INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/15 axa 20-25
  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Aɖe Si Ŋu Wotrɔ Asi Le Hena Biblia Sɔsrɔ̃
  • Wona Ɣeyiɣi Geɖe Be Míatsɔ Aʋu Míaƒe Xɔse Me
  • ‘Mina Míatsɔ Kafukafuvɔsa Anɔ Mawu Nam Ɣesiaɣi’
  • Kpekpe Siwo Ƒe Taɖodzinue Nye Be ‘Woatu Ame Ðo, Ade Dzi Ƒo Na Ame, Ahafa Akɔ Na Ame’
  • Míaƒe Kpekpewo Nye Gbɔɖemeƒe
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/15 axa 20-25

Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?

“Ne mieva ƒo ƒu la, . . . miwɔ nuwo katã hena tutuɖo.”—1 KOR. 14:26.

1. Le 1 Korintotɔwo 14 me nyawo nu la, taɖodzinu vevi kae le Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu?

‘EI! EGBE ƒe kpekpea vivi lo!’ Ðe wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ esi nède kpekpe dedziƒoname aɖe le Fiaɖuƒe Akpata mea? Ðikeke mele eme o be, èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ! Hame ƒe kpekpewo dea dzi ƒo na ame vavã, gake esia mewɔ nuku o. Nya lae nye be, abe ale si ko wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋkekea me ene la, taɖodzinu vevi aɖe si le míaƒe kpekpewo ŋue nye be woado ŋusẽ vavalawo katã le gbɔgbɔ me. De dzesi ale si apostolo Paulo te gbe ɖe taɖodzinu vevi ma si le Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu la dzi le eƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me. Le ta 14 lia katã me la, ete gbe ɖe edzi enuenu be ele be taɖodzinu ma ke nanɔ hamea ƒe kpekpewo ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu. Elabena ɖe wole kpekpeawo wɔm “hena hame la tutuɖo.”—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 14:3, 12, 26.a

2. (a) Nu ka gbɔe wòtsona be míaƒe kpekpewo tua ame ɖo? (b) Nyabiase ka mee míadzro?

2 Míenyae be nu si koŋ gbɔ wòtsona be kpekpeawo tua ame ɖo alo dea dzi ƒo na amee nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ. Esia tae míedoa gbe ɖa tso dzi me na Yehowa le kpekpe ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze eye míebiaa mía Fofo si le dziƒo la be wòayra míaƒe kpekpeawo to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Ke hã, míenya be hamea me tɔwo katã ate ŋu awɔ wo tɔ si nua be kpekpeawo natu ame ɖo ale si dze. Ekema, afɔ kawoe mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖe atsɔ akpɔ egbɔ be kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me la nanye akɔfaname kple dzideƒoname tsoƒe ɣesiaɣi le gbɔgbɔ me?

3. Aleke gbegbee míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo le vevie?

3 Be míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo la, míadzro kpekpe siwo míewɔna ƒe akpa aɖewo siwo wòle be woanɔ susu me na ame siwo kpɔa wo dzi la me. Míadzro akpa siwo hamea me tɔwo katã ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be míaƒe kpekpeawo nado dzidzɔ na vavalawo katã la hã me. Míetsɔ ɖe le nya sia me vevie, elabena ƒuƒoƒo kɔkɔewoe míaƒe kpekpewo nye. Le nyateƒe me la, míaƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nye míaƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa vevi aɖe.—Ps. 26:12; 111:1; Yes. 66:22, 23.

Kpekpe Aɖe Si Ŋu Wotrɔ Asi Le Hena Biblia Sɔsrɔ̃

4, 5. Taɖodzinu kae le míaƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu?

4 Enye mí katã míaƒe didi be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la naɖe vi na mí bliboe. Eya ta be míase taɖodzinu vevi si le kpekpe sia ŋu gɔme nyuie la, na míadzro asitɔtrɔ aɖewo siwo wowɔ le Gbetakpɔxɔ magazinea kple nusɔsrɔ̃nyatiawo ŋu la me.

5 Tso January 15, 2008, ƒe Gbetakpɔxɔ, tata si míesrɔ̃na ƒe gbãtɔ dzi la, wowɔ tɔtrɔ ɖedzesi aɖe le magazinea ƒe ŋgɔgbekpaa dzi. Ède dzesi tɔtrɔ si wowɔ le edzia? Lé ŋku ɖe magazine si le asi me na wò la ƒe ŋgɔgbekpaa dzi ŋu nyuie nàkpɔ. Àkpɔe be wota Biblia aɖe si le ʋuʋu ɖi la ɖe xɔ kɔkɔ la ƒe nɔnɔmetataa te. Asitɔtrɔ yeye sia he susu yi nu si tae míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ɖo la dzi. Taɖodzinua ye nye be míasrɔ̃ Biblia to magazine sia ƒe kpekpeɖeŋu me. Nyateƒee, le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me la, ‘woɖea’ Mawu ƒe Nya la ‘me eme kɔna,’ abe ale si ko wònɔ le Nexemiya, si nɔ anyi le blema, ƒe ɣeyiɣiwo me ene.—Nex. 8:8; Yes. 54:13.

6. (a) Asitɔtrɔ kae wowɔ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “mixlẽ” la ŋu?

6 Esi wònye be Bibliae nye míaƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ ta la, wowɔ asitɔtrɔ aɖe le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu. Woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui siwo woyɔ le nusɔsrɔ̃nyatiawo me la dometɔ geɖe gbɔ be “mixlẽ.” Wode dzi ƒo na mí katã be míaʋu mía ŋutɔwo ƒe Biblia anɔ edzi kpɔm esime wole mawunyakpukpui siawo xlẽm. (Dɔw. 17:11) Nu ka tae? Ne míekpɔ Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo le míawo ŋutɔwo ƒe Biblia me la, wowɔa dɔ ɖe mía dzi geɖe wu. (Heb. 4:12) Eya ta hafi woaxlẽ mawunyakpukpui siawo la, ele be nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlaa nana ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si sɔ la vavalawo katã be woaʋu woƒe Bibliawo ake ɖe mawunyakpukpuiawo ŋu ale be woate ŋu akplɔ nuxexlẽa ɖo.

Wona Ɣeyiɣi Geɖe Be Míatsɔ Aʋu Míaƒe Xɔse Me

7. Mɔnukpɔkpɔ kae sua mía si le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi?

7 Wowɔ asitɔtrɔ le Gbetakpɔxɔa ƒe nusɔsrɔ̃nyatiawo ƒe didime hã ŋu. Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, nusɔsrɔ̃nyatiawo nɔa kpuie wu. Eya ta le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi la, womega zãa ɣeyiɣi fũu ɖe memamaawo xexlẽ ŋu abe tsã ene o, eye esia wɔnɛ be ɣeyiɣi geɖe wu nɔa anyi hena nyaŋuɖoɖo. Fifia, mɔnukpɔkpɔ sua ame geɖe wu si woʋua woƒe xɔse me le dutoƒo to nya si wobia la ŋu ɖoɖo tẽe dzi, to ale si woawɔ mawunyakpukpui aɖe ŋu dɔe la gbɔgblɔ dzi, to nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe, si ɖe nunya si le Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me fia la gbɔgblɔ dzi, alo le mɔ bubu aɖewo nu. Ele be woazã ɣeyiɣi aɖe si nu atsɔ aƒo nu tso nɔnɔmetatawo hã ŋu.—Mixlẽ Psalmo 22:23; 35:18; 40:10.

8, 9. Nu kae nye Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi kpɔlaa ƒe agbanɔamedzi?

8 Ke hã, nenye be ame siwo le nya ŋu ɖom la na woƒe nyaŋuɖoɖoawo nɔa kpuie eye kpekpea dzi kpɔlaa hã ƒoa asa na nuƒoƒo fũu akpa le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣia ko hafi ɣeyiɣi geɖe wu ate ŋu asu mía si míaɖo nya ŋu le mɔ vovovowo nu. Ekema, nu kae ate ŋu akpe ɖe nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ŋu be wòada asɔ le afi si wòaɖe mɔ ɖe hamea me tɔwo ƒe nyaŋuɖoɖowo kple eya ŋutɔ ƒe numeɖeɖewo ŋu ase ɖo, bene kpekpea nate ŋu atu vavalawo katã ɖo?

9 Be míaɖo nya sia ŋu la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ aɖe si dzi wokpɔ nyuie la le abe seƒoƒo babla si nya kpɔna na ŋku ene. Ale si ko wotsɔa seƒoƒo vovovowo ƒoa ƒu wɔa seƒoƒo babla gã aɖe ene la, nenema kee nyaŋuɖoɖo kple numeɖeɖe vovovowo yia edzi le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ wɔɣi. Eye abe ale si ko seƒoƒo siwo le seƒoƒo bablaa me ƒe amadede kple lolome nɔa vovovo ene la, nenema kee ale si amewo ɖoa nya ŋu le kpekpea me la nɔa vovovo eye woƒe didime hã nɔa vovovo. Ke akpa kae nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa le le nya sia me? Míate ŋu atsɔ eƒe numeɖeɖe ʋɛawo asɔ kple ati lɛ kpakple aŋgba gbemumu ʋɛ siwo wodea seƒoƒo bablaa me ŋuɖɔɖotɔe la. Esiawo mesɔa gbɔ ɖe eme fũu o; ke boŋ ɖeko wotsɔa wo dea eme be woana nɔnɔme aɖe nanɔ seƒoƒo bablaa si wòasɔ pɛ. Nenema kee ele be wòanɔ susu me na ame si le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la be menye eƒe agbanɔamedzie nye be wòanɔ nyawo me ɖem edziedzi o, ke boŋ ɖeko wòle be eƒe nyawo nakpe ɖe kafukafunya siwo hamea me tɔwo gblɔna le woƒe nyaŋuɖoɖowo me la ŋu. Ɛ̃, ne wotsɔ hamea me tɔwo ƒe nyaŋuɖoɖo vovovoawo kple nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ƒe numeɖeɖe ʋɛ siwo sɔ nyuie la ƒo ƒui la, ɖeko wòanɔ abe seƒoƒo babla aɖe si anya kpɔ na vavalawo katã ene.

‘Mina Míatsɔ Kafukafuvɔsa Anɔ Mawu Nam Ɣesiaɣi’

10. Alekee Kristotɔ gbãtɔwo bua hame ƒe kpekpewo?

10 Ale si Paulo ɖɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo le 1 Korintotɔwo 14:26-33 la kpe ɖe mía ŋu míese ale si wowɔa kpekpe mawo le ƒe alafa gbãtɔ me la gɔme nyuie. Esi Biblia ŋuti nunyala aɖe nɔ nu me ɖem ku ɖe mawunyakpukpui sia ŋu la, eŋlɔ bena: “Anɔ eme godoo be nane si ɖe dzesi le ale si wowɔa kpekpe le Hame gbãtɔa me ŋue nye be ame sia ame kloe vana kple seselelãme be enye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi siaa na ye be yeawɔ nane atsɔ akpe asi ɖe kpekpea ŋu. Ame aɖeke mevana kple susu be yeava se nya ko o; menye ɖeko wòvana be yeaxɔ nu o, ke be yeana nu hã.” Le nyateƒe me la, Kristotɔ gbãtɔwo bua hame ƒe kpekpewo be wonye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoaʋu yewoƒe xɔse me.—Rom. 10:10.

11. (a) Nu kae wɔa akpa vevi aɖe be kpekpeawo tua ame ɖo, eye nu ka tae? (b) Aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe ate ŋu awɔe be míaƒe nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me nanyo ɖe edzi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.)

11 Míaƒe xɔse me ʋuʋu le kpekpewo me wɔa akpa vevi aɖe “hena hame la tutuɖo.” Kakaɖedzitɔe la, àlɔ̃ ɖe edzi be míeɖale kpekpewo dem ƒe geɖe enye esia o, dzidzɔ vavãe wògakpɔtɔ nyena na mí ne míese mía nɔviwo ƒe nyaŋuɖoɖowo. Ne míese mía hati tadeagula wɔnuteƒe aɖe si tsi le ƒe me ƒe nyaŋuɖoɖo si tso dzi me la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ; edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míese hamemetsitsi lɔ̃ame aɖe ƒe numeɖeɖe si ɖe nugɔmesese deto fia; eye ne míese ɖevi aɖe ŋutɔ tso le eɖokui si kple didi vevie ɖo nya aɖe ŋu tsɔ ɖe lɔlɔ̃ vavã si le esi na Yehowa fia la, mí katã míekoa nu godoo. Eme kɔ ƒãa be, ne míeɖoa nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, mí katã míekpea asi ɖe eŋu be kpekpeawo natu ame ɖo.b

12. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose kple Yeremiya ƒe kpɔɖeŋuawo me? (b) Akpa kae gbedodoɖa wɔna le nyaŋuɖoɖo me?

12 Gake nyaŋuɖoɖo ate ŋu asesẽ na ame siwo kpea ŋu la ŋutɔ. Ne aleae wòle le gowòme la, nyanya be menye wòe nye ame gbãtɔ si se le eɖokui me nenema kpɔ o la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Le nyateƒe me la, Mawu subɔla wɔnuteƒewo abe Mose kple Yeremiya ene kura gɔ̃ hã gblɔ kpɔ be yewomate ŋu aƒo nu le dutoƒo o. (2 Mose 4:10; Yer. 1:6) Ke hã, abe ale si ko Yehowa kpe ɖe esubɔla mawo siwo nɔ anyi le blema ŋu wote ŋu kafui le dutoƒo ene la, Mawu akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ kafukafuvɔsawo anae. (Mixlẽ Hebritɔwo 13:15.) Nu kae nàte ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ na nyaŋuɖoɖo dzi? Gbã la, dzra ɖo ɖe kpekpea ŋu nyuie. Emegbe, hafi nàyi Fiaɖuƒe Akpataa me la, do gbe ɖa na Yehowa eye nàƒo koko nɛ etɔxɛe be wòana dzideƒo wò be nàte ŋu aɖo nya ŋu. (Flp. 4:6) Nane si ‘wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu’ la biam nèle, eya ta àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo wò gbedodoɖaa ŋu na wò.—1 Yoh. 5:14; Lod. 15:29.

Kpekpe Siwo Ƒe Taɖodzinue Nye Be ‘Woatu Ame Ðo, Ade Dzi Ƒo Na Ame, Ahafa Akɔ Na Ame’

13. (a) Dɔ kae wòle be míaƒe kpekpewo nawɔ ɖe vavalawo dzi? (b) Nyabiase ka mee wòle be hamemetsitsiwo natsɔ ɖe le vevie?

13 Paulo gblɔ be, susu vevi aɖe si ta míewɔa hame ƒe kpekpewo ɖo lae nye be ‘woatu vavalawo katã ɖo, ade dzi ƒo wo, eye woafa akɔ’ na wo.c (1 Kor. 14:3.) Alekee Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea ate ŋu akpɔ egbɔ be dɔdeasi siwo yewowɔna le kpekpeawo me la doa ŋusẽ nɔviawo hefaa akɔ na wo ŋutɔŋutɔ? Be míate ŋu aɖo nya sia ŋu la, na míadzro kpekpe aɖe si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi megbe kpuie la me.

14. (a) Nu kawoe dzɔ do ŋgɔ na kpekpe aɖe si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo? (b) Nu ka tae apostoloawo ƒe dzi anya dze eme esi “Yesu te ɖe wo ŋu heƒo nu na wo”?

14 Gbã la, de dzesi nu siwo dzɔ do ŋgɔ na kpekpe ma. Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi woawu Yesu la, apostoloawo ‘gblẽe ɖi hesi dzo,’ eye abe ale si wogblɔe ɖi ene la, ‘woka hlẽ, eye ame sia ame yi eƒe aƒe me.’ (Mar. 14:50; Yoh. 16:32) Azɔ, le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, ekpe eƒe apostoloawo, siwo ƒo dzi ɖe le la, be woava kpekpe tɔxɛ aɖe.d “Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo” wɔ ɖe amekpekpea dzi “yi Galilea, le to si dzi Yesu wɔ ɖoɖo be yewoado go le la dzi.” Esi wova ɖo la, “Yesu te ɖe wo ŋu heƒo nu na wo.” (Mat. 28:10, 16, 18) Bu ale si gbegbe apostoloawo ƒe dzi anya dze emee si Yesu ŋutɔ do ŋgɔ te ɖe wo ŋu la ŋu kpɔ! Nu ka mee Yesu dzro kpli wo?

15. (a) Nya kawo ŋue Yesu ƒo nu tso le kpekpea me, gake nu kae mewɔ o? (b) Alekee kpekpe ma wɔ dɔ ɖe apostoloawo dzi?

15 Yesu dze kpekpea gɔme kple gbeƒãɖeɖe aɖe be: “Wotsɔ ŋusẽ katã nam.” Eyome, ede dɔ asi na wo be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” Mlɔeba la, ena kakaɖedzi wo lɔlɔ̃tɔe be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã.” (Mat. 28:18-20) Gake ède dzesi nu si Yesu mewɔ oa? Meka mo na eƒe apostoloawo o; nenema kee megblɔ nya aɖeke le kpekpea me tsɔ ɖee fia be susu nyui menɔ wo si o, eye mehe susu yi ale si woƒe xɔse me gbɔdzɔ ɣeyiɣi kpui aɖe la dzi be yeana woƒe fɔbuameɖokui ƒe seselelãmea nu nagasẽ ɖe edzi o. Ke boŋ Yesu de dɔ vevi aɖe asi na wo tsɔ na kakaɖedzi wo be yelɔ̃ wo eye ye Fofo hã lɔ̃ wo. Alekee ale si Yesu wɔ nu ɖe apostoloawo ŋu la wɔ dɔ ɖe wo dzi? Etu wo ɖo, de dzi ƒo na wo, hefa akɔ na wo ale gbegbe be, ɣeyiɣi aɖe le kpekpe ma megbe la, wogate ‘nufiafia ake henɔ nya nyui la gblɔm.’—Dɔw. 5:42.

16. Alekee Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea la srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le kpekpe siwo nyea akɔfafatsoƒe na vavalawo la wɔwɔ me?

16 Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, hamemetsitsi siwo li egbea la bua kpekpeawo be wonye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoana kakaɖedzi nasu nɔvi haxɔsetɔwo si ku ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o, si le Yehowa si na eƒe amewo la ŋu. (Rom. 8:38, 39) Eya ta ne wole dɔdeasiwo wɔm le kpekpeawo me la, woƒe susu nɔa nu siwo me wo nɔviwo dzea agbagba le la ŋu, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. Woƒe nyagbɔgblɔwo meɖenɛ fiana be susu nyui mele wo nɔviwo si o. Ke boŋ woɖenɛ fiana be wobua wo nɔvi haxɔsetɔwo be wonye ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoawɔ nu si le eteƒe. (1 Tes. 4:1, 9-12) Enye nyateƒe be, ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu na hame bliboa atsɔ aɖɔ wo ɖo ya, gake ne ame ɖekaɖeka aɖewo koe hiã na ɖɔɖɔɖoa la, enyona wu be woaɖo aɖaŋu na ame siwo nya la lɔ ɖe eme la ɖeɖe le adza me. (Gal. 6:1; 2 Tim. 2:24-26) Nenye be hamemetsitsiwo le nu ƒom na hamea katã la, enyea woƒe taɖodzinu be yewoakafu hamea ɣesiaɣi si wòhiã. (Yes. 32:2) Wodzea agbagba be yewoaƒo nu le mɔ si ana be, le kpekpea ƒe nuwuwu la, vavalawo katã ƒe dzi nadze eme eye dzo yeye naɖo wo me.—Mat. 11:28; Dɔw. 15:32.

Míaƒe Kpekpewo Nye Gbɔɖemeƒe

17. (a) Nu ka tae wòle vevie fifia wu tsã be míaƒe kpekpewo nanye gbɔɖemeƒe? (b) Nu kae wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be míaƒe kpekpeawo natu ame ɖo? (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, “Mɔ Ewo Siwo Dzi Nàto Ana Be Kpekpeawo Natu Mia Kple Ame Bubuwo Ðo.”)

17 Esi wònye be Satana ƒe xexea na nuwo le sesẽm ɖe edzi ta la, ehiã be míakpɔ egbɔ be míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye gbɔɖemeƒe—afi si amewo katã kpɔa akɔfafa le. (1 Tes. 5:11) Nɔvinyɔnu aɖe si kple srɔ̃a siaa to dodokpɔ sesẽ aɖe me ƒe aɖewoe nye esi va yi la gblɔ be: “Fiaɖuƒe Akpata me nɔnɔ nɔna na mí ko abe ɖe Yehowa lé mí ɖe asi belénametɔe ene. Gaƒoƒo siwo me míenɔa Fiaɖuƒe Akpataa me le mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dome la, míesena le mía ɖokui me be míedro míaƒe agba ɖe Yehowa dzi, eye esia naa míaƒe dzi dzea eme.” (Ps. 55:23) Neva eme be ame siwo katã vaa míaƒe kpekpewo la nakpɔ dzideƒo kple akɔfafa nenema ke. Be míakpɔ egbɔ be esia nava eme la, mina mí katã míayi anɔ mía tɔ si nua wɔm be míana Kristotɔwo ƒe kpekpewo natu ame ɖo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wogblɔe ɖi be nanewo siwo wowɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me le ƒe alafa gbãtɔ me la nu ava yi. Le kpɔɖeŋu me, míegadoa “gbegbɔgblɔ bubuwo” alo ‘gblɔa nya ɖi’ o. (1 Kor. 13:8; 14:5) Togbɔ be ele alea hã la, mɔfiame siwo Paulo na la kpe ɖe mía ŋu míese ale si wòle be míawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo egbea la gɔme nyuie wu.

b Kpɔ September 1, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 19-22, hena aɖaŋuɖoɖowo ku ɖe ale si míawɔ be míaƒe nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me nanyo ɖe edzi la ŋu.

c Ku ɖe vovototo si le “dzidedeƒo” kple “akɔfafa” dome ŋu la, Biblia ŋuti nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words) gblɔ be, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “akɔfafa” la biana be “woaɖe tufafa si me ɖetsɔleme geɖe wu le la afia wu [ale si wònɔna le dzideƒoname gome].”—Tsɔe sɔ kple Yohanes 11:19.

d Ðewohĩ esiae nye kpekpe si ŋu Paulo ƒo nu tso emegbe esi wògblɔ be Yesu “[ɖe] eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃.”—1 Kor. 15:6.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke gbegbee Kristotɔwo ƒe kpekpewo le vevie?

• Nu ka tae nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me wɔa akpa aɖe “hena hame la tutuɖo”?

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpekpe si Yesu wɔ kple eyomedzelawo la me?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

MƆ EWO SIWO DZI NÀTO ANA BE KPEKPEAWO NATU MIA KPLE AME BUBUWO ÐO

Dzra ɖo do ŋgɔ. Ne èsrɔ̃ nu si me woadzro le Fiaɖuƒe Akpataa me do ŋgɔ la, àse vivi na kpekpeawo wu eye nu siwo me wodzro la awɔ dɔ ɖe dziwò geɖe wu.

De edziedzi. Esi wònye be kpekpeawo vava le agbɔsɔsɔ me dea dzi ƒo na vavala ɖe sia ɖe ta la, wò hã wò vava wɔa akpa aɖe.

Va ɖe game dzi. Ne ènɔ anyi hafi kpekpea dze egɔme la, àte ŋu akpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa, si woatsɔ aʋu kpekpeawo nui, si nye míaƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa aɖe, la me.

Tsɔ nu siwo katã woazã ɖe asi vae. Tsɔ wò Biblia kple agbalẽ bubu si(wo) woazã le kpekpea me ɖe asi vae, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàse nu si me dzrom wole me nyuie wu.

Ƒo asa na nu siwo hea ame ƒe susu. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nyatakaka siwo woɖo ɖe wò to asitelefon dzi la le kpekpea megbe, ke menye le kpekpea wɔɣi o. Ne èwɔe alea la, àtsɔ nu siwo medo ƒome kple kpekpea o la aɖo nɔƒe si sɔ.

Kpɔ gome le eme. Ne ame geɖe ɖo nya ŋu la, woƒe xɔsemeʋuʋua dea dzi ƒo na ame geɖe wu eye wòtua wo ɖo.

Wò nyaŋuɖoɖo nanɔ kpuie. Esia naa mɔnukpɔkpɔ ame geɖe ale si dze be woakpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me.

Wɔ wò dɔdeasiwo. Ne wode dɔ asi na wò le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me alo le Subɔsubɔ Kpekpea me la, ele be nàdzra ɖo nyuie, nàto eme do ŋgɔ, eye nàdze agbagba be nàgado kpo wò dɔdeasia wɔwɔ o.

Kafu ame siwo kpɔ gome le eme. Gblɔ ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo wɔ dɔ alo ɖo nya ŋu le kpekpea me ƒe agbagbadzedzewo ŋui la na wo.

De ha kple nɔviawo. Gbedodo na ame lɔlɔ̃tɔe kple dzeɖoɖo tuameɖowo do ŋgɔ na kpekpeawo kple woƒe nuwuwu siaa dzia dzidzɔ kple viɖe siwo vavalawo kpɔna la ɖe edzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe