Wobua Ŋuwò!
1 Ɣeaɖewoɣi la, míada hame ƒe kpekpe ɖeka alo geɖe ƒu asusu be ‘ame aɖeke matsi dzi ɖe ŋunye o; womanya gɔ̃ hã be nyemeva o.’ Alakpae! Mía dometɔ ɖesiaɖe wɔa akpa vevi aɖe le hamea ƒe zɔɖeɖe me, abe míaƒe ŋutilã ƒe akpa ɖesiaɖe ene. (Kor. I, 12:12) Míaƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe kpekpe aɖe mayimayi ate ŋu agblẽ nu le amesiwo va la ƒe gbɔgbɔmenyonyo ŋu. Ne mèyi o la, nyae be—wobua ŋuwò!
2 Akpa Vevi si Nèwɔna: Edzro Paulo vevie be yeade ha kple ye nɔviwo. Romatɔwo 1:11, 12 ɖe nusitae me be: “Bene matsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana mi, . . . bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mía kple mia tɔ siaa la me.” Nenema kee míetoa míaƒe nyaŋuɖoɖowo, míaƒe dɔdasiwo, kple míaƒe vava gɔ̃ hã dzi tua mía nɔewo ɖo geɖe be míayi nuteƒewɔwɔ dzi.—Tes. I, 5:11.
3 Ðe mèkpɔa mɔ na gododo nɔviwo le hame ƒe kpekpea me oa? Èléa to ɖe woƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu eye èkpɔa ŋudzedze ɖe woƒe xɔsemeʋuʋu ŋu. Gbɔgbɔmenunana siwo le wo si la tua wò ɖo. Ne ɖe womeva kpekpea o la, àsee le ɖokuiwò me be nane bu. Nenemae nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo hã senɛ le wo ɖokui me ne mèva o.
4 Akpa Vevi si Kpekpewo Wɔna: Gbetakpɔxɔ ƒo nu ɣeaɖeɣi tso alesi kpekpewo le vevie hena míaƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ me ŋu, be: “Kristo-hamea nye gbɔgbɔmesitsoƒe ŋutɔŋutɔ aɖe le xexe sia si dzre de mamãe eye agbegbegblẽnɔnɔ le la me . . . , ŋutifafa kple lɔlɔ̃ le afima. Eyata yi eƒe kpekpewo katã edziedzi.” (w93-EW 8/15 11) Gbesiagbe la, míedoa go nɔnɔme siwo tena ɖe mía dzi le gbɔgbɔ me. Ne míekpɔ nyuie o la, mía ŋutɔwo míaƒe dzimaɖitsitsiwo axɔ susu me na mí ale gbegbe be míaƒe susu adzo le gbɔgbɔmenu vevi siwo ŋu wòle be míatsi dzi ɖo la dzi. Dzidedeƒo na ame nɔewo hiã mí katã bene míakpɔtɔ awɔ ɖeka ado vevie nu le Mawu subɔsubɔ me.—Heb. 10:24, 25.
5 Míaƒe kpekpewo dede le vevie. Lãmegbegblẽ alo nusi míekpɔ mɔ na o ate ŋu axe mɔ na mí ɣeaɖewoɣi ya. Ne medzɔ nenema o la, mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ ameha siwo va kpe ta hele Yehowa kafum ɖekae la dome!—Ps. 26:12.