Dɔwɔwɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔ Gã aɖe Ʋu Ði
1 Esi Paulo nye nyanyui gbeƒãɖela veviedola ta la, etsɔ ŋkubiã di anyigbamamã siwo me hiahiã le wu, siwo dometɔ ɖekae nye Efeso-dua. Gbeƒãɖeɖe le afima dze edzi nɛ ale gbegbe be eŋlɔ na ehati Kristotɔwo be: “Woʋu ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe la nam.” (Kor. I, 16:9) Paulo yi edzi subɔ le anyigbamamã ma me eye ekpe ɖe Efesotɔ geɖe ŋu wova zu xɔsetɔwo.—Dɔw. 19:1-20, 26.
2 Egbea woʋu ʋɔtru gã aɖe si ana míawɔ dɔ geɖe la na mí. Wole mía kpem be míakpe ɖe hame siwo mete ŋu kpea woƒe anyigbamamã katã ɖo nyuie ƒe sia ƒe o la ŋu. Esia ana míaƒe agbagbadzedzewo naɖe hiahiã si le nuto aɖewo me dzi akpɔtɔ.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 8:13-15.
3 Àte Ŋu Asubɔ le Afisi Hiahiã le Wua? Èbu alesi nàte ŋu asubɔ le teƒe bubu ŋu le gbedodoɖa me kpɔa? Ðewohĩ àte ŋu ana kpekpeɖeŋu hame aɖe le du alo nuto si me nèle me. Nukata màɖo dze tso nyaa ŋu kple nutome sue dzikpɔla ase aɖaŋu si wòaɖo o? Alo ate ŋu anye be le wò ŋutɔ wò hamea ƒe anyigbamamã me la, ame gbogbo aɖewo le teƒe didi aɖe alo wonye dutagbedola siwo ame aɖeke mete ŋu ɖi ɖase na kpɔ o. Be nàkpɔ hiahiã sia gbɔ la, ɖe nàte ŋu ado vevie nu awɔ dɔ le afima alo asrɔ̃ woƒe gbea? Azɔ hã ɖewohĩ gbe bubu dolawo ƒe ƒuƒoƒo alo hame aɖe te ɖe mia ŋu xoxo si ‘le kuku ɖem na Aƒetɔ la be wòaɖo Fiaɖuƒedɔwɔla geɖe ɖe yewo.’ (Mat. 9:37, 38) Ne nenemae la, ɖe nàte ŋu ava kpe ɖe wo ŋua?
4 Le ƒe bla nane siwo va yi nyitsɔ laa me la, Kristotɔwo ƒe ƒome akpe geɖe ʋu yi dukɔ bubuwo me be yewoakpɔ gome le nuŋeŋedɔa me bliboe wu. Atsu kple asi aɖe si wɔ esia gblɔ be: “Míedi be míasubɔ Yehowa le afisi míate ŋu akpe ɖe ame geɖe wu ŋu le.” Ne didi sia le mewò eye èkpɔe be yeate ŋu aʋu ayi teƒe bubu le dukɔ sia me alo ne èdze asubɔ le dukɔ bubu me la, dzro wò ɖoɖowo me kple hamemegã siwo le miaƒe hamea me gbã.
5 Ne èdi be yeabia afisi hiahiã le tso Habɔbɔa gbɔ la, ke ŋlɔ lɛta si me nàgblɔ nusi tututu dim nèle ɖo na Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti. Woaŋlɔ nusiwo wokpɔ tso eŋu akpe ɖe ŋu aɖoe ɖe Habɔbɔa. Aleke ke wòanɔ o, mina mí katã míayi dɔ dzi vevie le Yehowa ƒe subɔsubɔa me zi alesi ʋɔtru gã si na wowɔa dɔ geɖe la le ʋuʋu ɖi ko.—Kor. I, 15:58.