INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/97 axa 7
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Ðasefoe Nènyea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Ðasefoe Nènyea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Nèbua Dzidzedzekpɔkpɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dzidzɔ Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Yehowa “Nena . . . Wò Ðoɖowo Katã Nadze Edzi Na Wò”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 10/97 axa 7

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Ðasefoe Nènyea?

1 Ðe nàte ŋu agblɔ be ẽ atsɔ aɖo biabia sia ŋua? Togbɔ be menye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katãe ate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o hã la, ɖe mesɔ be míakpɔ mɔ be mí katã míabu mía ɖokui be míenye eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe Ðasefowo oa? Ele be míabui nenema nyateƒe.

2 Womate ŋu ayɔ ame aɖeke be enye ɣeyiɣi aɖe ƒe Kristotɔ o. Yesu gblɔ le Fofoa ŋu be: “Mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.” (Yoh. 8:29) Paulo, amesi hã se le eɖokui me nenema ke la xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã na Mawu ƒe kafukafu.’ (Kor. I, 10:31) Eyata ele be mí katã míabu mía ɖokui be míenye Yehowa ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe Ðasefowo. Mía ɖokui bubu alea akpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi le nusianu si míawɔ me.

3 Bu Eƒe Kpeɖodziwo Ŋu Kpɔ: Míaƒe dzedzeme, nuƒo, kple agbenɔnɔ ate ŋu ana ame bubuwo nanya be Yehowa Ðasefowoe míenye nyateƒe. Míekpɔa egbɔ be míaƒe dzedzeme nasɔ, míaƒe nuƒo natu ame ɖo, eye míaɖe nɔnɔme nyui afia ɣesiaɣi si míele gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo ne míele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Gake ne míeyina suku, míele ŋutilãmedɔ aɖe wɔm, alo míele modzaka ɖem o, ele be nusianu si adze le mía ŋu naɖee afia be míenɔa agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu.

4 Yesu gblɔ be: “Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o. . . . Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mat. 5:14-16) Ele be wòanɔ alea le nusianu si míewɔna me ɣeawokatãɣi. Ne míekpɔe be míehena ɖe megbe le ɖaseɖiɖi me le afisi míele alo nusi wɔm míele ta la, ehiã be míabia mía ɖokui be, ‘Ɣeyiɣi aɖee metsɔ le Yehowa subɔm loo alo ɣeyiɣiawo katãe?’ Migana mɔnukpɔkpɔ si asu mía si be míaƒo nu na ame bubuwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ŋu nato mía ŋu gbeɖe o.

5 Miɖo ŋku edzi be anye bubudede Yehowa ŋu eye míaƒe nu adze eŋu ne míete ŋu ɖo biabia si nye be, “Ɣeyiɣiawo katã ƒe Ðasefoe nènyea?” ŋu sesĩe be “Ẽ!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe