Mikpe Ðe Srɔ̃tɔ Siwo Menye Ðasefowo O Ŋu
1 Dzidzɔ gã wònyena ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me. Gake le ƒome geɖe me la, srɔ̃tɔ ɖeka koe le nyateƒea ƒe mɔ dzi. Aleke míawɔ akpe ɖe srɔ̃tɔ siwo menye Ðasefowo o ŋu ahade dzi ƒo na wo be woasubɔ Yehowa ɖe mía ti?—Tim. I, 2:1-4.
2 Mise Woƒe Nukpɔsusu Gɔme: Togbɔ be srɔ̃tɔ aɖewo siwo menye Ðasefowo o atsi tre ɖe mía ŋu hã la, ɖekematsɔleme kple nugɔmemasemase gbɔe kuxia tsona zi geɖe. Ðewohĩ amea ase le eɖokui me be wogblẽ ye ɖi alo aʋã ŋu gbɔgbɔmenu yeye si ŋu srɔ̃a va tsɔ dzo ɖo. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Ne nye ɖeka metsi aƒeme la, mekpɔnɛ be wogbem.” Bubu gblɔ be: “Mesenɛ le ɖokuinye me be srɔ̃nye kple vinyewo le nye gblẽm ɖi.” Ðewohĩ ŋutsu aɖewo abu be subɔsubɔha aɖe le yewoƒe ƒome xɔm le yewo si. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 15, 1990, axa 20-3.) Ema tae wònyo wu be, ne anya wɔ la, woana srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nawɔ ɖeka le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ me tso gɔmedzedzea.
3 Miwɔ Dɔ Aduadu: Atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo te ŋu wɔ dɔ ɖekae kpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu wova nyateƒea me. Ne nɔvinyɔnua dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃nyɔnu aɖe vɔ la, nɔviŋutsua hã yina ɖasrãa srɔ̃ŋutsua kpɔna. Zi geɖe la, ete ŋu dzea nusɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃ŋutsua.
4 Miɖe Xɔlɔ̃wɔwɔ Kple Amedzrowɔwɔ Fia: Ƒome siwo le hamea me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ne woɖe ɖetsɔleme fia ƒome siwo mewɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me haɖe o. Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe sasrãkpɔ ʋee aɖewo ate ŋu ana srɔ̃tɔ si menye Ðasefo o nakpɔe be Yehowa Ðasefowo doa vivi ɖe ame ŋu, eye wonye Kristotɔ siwo tsɔa ɖe le amesiame ƒe nyonyo me.
5 Ɣeaɖewoɣi la, hamemegãwo ate ŋu adzro agbagba siwo wodze nyitsɔ laa be yewoakpe ɖe srɔ̃tɔ siwo menye Ðasefowo o ŋu me eye woakpɔ nu bubu siwo woagate ŋu awɔ kple susu be yewoana woava Yehowa ƒe akpa dzi la me.—Pet. I, 3:1, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.