INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/98 axa 1
  • Ðeviwo—Miawoe Nye Míaƒe Dzidzɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðeviwo—Miawoe Nye Míaƒe Dzidzɔ!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Subɔsubɔdɔ Si Wɔm Nèle Fifia Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 3/98 axa 1

Ðeviwo—Miawoe Nye Míaƒe Dzidzɔ!

1 Ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, ɖe mienya be Yehowa de se be woawɔ hamea me dɔwɔnawo kpli mia? (Mose V, 31:12; Ps. 127:3) Dzidzɔ wònye na mí be miele mía ŋu esi míele ta dem agu na Yehowa ɖekae! Edzɔa dzi na mí ne mienɔ anyi kpoo le kpekpewo me heɖoa to nyuie. Dzi dzɔa mí vevietɔ ne miete kpɔ be yewoaɖo nya ŋu le mia ŋutɔ miaƒe nyawo me. Evivia hame bliboa katã nu ne miewɔ dɔdasiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, ne mietsɔ didi vevie wɔ ɖeka kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye ne míese be miele ɖase ɖim dzideƒotɔe na miaƒe sukuhatiwo kple nufialawo.—Ps. 148:12, 13.

2 Míedi be mianya be enyea dada na mí ne míekpɔ miaƒe nɔnɔme ɖɔʋu, dzedzeme nyui, agbenɔnɔ dzadzɛ, kple miaƒe bubudede ame tsitsiwo ŋu. Dzidzɔ gã ŋutɔ wònyena na mí ne mieɖo teokrasitaɖodzinuwo na mia ɖokui tsɔ ɖee fia be ‘miele ŋku ɖom miaƒe Wɔla Gã la dzi.’—Nyagb. 12:1; Ps. 110:3.

3 Migblɔ Miaƒe Taɖodzinuwo na Mí: Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe enyi gblɔ na nutome gã dzikpɔla aɖe be: ‘Gbã medi be maxɔ nyɔnyrɔ, emegbe madi be mana kpekpeɖeŋu hamea le nuƒomɔ̃ gbɔ kpɔkpɔ me, manye anyinɔƒedzikpɔla, mana kpekpeɖeŋu le agbalẽwo nana nɔviwo me, eye maxlẽ memamãwo le agbalẽ me nusrɔ̃ƒewo kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃wo me. Emegbe madi be manye subɔsubɔdɔwɔla eye emegbe mazu hamemegã. Medi be mazu mɔɖela hã eye mayi mɔɖelawo ƒe suku. Emegbe madi be mayi Betel, manye nutome sue alo nutome gã dzikpɔla.’ Ŋudzedzekpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si wòɖe fia ɖe Mawu subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu!

4 Esi miele tsitsim le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me la, edzɔa dzi na mí be míakpɔe be miele miaƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖom. (Tsɔe sɔ kple Luka 2:52.) Ƒe sia ƒe la, mia dometɔ akpe geɖe va zua gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo eye emegbe wodzena xɔa nyɔnyrɔ va zua Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo. Míaƒe dzidzɔ gbaa go ne míegakpɔ mi miedze agbagba va zu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo eye ne míege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me gɔ̃ hã. Ðeviwo, míaƒe dzidzɔ kple kafukafu na míaƒe Dziƒofofo la tsoƒe wɔnuku aɖee mienye nyateƒe. Yehowa nedudu yayra kɔ ɖe mia dzi!—Lod. 23:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe