S-18) etɔ̃. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nakpe kple agbalẽdzikpɔla le August ƒe gɔmedzedze ne woaɖo ŋkeke si dzi woaxlẽ hamea ƒe agbalẽwo le ɣletia ƒe nuwuwu. Mixlẽ agbalẽawo katã ɖekaɖekae, eye miaŋlɔ woƒe xexlẽme ɖe “Literature Inventory” dɔwɔgbalẽa dzi. Miate ŋu abia magazinedzikpɔla axɔ magazine siwo li ƒe xexlẽme. Taflatse miɖo ŋku edzi miakpe dɔwɔgbalẽa ƒe akpa evea siaa ɖo eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa megatsi megbe wu September 6 o. Mida kɔpi evelia ɖe miaƒe nuŋlɔɖiwo daɖoƒe. Mizã etɔ̃lia tsɔ bu akɔntae. Agbalẽŋlɔla la nekpɔ agbalẽawo xexlẽ dzi, eye dzikpɔla zimenɔla nelé ŋku ɖe eŋu ne wokpe dɔwɔgbalẽa ɖo. Agbalẽŋlɔla kple dzikpɔla zimenɔla nede asi dɔwɔgbalẽa te.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woaɖo ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ƒe dɔbiagbalẽwo ɖe Habɔbɔa ɣleti etɔ̃ teti do ŋgɔ na ɣeyiɣi si mɔɖelaawo di be yewoadze dɔa gɔme. Esia ana ɣeyiɣi mí míatsɔ akpɔ wo gbɔe eye míawɔ woƒe dzeƒeɖoɖowo.
◼ Betel ƒe dɔwɔɣiwo:
Kwasiɖaŋkekewo
—Ŋdi ga 8 vaseɖe ŋdɔ ga 12
Ŋdɔ 1:15 vaseɖe ɣetrɔ 5:10
Memleɖagbewo:
Ŋdi ga 8 vaseɖe ŋdɔ ga 12