Subɔsubɔkpekpewo Hena August
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 4
Hadzidzi 16
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe April gbeadzikɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu.
13 min: “Kpekpewo Dea Dzi Ƒo be Míawɔ Dɔ Nyuiwo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ viɖe tuameɖo siwo le dzeɖoɖo do ŋgɔ na kpekpewo kple emegbe me.—Kpɔ School Guidebook, axa 82, memamã 17-18.
25 min: “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu be Ana Nuwo Natsi.” Nuƒo kple wɔwɔfiawo. Te gbe ɖe alesi wòhia be woatrɔ ayi afisiwo wona agbalẽ gbadzawo le la dzi. Na woawɔ wɔwɔfia eve siwo ŋu wodzra ɖo ɖe nyuie atsɔ afia alesi woadze nusɔsrɔ̃wo gɔmee. Gblɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le March 1997, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi, memamã 7-11 kpee.
Hadzidzi 78 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 11
Hadzidzi 20
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: “Ame Tsitsiwo Ðea Gbeƒã Madzudzɔmadzudzɔe.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si le July 1, 1988, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 13, si ku ɖe mama tsitsi aɖe si wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋu la kpee.
23 min: “Miaƒe Anyinɔnɔ le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.
Hadzidzi 117 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 18
Hadzidzi 43
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. “Kpe Ðe Amesiame Ŋu Wòade Gbeadzi Ɣesiaɣi.” Nuƒo. Àte ŋu agblɔ nya vevi siwo le June 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 1 si ƒo nu tso kpekpe ɖe amesiwo gbɔdzɔ ŋu la akpee.
15 min: “Ðe Wòle Be Viwò Nanɔ Sukuƒemea?” Hamemegã si si ƒome le ƒe nuƒo si wotu ɖe nyati si le Gbetakpɔxɔ, March 15, 1997, axa 25-8 dzi. De dzi ƒo na dzilawo be woabu wo viwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu gbã ne wole wo dzram ɖo ɖe etsɔme ŋu.
20 min: Zã Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe Agbalẽ Gbadza Tsɔ Wɔ Tɔtrɔyiwo. Fia alesi woabia nya eye woadi ŋuɖoɖoa le agbalẽ gbadzaa mee. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ gbadza la ɖo biabia siwo gbɔna ŋu: Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa? (Axa 5-6) Ðe menyo be woaxa nu oa? (Axa 8-9) Aleke woate ŋu anɔ te ɖe nuxaxa nui? (Axa 18) Aleke ame bubuwo ana kpekpeɖeŋui? (Axa 20-3) Aleke woakpe ɖe ɖeviwo ŋu be woase ku gɔmee? (Axa 25) Akɔfanamenya kae Biblia gblɔ? (Axa 27) Emegbe nàdzro nu me kple gbeƒãɖela bibi eve kpuie le alesi wozã agbalẽ gbadza sia le tɔtrɔyiwɔwɔ me tsɔ ɖo nya siwo wolɔ̃a biabia tso ku ŋui. Wɔ alesi woazã agbalẽ gbadza sia le tɔtrɔyiwɔwɔ mee fia.
Hadzidzi 94 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 25
Hadzidzi 23
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ gbeadzikɔntabubu ana. Ðe gbeƒã gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖo siwo wowɔ ɖe kwasiɖaa ŋu.
15 min: “Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe.” Vifofo nadzro nyatia me kple viawo, eye woatsɔ nya vevi siwo akpe ɖe ame ŋu siwo le January 8, 1996, ƒe Nyɔ!, axa 19-23 la akpee.
20 min: Ðe Gbeƒã Kple Taɖodzinu. Hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla ɖeka alo eve nadzro Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa, axa 8-12 me. Te gbe ɖe susu vevi siwo ta wòle be ŋgɔyiyi ƒe nukpɔsusu nyuiwo nanɔ mía si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu eye míawɔ nu aduadu kple habɔbɔa dzi.
Hadzidzi 100 kple gbedodoɖa hena kpakpã.