INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/97 axa 3-4
  • Ele Be Míanye Nufialawo, Ke Menye Gbeƒãɖelawo Ko O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Be Míanye Nufialawo, Ke Menye Gbeƒãɖelawo Ko O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe Wu Wɔwɔ—Ehiã Mí
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 12/97 axa 3-4

Ele Be Míanye Nufialawo, Ke Menye Gbeƒãɖelawo Ko O

1 Wode dzesii be “Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe ɖaseɖiɖia kpe anyigba katã ɖo ŋutɔŋutɔ.” Aleke wote ŋu wɔ esiae? Menye le amegbetɔ ƒe ŋutete alo ŋusẽ me o, ke boŋ to Mawu ƒe gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le esubɔlawo dzi esi wole mɔnuɖoɖo vovovowo ŋudɔ wɔm le woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa wɔwɔ me tae.—Zax. 4:6; Dɔw. 1:8.

2 Dɔwɔnu nyui si míatsɔ awɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ye nye agbalẽwo. Ƒe geɖe enye sia si Yehowa Ðasefowo ta agbalẽwo, agbalẽviwo, agbalẽ gbadzawo, magazinewo, kple traktwo hemã wo be woatsɔ ana amewo nase Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. Akɔntabubu siwo le 1997 Yearbook me ɖee fia be agbalẽwo tata dzi ɖe edzi wòɖe dzesi. Vaseɖe fifia la, wota New World Translation ɖekaɖeka miliɔn 91 kple edzivɔ. Le ƒe ɖeka me la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo wotana le United States la dzi ɖe edzi 7.1 le alafa me. Magazine tata dzi ɖe edzi 35 le alafa me le Germany. Russiagbedolawoe wota magazine siwo wotana le afima la ƒe memamã etɔ̃ ƒe akpa ɖeka na.

3 Nukata agbalẽ geɖe hiã alea gbegbe? Le xexeame katã la, amewo wɔ ɖe dzideƒoname si míexɔ be míaɖi ɖase le afisiafi si míakpɔ amewo le la dzi ŋutɔ. Esi mía dometɔ geɖe míele míaƒe ɖaseɖiɖidɔa kekem ɖe enu—le dugbadzawo dzi, ablɔwo dzi, kple asiƒleƒewo—ta la, míenaa agbalẽ geɖe amesiwo ɖea ɖetsɔleme fiana. Mɔnukpɔkpɔ gobii aɖeke mesu amesiawo dometɔ geɖe si wose Fiaɖuƒegbedasia tsã o. Be míakpɔ hiahiã sia gbɔ la, hamewo naa agbalẽ vovovowo nɔa wo si be woazã le subɔsubɔdɔa ƒe akpawo katã.

4 Nukae Nye Míaƒe Taɖodzinu le Agbalẽwo Mamã Me? Menye míaƒe taɖodzinu enye be míana agbalẽwo ko o. Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mã ɖe akpa eve me—gbeƒãɖeɖe kple nufiafia. Gbã la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, eye míenaa amewo nyana be eyae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. (Mat. 10:7; 24:14) Míaƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi nye mɔnu xoxo nyui si wɔa dɔ si dzi míetona nyɔa ame bubuwo ƒe ɖetsɔleme eye wòna wova nyaa nu tso Fiaɖuƒea ŋu.

5 Evelia, ne míawɔ nusrɔ̃lawo la, ke ele be míafia nusiwo katã ƒe se Yesu de la amewo. (Mat. 11:1; 28:19, 20) Azɔ hã, agbalẽwo wɔa akpa vevi aɖe le nana be nyateƒea naɖo nusrɔ̃viwo ƒe dzi gbɔ me, eye ekpena ɖe wo ŋu wova zua nusrɔ̃lawo.

6 Amesiwo xɔa agbalẽwo ate ŋu anye ‘nya la selawo,’ gake manya wɔ be woava zu nyadziwɔlawo o ne ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o. (Yak. 1:22-25) Ame geɖe mate ŋu ava zu nusrɔ̃lawo o negbe ɖe ame aɖe kpe ɖe wo ŋu hafi. (Dɔw. 8:30, 31) Wohiã na nufiala si akpe ɖe wo ŋu woaka ɖe nyateƒe si wokpɔ le Ŋɔŋlɔawo me dzi. (Dɔw. 17:2, 3) Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ̃ eye be míana hehe wo be woasu te nyuie afia nu ame bubuwo.—Tim. II, 2:2.

7 Nufiala Geɖewoe Hiã Wu: Ne míeɖe gbeƒã la, míegblɔa nyanyuia le dutoƒo. Gake nufiafia bia be woanɔ nu fiam ame aɖe vivivi. Gbeƒãɖeɖe naa amewo va nyaa nu tso Fiaɖuƒegbedasia ŋu, eye nufiafia hã kpena ɖe amewo ŋu woxɔa nyanyuia hewɔa nu ɖe enu. (Luka 8:15) Nufiala wɔa nusi yi ŋgɔ wu nyagbɔgblɔ ko; eɖea nu me, etsɔa numeɖeɖe nyuiwo dzroa nu mee, egblɔa kpeɖodzinyawo, eye ena woxɔa nya la.

8 Ele be mía dometɔ geɖe alesinu anya wɔ nanye nufialawo, menye gbeƒãɖelawo ko o. (Heb. 5:12a) Agbalẽwo nana nye míaƒe dɔa ƒe akpa vevi aɖe ya, gake alesi míete ŋu fiaa nui dzie míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu evelia gbɔ ɖoɖo nɔ te ɖo. Togbɔ be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míete ŋu na agbalẽwo hã la, hafi míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe la, mele be wòase ɖe agbalẽnana ko dzi o. (Tim. II, 4:5) Agbalẽwo nana nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aʋu mɔnukpɔkpɔwo ɖi be míafia nyateƒea amewo.

9 Wɔ Tɔtrɔyiwo be Nàdze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme: Ðewohĩ mí katã míena agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo, kple magazine geɖe, eye míewɔ nuŋlɔɖi le amesiwo gbɔ míatrɔ ayi ŋu. Ele be míawɔ ɖoɖo anɔ wo gbɔ yim edziedzi aɖatu woƒe ɖetsɔleme ɖo. Menye agbalẽ bubuwo nanae nye taɖodzinu vevitɔ si ta míetrɔna yina o ke be míade dzi ƒo na amewo be woaxlẽ esi le wo si xoxo be wòaɖe vi na wo. Anye ne afikae mía ŋutɔwo míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ase ɖo ne menye ɖe ame aɖe trɔ va edziedzi va kpe ɖe mía ŋu sidzedze vavãtɔ su mía si o?—Yoh. 17:3.

10 Mitrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ kple susu be miadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadzaa loo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me. Agbalẽ eve siawo gblɔ Fiaɖuƒegbedasia egɔme sese le bɔbɔe. Nusɔsrɔ̃ si kpe nu vovovowo ɖo, si ƒo nu tso Biblia ƒe nufiafia veviwo ŋue le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me. Sidzedze ƒe agbalẽa na míete ŋu fiaa nyateƒea wòdea to wu, gake egɔme sese nɔa bɔbɔe, eme kɔna, eye wònɔna kpuie.

11 Nufiaɖoɖo si wona wòle bɔbɔe wu si ŋu woƒo nu tsoe le July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me na nufiafia nɔa bɔbɔe na nufiala eye nua nya srɔ̃na na nusrɔ̃via. Na emedegbalẽvi ma nanɔ asitsɔƒe na wò be nàdzro nufiafia ƒe ɖoɖo kple aɖaŋu si wokpɔ be eɖea vi la me. Aɖaŋu siwo wòɖo dometɔ aɖewo ku ɖe alesi ɖetsɔleme vavãtɔ anɔ mía ŋutɔwo mía si na nusrɔ̃via, nu alesinu míasrɔ̃ le nusɔsrɔ̃ ɖeka me, nusi míawɔ ne wobia nya si meku ɖe nyatia ŋu o, alesi nufiala kple sukuvia siaa ate ŋu adzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔe, kple alesi míahe nusrɔ̃via ƒe susu ava Yehowa ƒe habɔbɔa dzii ŋu. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo dzi la, mía dometɔ geɖe kple ame yeyewo hã, míate ŋu awɔ nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ.

12 Dzidzedzekpɔkpɔ Nyui le Gbeadzi Ŋuti Nyatakakawo: Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa nye dɔwɔnu nyui siwo le tsɔtsɔe dom nusrɔ̃lawɔwɔdɔa. Esi nɔviŋutsu aɖe si le Bolivia xɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la, etsɔe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsu aɖe enumake. Le nutome gã takpekpe si wowɔ le ɣleti ene megbe me la, nusrɔ̃vi sia nɔ dzidzɔkpɔla siwo dzra ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ la dome!

13 Eʋãa ame geɖe wotsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa ne wowu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu. Le hame aɖe me le Angola la, Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo gbeƒãɖelawo wɔna la dzi ɖe edzi tso 190 va ɖo 260 eye kpekpevalawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 180 va ɖo 360 le ɣleti ene ko me esi wotsɔ Sidzedze-gbalẽa dze dɔwɔwɔ gɔme le nutoa me. Emegbe kpuie la, eva hiã be woaɖo hame bubu.

14 Esi nɔviŋutsu aɖe tsɔ Sidzedze-gbalẽa dze nusɔsrɔ̃ gɔme zi gbãtɔ la, egblɔ be etsɔtsɔ wɔ nusɔsrɔ̃ “le bɔbɔe ne nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla bia nyabiabiawo ko, exlẽa mawunyakpukpui siwo ku ɖe nyaa ŋu dometɔ aɖewo, eye wòkpɔa egbɔ be nusrɔ̃via se egɔme.” Togbɔ be ebunɛ ɣesiaɣi be gbeƒãɖela bibiwo koe ate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ eye be yemate ŋu awɔe gbeɖe o hã la, ekpɔe be yeate ŋu awɔe, eye egblɔ be: “Ne mate ŋu awɔe la, ke amesiame hã ate ŋu awɔe.”

15 Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ si nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe mee míetona ɖoa nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe taɖodzinua gbɔ. Amesiwo te ŋu kpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me kpɔnɛ be ehea dzidzeme vavãtɔ kple yayra geɖe vɛ. Neva eme be woagblɔ le mía ŋu be míawo hã míele “mawufiaɖuƒe la ƒe gbeƒã ɖem; eye [míele] nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ.”—Dɔw. 28:31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe