INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/07 axa 6
  • Na Magazine Siwo Ðia Ðase Na Nyateƒe La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Magazine Siwo Ðia Ðase Na Nyateƒe La
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Nàdzra Ðo ɖe Magazine Nana Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Alesi Míawɔ Kpɔɖeŋu Dzeɖonyawo Ŋudɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 12/07 axa 6

Na Magazine Siwo Ðia Ðase Na Nyateƒe La

1. Akpa kae Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo wɔna?

1 Magazine si nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe kple eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! kpɔtɔ nye dɔwɔnu vevitɔwo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Ne míele gome kpɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovowo me la, edzɔa dzi na mí be míana magazine siawo siwo sɔna ɖe ɣeyiɣia nu la edziedzi.

2. Asitɔtrɔ kawoe míewɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ŋu, eye nu ka tae?

2 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míewɔ asitɔtrɔwo le nya siwo nɔa míaƒe magazineawo me kple magazineawo ŋutɔ, kpakple mɔ siwo dzi míetona naa wo la siaa ŋu. Asitɔtrɔ siawo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be woana magazineawo nado dzidzɔ na amewo ahawɔ dɔ ɖe wo dzi wu, ale be Fiaɖuƒegbedeasia naɖo “amewo katã” ƒe dzi gbɔ bene ‘woaxɔ wo eye woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.’—Tim. I, 2:4.

3. Aleke míazã magazineawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa mee?

3 Tso January 2006 me ke la, míeva bi ɖe ɖaseɖinya vovovowo zazã atsɔ ana Nyɔ! ƒe tata si dona ɣleti sia ɣleti la me. Tso fifia dzi yina la, mɔnu ma kee míazã atsɔ ana Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe ƒe tata eve siwo dona ɣleti sia ɣleti la dometɔ ɖeka le gbeadzi. Magazine ɖe sia ɖe nana ƒe ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋu dzena le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa ƒe axa mamlɛtɔ dzi. Zi geɖe la, esiawo ƒoa nu tso magazinea me nyati gbãtɔawo ŋu, gake ɣeaɖewoɣi la, wotea ŋu ƒoa nu tso nyati bubu siwo ado dzidzɔ na exlẽlawo wu la ŋu. Míate ŋu azã ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋuawo nyuie ne míenya nu tso nyati si ŋu woƒo nu tsoe la ŋu nyuie, eye mía ŋutɔwo míetrɔ asi le wo ŋu be woasɔ na ame siwo le míaƒe anyigbamama me.

4. Nu ka tae ɖaseɖinya siwo to vovo na esiwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me zazã ate ŋu aɖe vi?

4 Togbɔ be ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋu evee nɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ku ɖe magazine ɖe sia ɖe ŋu hã la, àte ŋu azã ɖaseɖinya bubu faa. Susuawo dometɔ ɖekae nye be magazineawo me nyati bubu aɖe ado dzidzɔ na ame siwo le miaƒe anyigbamama me wu. Alo ɖewohĩ èsusu be nyati bubu aɖe si me nètsɔ ɖe le vevie ƒe ɖaseɖinya zazã awɔ dɔ ɖe amewo dzi wu.

5. Hafi nàdzra ɖaseɖinya si nàtsɔ ana magazine aɖe ɖo la, nu kae wòle be nàwɔ?

5 Ale Si Nàdzra Wò Ðaseɖinyawo Ðoe: Gbã la, ele be nànya nyati si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe la me nyawo nyuie. Menye ɣesiaɣie nàte ŋu anya nyati siwo katã le magazineawo me la nyuie hafi ate ŋu ana wo le gbeadzi o. Ke hã, ne èle nu ƒom tso nyati si nètia ŋu la, dzonɔameme kple kakaɖedzi nedze le wò nuƒoƒo me. Ne ènya nyati si ŋu nèle nu ƒom tsoe me nyawo nyuie ko hafi nàte ŋu awɔe alea.

6. Aleke míate ŋu adzra mía ŋutɔwo ƒe ɖaseɖinyawo ɖoe?

6 Emegbe la, na ŋgɔdonya si dzram nèle ɖo la nanɔ bɔbɔe ale be nàte ŋu atrɔe ɖe nɔnɔme si nàdo goe la nu. Ðewohĩ àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme to nyabiase aɖe si ku ɖe nyati si anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme la zazã ŋu dzi. Kakaɖedzi nenɔ asiwò ɣesiaɣi be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. (Heb. 4:12) Tia mawunyakpukpui si wɔ ɖeka kple nyati si ŋu nèle nu ƒom tsoe, ne anya wɔ la, tiae le nyatia ŋutɔ me. De ŋugble le ale si nàwɔ be mawunyakpukpuia nado ƒome kple nyatia ŋu.

7. Aleke míate ŋu ana be míaƒe ɖaseɖinya nanyo ɖe edzi wu?

7 Le Mɔnukpɔkpɔ Ðe Sia Ðe Si Ʋu Ði Me: Hafi ɖaseɖinya aɖe naɖe vi la, ele be woazãe. Kpɔ gome kple hamea le magazine mama me le Memleɖagbewo. Na magazineawo ame siwo xɔ míaƒe agbalẽ bubuwo xoxo. Na magazineawo wò Biblia nusrɔ̃viwo, eye ne èle tɔtrɔyiwo wɔm la, na ame siwo nàtu le aƒeawo me hã. Àte ŋu ana magazine ame siwo nèƒoa nu na ne èyi nuƒleƒe, ne èle mɔ zɔm, alo ne èle ɖɔkta dzɔm le eƒe dɔwɔƒe. Na wò ɖaseɖinya nanyo ɖe edzi wu esi nèle ezãm le ɣleti bliboa me.

8. Mɔ kawo nue Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo le etɔxɛe le?

8 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo le etɔxɛe. Wodoa Yehowa ɖe dzi be eyae nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã la. (Dɔw. 4:24) Wofaa akɔ na amewo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hedea dzi ƒo na wo be woaxɔ Yesu Kristo dzi ase. (Mat. 24:14; Dɔw. 10:43) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woƒoa nu tso xexea me nudzɔdzɔ siwo nye Biblia me nyagblɔɖiwo ƒe emevava ŋu. (Mat. 25:13) Kpe ɖe ame siwo le wò anyigbamama me ŋu be magazine siawo naɖe vi na wo to dzadzraɖo ɖe wo nana le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi la me!

9. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖo tɔtrɔyiwɔwɔ gɔme anyi?

9 Ne ète ŋu na magazine ame aɖe, alo dze koe mia kple amea mieɖo tso ŋɔŋlɔ aɖe ŋu gɔ̃ hã la, nɔ klalo be yeabia nya aɖe alo agblɔ nya aɖe si ana amea nabu tame si aʋu tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be miagate ŋu aɖo dze tso ŋɔŋlɔawo me nya aɖe ŋu ɣebubuɣi. Ne míedona vevie nu le nyateƒea ƒe kuwo ƒaƒã me la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aʋu ame siwo le didim be yewoanyae ahasubɔe le nyateƒe me la ƒe dziwo.—Kor. I, 3:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe