Mimã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia Wòade Afisiafi
1 Mí katã míabiã ŋku ɖe dɔ ŋu le October kple November ƒe ɣletiawo me. Le October ƒe ŋkeke 11 gbãtɔawo me la, míaxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔwo. Emegbe tso Kwasiɖagbe, October 12, dzi vaseɖe Kwasiɖagbe, November 16, dzi la, míakpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia si woamã le xexeame katã la me. Anye mɔnukpɔkpɔ na mí be míatsɔ gbedasi vevi aɖe ayi na amesiwo katã le míaƒe nutoa me. Anye biabia si nye, “Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea?” ƒe ŋuɖoɖo. Le dɔ tɔxɛ sia wɔɣi la, míamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia le kwasiɖaŋkekewo dzi. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míaxɔ nudɔdɔwo akpe ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã ŋu.
2 Amekawoe Ate Ŋu Akpɔ Gome le Eme? Hamemegãwoe axɔ ŋgɔ na dɔa, abe alesi wowɔnɛ ɖaa ene. Amesiame sea vivi le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mamã me, eye ɖikeke mele eme o be gbeƒãɖela gbogbo aɖewo adi be yewoazu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le ɣleti siwo míatsɔ awɔ dɔa dometɔ ɖeka alo evea siaa me. Gbeƒãɖela bubuwo adi be yewoazã ɣeyiɣi geɖe wu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
3 Ðe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe le asiwò si srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa yi ŋgɔ eye eteƒe madidi o wòadze akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea? Ðewohĩ ate ŋu azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ kaba akpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã me. Dzeɖonya bɔbɔe aɖe koe woagblɔ atsɔ ana trakt lae. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agblɔ be: “Gbedasi sia le vevie ale gbegbe be wole emãm le xexeame katã ɣleti sia le gbegbɔgblɔ 169 me. Medi be ɖeka nanɔ wò ŋutɔ asiwò.” Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ gome le dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ me nyuie.
4 Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nade dzi ƒo na woƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe be wòakpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia mamã me bliboe. Gbeƒãɖela aɖewo hã li siwo megadea gbeadzi o siwo agate ŋu adze gbeadziyiyi gɔme ne wokpɔ dzideƒo si hiã. Do ŋgɔ na dɔa wɔwɔ la, hamemegãwo ate ŋu asrã amesiawo dometɔ ɖesiaɖe kpɔ akpɔe ɖa be nukae yewoate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu woawɔ ɖeka kple gbeƒãɖela bibiwo le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia wɔwɔ me hã.
5 Ɣekaɣie Míakpe Hena Gbeadziyiyi? Dɔ sia katã wɔwɔ abia hahoo ɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo nyui siwo asɔ le mia gbɔ. Le afisi wòanya wɔ le la, woawɔ ɖoɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu kwasiɖaŋkeke ɖesiaɖe, kwasiɖanuwuwuwo, kple le fiẽsiwo me. Ele be woawɔe le ɣeyiɣi siwo ade gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo dzi woawɔ ɖaseɖiɣia ŋudɔ bliboe me. Woate ŋu awɔ gbeadziyikpekpe ƒe ɖoɖowo hã le ɣetrɔwo me be wòaɖe vi na sukuviwo, dɔwɔla siwo ƒe dɔmedeɣi trɔna, kple ame bubuwo. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nakpɔ egbɔ be yetia anyigbamamã geɖe siwo me woawɔ aƒeme yi aƒeme dɔa le kple dɔwɔƒewo ale be amesiame nate ŋu akpɔ gome le dɔa wɔwɔ me bliboe. Ne gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ ɖe teƒe aɖe la, ele be woadze aɖaŋu le ame agbɔsɔsɔme si awɔ dɔ le anyigbamamãa ƒe akpa aɖe gome.
6 Ke Amesiwo Míetu le Aƒeme O Ya Ðe? Míedi be míakpɔ aƒemenɔla geɖe alesinu míate ŋui ne míaɖe nusita wòle be woaxlẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia la me na wo tẽ. Eyata ne mèva tu ame aɖeke le aƒea me o la, ŋlɔ adrɛs la ɖi eye nàgayi le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi bubu me. Ne dɔa ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ ɖo gake agbagba siwo nèdze be yeakpɔ aƒemenɔla siawo medze edzi kpɔ o la, àte ŋu atsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖeka ade ʋɔtrua te le afisi amesiwo tsoa eme va yina mate ŋu akpɔe o. Le teƒe siwo nye amenɔƒewo koŋ la, nɔ ŋudzɔ nàna Fiaɖuƒe Ŋuti Nya amesiwo anɔ zɔzɔm le ablɔdzi. Ne miele dɔ wɔm le kɔƒenutowo me eye anyigbamamã geɖe li si manya kpe ɖo le dɔa wɔɣi o la, ke migblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖeka ɖi na amesiwo mietu o la le yiyi zi gbãtɔ me.
7 Nukae Nye Míaƒe Taɖodzinu? Hamewo nadze agbagba azã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya siwo katã le wo si atsɔ akpe woƒe anyigbamamã katã ɖo hafi dɔa nawu enu le November 16 lia dzi. Ne miaƒe hamea ƒe anyigbamamã lolo ŋutɔ eye ne anyo be wò ɖeka nàwɔ dɔ tsɔ wu be nàzɔ kple ame aɖe la, ɖewohĩ àkpɔe be anyo be yeawɔe nenema. Esia ana miate ŋu atsɔ nyanyuia ayi na ame geɖe siwo dze alesi miate ŋui. (Mat. 10:11) Ðewohĩ anyo wu be nàtsɔ trakt ʋee aɖewo ɖe asi eye nàtsɔ Biblia ade wò kotoku alo akplovi me tsɔ wu be nàtsɔ agbalẽkplo ɖe asi. Kpɔ egbɔ nàwɔ nuŋlɔɖi nyui le amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋu.
8 Miele Klalo be Yewoadze Dɔa Gɔmea? Hamemegãwo nalé ŋku ɖe magazine bubu siwo hamea agahiã ŋu eye woadɔ wo do ŋgɔ. Mehiã be miadɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia o, elabena míele agbɔsɔsɔ aɖe ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Mɔɖela veviwo, gbesiagbe mɔɖelawo, kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo dometɔ ɖesiaɖe axɔ 200 amã, eye woana 30 hamea me gbeƒãɖelawo dometɔ ɖesiaɖe. Wofia alesi míawɔ dɔae la mí. Ðe nèdi vevie be yeakpɔ gome le dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ mea? Ðikeke mele eme o be èdi nenema. Mina míamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia me gbedasi vevi si tso Biblia me la wòade teƒe geɖe wu ɖesiaɖe alesi míate ŋui!