INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/97 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 12/97 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le September 1 vaseɖe December 22, 1997 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Togbɔ be nuŋlɔɖia fia be Fia Yoram mawɔnuteƒe la ɖu fia le Israel ƒe dziehe fiaɖuƒea me hã la, míenya edzilawo alo alesi wòkui o. [it-1 axa 1270 mm. 8, 12]

2. Gɔmesese ɖekae le “Israel-ƒome wuieveawo” si le Luka 22:30 kple Mateo 19:28 ŋu, afisi wokeke eƒe gɔmesese ɖe enu le wòku ɖe ameƒomea me tɔ bubuwo katã hã ŋu tsɔ kpe ɖe Yesu ƒe nunɔlatevi siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii ŋu. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 3/1, Eŋlisigbe me tɔ, axa 27 mm. 10; axa 28 mm. 12.]

3. Susu si ta wòwɔ nuku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be ele nu ƒom kple Samaria-nyɔnu enye be nyɔnua nye agbegbegblẽnɔla. (Yoh. 4:27) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 7/15 axa 15 mm. 1-2.]

4. Nyagbɔgblɔ “tso gɔmedzedzea me” si le Yohanes 6:​64 fia be tso esime Yesu tia Yuda be wòanye apostolo la, enya be eyae ava fia Ye yome mɔ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ it-2 axa 129 mm. 4-6.]

5. Habɔbɔa ƒe ɖoɖowo le ƒe 1884 me fia be agbalẽtaha koe wònye. [jv axa 576 mm. 1]

6. Mose II, 21:​22, 23 kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be Mawu bua amegbetɔ ƒe vi si womedzi haɖe o ƒe agbe be enye nu xɔasi. [kl axa 128 mm. 21]

7. ‘Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuia’ si woyɔ le Yohanes 5:1 la nye ƒe 31 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia. [si axa 194 mm. 8]

8. Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ to radio kple television dzi ɖea kpe abe mɔnu bubu ɖesiaɖe si míezãna ene. [jv axa 572 mm. 3]

9. Esi wònye Yoyaxin dzi viŋutsu adre ta la, se si wode le Ŋɔŋlɔawo me be, “Miŋlɔ ŋutsu sia ɖi be, medzi vi o,” la nye vodada. (Yer. 22:30) [it-1 axa 1267 mm. 10]

10. Eɖanye wobua dziɖuɖuwo be wowɔa nu dzɔdzɔe alo womewɔa nu dzɔdzɔe o, ele be nyateƒe Kristotɔwo nade woƒe srɔ̃ɖeɖewo agbalẽ me ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ le wo gbɔ. [kl axa 122 mm. 11]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Be wòasɔ kple kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me Efeso Kristotɔwo ɖo ɖi la, afɔɖeɖe kae hiã be ame nawɔ atsɔ atsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu? (Dɔw. 19:19) [kl axa 114 mm. 14]

12. Aleke mawudɔla aɖewo wɔ nuvɔ̃ le Noa ƒe ŋkekea mee? [kl axa 109 mm. 4]

13. Nukata Yesu gbe be yemade nu domenyinu mamã ƒe nyaʋiʋli me o? (Luka 12:​13, 14) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 4/1 axa 28.]

14. Abe alesi woŋlɔe ɖe Dɔwɔwɔwo 1:6 ene la, nukae menɔ nyanya na nusrɔ̃lawo o esime wobia Yesu nenye ɖe wògbɔna Fiaɖuƒea ɖo ge anyi le Israel? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90-EW 6/1 axa 4 mm. 4.]

15. Nukatae Adolf Hitler ƒe nugbeɖoɖo be yeaɖe Yehowa ƒe amewo ɖa la medze edzi o? [jv axa 553 mm. 2-4]

16. Aleke Yairo ɖee fiae be yexɔ Yesu ƒe dɔdaŋusẽ dzi se? (Mar. 5:​22-24) [it-1 axa 1250 mm. 14]

17.Nukatae New World Translation gblɔ le Yohanes 1:1 be “Nya la nye mawu aɖe” ke megblɔ be “Nya lae nye Mawu,” abe alesi gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔ le afima ene o? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ rs 212 mm. 5.]

18. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe nya nu la, afikae “afakalawo” ava wu nu ɖo mlɔeba ne wometrɔ dzime hetrɔ woƒe nɔnɔmewo o? [kl axa 111 mm. 8]

19. Esi Yesu nye ame deblibo eye wòlɔ̃ be Nufialae yenye la, nukata melɔ̃ be woayɔ ye be “Nufiala nyui” o? (Luka 18:​18, 19) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 3/1 axa 15 mm. 7.]

20. Nukae nye nu yeye si nɔ se si wode le Yohanes 13:34 me? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90-EW 2/1 axa 21 mm. 5-6.]

Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Ele be kpɔɖeŋu si ․․․․․․․․_ , Gatitɔ la, ɖo le alesi wòku ɖe ․․․․․․․․_ ŋu goŋgoŋ la naʋã mí be míaɖe nɔnɔme ma ke afia ɖe amesiwo xɔa ŋgɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea ŋu. (Sam. II, 15:21) [it-1 axa 1237 mm. 17]

22. ‘Mina ewoawo’ tsi tre ɖi na ․․․․․․․․_ siwo ŋudɔ nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la awɔ be woagakpɔ dziƒo Fiaɖuƒea ․․․․․․․․_ geɖe akpee. (Luka 19:13) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89 10/1, Eŋlisigbe me tɔ, axa 8.]

23. Aʋatsonutsonya etɔ̃ siwo Yudatɔwo gblɔ le Yesu ŋu na Pilato, amesi nye Roma mɔ̃mefia le Yudea la dometɔ aɖewoe nye be, ele to gblẽm na ․․․․․․․․_ , egbe na amewo be woagaxe ․․․․․․․․_ o, kple be ele gbɔgblɔm be Ye Ŋutɔ yenye ․․․․․․․․_ . (Luka 23:⁠2) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90-EW 12/1 axa 9 mm. 1.]

24. Nyateƒe Kristotɔwo meɖua Kristmas alo ŋkekenyui bubu aɖeke si wotu ɖe alakpadzixɔsewo dzi o elabena Yehowa ɖeɖekoe wotsɔa ․․․․․․․․_ nana; womeɖua ŋkekenyui na amegbetɔ nuvɔ̃mewo alo na dukɔwo o le esi wòanye ․․․․․․․․_ ta. [kl axa 126 mm. 16]

25. ․․․․․․․․_ ye ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa esime wònɔ ․․․․․․․․_ . [si axa 199 mm. 3]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Vaseɖe ƒe 1992 me la, sukuvi (2,500; 4,500; 6,500) kple edzivɔ siwo tso dukɔ (40; 80; 110) me la xɔ hehe le Gilead eye emegbe wova subɔ le anyigba kple ƒukpohatsotso (100; 150; 200) kple edzivɔ dzi. [jv axa 524 mm. 2]

27. Le ƒe (1877; 1879; 1881) me la, Charles T. Russell ta agbalẽvi si nye The Object and Manner of Our Lord’s Return, eye le ƒe (1877; 1879; 1881) me la, edze Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence tata gɔme. [jv axa 557 mm. 1]

28. Kakaɖedzi le míaƒe mawusosroɖagbenɔnɔ ŋu be ana (woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie ɣesiaɣi; ŋutilãmenu gbogbo aɖewo asu mía si fifia; Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu elabena míewɔa nu dzɔdzɔe). [kl axa 118 mm. 2]

29. Esime Yesu bia apostolo Petro be, ‘Èle lɔ̃yem wu esiawoa?’ hã la, enɔ Petro biam be elɔ̃ Ye wu (alesi wòlɔ̃ nusrɔ̃la bubu siawoe hã; alesi nusrɔ̃la bubu siawo lɔ̃ Yesu hã; alesi wòlɔ̃ nusiawo, abe tɔmelãawo ene hã). (Yoh. 21:15) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 11/1, Eŋlisigbe me tɔ, axa 31 mm. 9.]

30. Amesiwo koŋ xɔa ŋgɔ le nyanyuia kaka me la nye (kesinɔtɔwo; xexeame ƒe bubumewo, ame tsɛwo). [jv axa 548 mm. 3]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Fia. II, 10:​15, 16; Lod. 3:​9, 10; Luka 9:​60-62; 13:​4, 5; Rom. 9:​10-12

31. Yesu he susu yi dzɔgbevɔ̃e aɖe si eƒe nyaselawo nya nyuie dzi tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe dzɔgbese nukpɔsusu ŋu, eye wòna wòdze kɔte be azãgbe kple nuɖiɖeamee wònye. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 9/1 axa 5 mm. 5.]

32. Yehowa ɖe alesi wòate ŋu anya vi si womedzi haɖe o ƒe dzimedidi si wòadzɔ kplii kple alesi wòte ŋu kpɔa nu doa ŋgɔe kpakple gome si le esi be wòatia amesi dze eŋu do ŋgɔ hena eƒe tameɖoɖowo la fia. [it-1 axa 1242 mm. 6]

33. Luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ hiã hafi woate ŋu ayi Fiaɖuƒea me. [si axa 192 mm. 32]

34. Yehowa ayra mí ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi bubuwo, kpakple míaƒe ga tsɔ doa alɔ subɔsubɔ vavãtɔe. [kl axa 120 mm. 8]

35. Ele be míakpe asi ɖe amesiwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔa me ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. [it-1 axa 1269 mm. 8]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe