INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/98 axa 1
  • Ne Ewɔa Dɔ la, Ke Zãe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Ewɔa Dɔ la, Ke Zãe!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míawɔ Kpɔɖeŋu Dzeɖonyawo Ŋudɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Dzadzraɖo Nyuie Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Na Magazine Siwo Ðia Ðase Na Nyateƒe La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ðe Wòhiã be Manɔ Tɔtrɔwo Wɔmaa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 2/98 axa 1

Ne Ewɔa Dɔ la, Ke Zãe!

1 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖoa dzeɖonya vovovo siwo míazã le gbeadzi ƒe aɖaŋu na mí ɣesiaɣi. Efiaa nya yeye siwo míagblɔ amewo natsɔ ɖe le Fiaɖuƒe gbedasia me la mí. Ðewohĩ èdzea agbagba ɣleti sia ɣleti be yeasrɔ̃ egbɔgblɔmɔnu siawo dometɔ ɖeka alo esi wu nenema. Gake gbeƒãɖela aɖewo akpɔe be kaka ne yewoazã wo dometɔ ʋee aɖewo sẽ ko la, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ bubu gafia egbɔgblɔmɔnu yeyewo. Eme kɔ ƒã be menye amesiamee ate ŋu asrɔ̃ egbɔgblɔmɔnu yeye esime xoxoa memãe haɖe o.

2 Gake mɔɖela kple gbeƒãɖela akpe geɖe bubuwo nɔa gbeadzi ɣeyiɣi gbogbo aɖe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hame geɖe kpea woƒe anyigbamamã bliboa ɖo le kwasiɖa ʋee aɖewo me ɣesiaɣi. Edzɔa dzi na gbeƒãɖela siwo le nɔnɔme siawo me be woafia nya la gbɔgblɔmɔnu yeyewo yewo tsɔ kpe ɖe nya yeye siwo yewoagblɔ ŋu. Esia kpena ɖe wo ŋu wotrɔa asi le woƒe ŋutetewo ŋu wònyona wu. Enaa woƒe subɔsubɔdɔa vivina heɖea kpe wu eye wòkpena ɖe wo ŋu wonyaa alesi woakpɔ kuxi siwo wodoa goe gbɔ.

3 Eɖanye nɔnɔmea ka mee nèle o, ne èdzra egbɔgblɔmɔnu aɖe ɖo si te ŋu naa amewo tsɔa ɖe le nyaa me la, ke yi ezazã dzi! Mehiã be nàɖe asi le nyagbɔgblɔmɔnu si tsea ku ŋu o. Ðeko nàtrɔ asi le eŋu wòasɔ ɖe ɣletia me ƒe agbalẽnunana nu. Ne èle aɖaŋu siwo woɖo ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me tom la, di nya vivi siwo nàdi be nàde wò nyagbɔgblɔwo me kpee.

4 Eyata ne èxɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ yeye la, ɖo ŋku edzi be aɖaŋu koe nyagbɔgblɔmɔnu siwo le eme nye woɖo. Enyo ne àte ŋu azã wo. Gake ne èkpɔ be nya la gbɔgblɔmɔnu aɖe tsea ku le wò anyigbamamã me xoxo la, ke zãe! Nu vevitɔe nye be ‘nàwɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe’ le mɔ nyuitɔ nu, eye nàdi amesiwo dze, akpe ɖe wo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo.—Tim. II, 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe