INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/98 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 2
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 9
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 16
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 23
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 30
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 3/98 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 2

Hadzidzi 3

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo.

15 min: “Minɔ Esia Wɔm Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye.” Hamemegã ƒe nuƒo. Ƒo nu tso Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 80-1 ŋu kpuie, eye nàte gbe ɖe Ŋkuɖodzia ɖuƒe yiyi ƒe vevienyenye dzi.

22 min: “Ƒã Agbe Mavɔ ƒe Mɔkpɔkpɔa Ðe Amewo Me.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Ƒo nu kpuie tso alesi woate ŋu azã nyabiasewo atsɔ ana dzeɖoɖo nayi edzi nyuie ŋu. Wɔ nyabiase siwo kplɔa ame yia ŋuɖoɖo gbɔe kple nukpɔsusubiabiawo si woate ŋu atsɔ aɖi ɖasee ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. (Kpɔ School Guidebook, axa 51-2, memamã 10-12.) Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo hena zazã le yiyi zi gbãtɔ me kple tɔtrɔyi ƒe wɔwɔfia, eye wòafia alesi woadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee.

Hadzidzi 88 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 9

Hadzidzi 60

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Hamemegã nadzro nyati si le Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa, axa 131, memamã 2 kple 3 me.

22 min: “Míagate Ŋu Awɔea?” (Memamã 1-11) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ si wowɔ le ƒe si va yi me ŋu nya vevi siwo ta woka le 1998 Yearbook la me. Yɔ ame xexlẽme si wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le mia gbɔ ɣemaɣi. Ƒo nu tso viɖe siwo mía ŋutɔwo míekpɔna tẽ le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye nàfia alesi agbagbadzedze geɖe sia naa hamea yia ŋgɔe. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo siwo miewɔ le mia gbɔ be miatsɔ akpe ɖe ame geɖe wu ŋu be woawɔ mɔɖeɖedɔa le April kple May me. Gbeƒãɖelawo ate ŋu axɔ dɔbiagbalẽawo ne miekpã.

Hadzidzi 195 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 16

Hadzidzi 43

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Kpe ɖetsɔlemetɔwo katã be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛa le March 29 lia dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi.”

15 min: Agbalẽ gbadza yeyea, Agbalẽ si Nyo na Amesiame me nyati veviwo me dzodzro. Nusitae wòhiã be míadzro Biblia la me, me dzodzro kple nyaselawo. Wota Agbalẽ gbadza sia be wòakpe ɖe amesiwo ɖewohĩ wonya agbalẽ nyuie gake womenya nu geɖe tso Biblia ŋu o ŋu. Agbalẽ gbadza sia mete kpɔ be yeable exlẽla nu wòanya be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso o, ke boŋ eɖe mɔ be kpeɖodzinyawo nakɔ nu me na amea. Ele be míaxlẽe eye míadzro eme kple ame bubuwo, kpakple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo hã.

22 min: “Míagate Ŋu Awɔea?” (Memamã 12-19) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro nudidi siwo ŋu woƒo nu le le Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa, axa 112-14 me. Ðe alesi kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dzraa ame ɖoe na gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Kpe amesiwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodzia ƒe ɣeyiɣia me le ƒe si va yi me be woagblɔ alesi wowɔ ɖoɖoe be wote ŋu ɖo gaƒoƒo 60 ƒe nudidia gbɔ. Ðoɖowɔɖi siwo ƒe aɖaŋu woɖo le emedegbalẽvia ƒe axa mamlɛa dometɔ kae sɔ na wo wu? Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo dze le 1987 Yearbook, axa 48-9, 245-6 alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaxɔ dɔbiagbalẽawo ne míekpã.

Hadzidzi 224 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 23

Hadzidzi 94

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na amesiame be wòadze ɖetsɔlemetɔwo kpekpe va Ŋkuɖodzia ɖuƒe le April 11 lia dzi gɔme. Tsɔ amekpegbalẽvia fia wo eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòaxɔ etɔ adze emamã gɔme le kwasiɖa sia me. Ðe gbeƒã amesiwo katã awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me ƒe ŋkɔwo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woade asi dɔbiagbalẽvia te o. Gblɔ gbeadziyikpekpe siwo katã ƒe ɖoɖo miewɔ ɖe April ŋu.

20 min: Dzra Ame Yeyewo Ðo na Gbeadziyiyi. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Amesiwo le nu srɔ̃m kple amewo le Sidzedze-gbalẽa me nabu alesi woanɔ woƒe nusrɔ̃viwo dzram ɖo na gbeadziyiyi ŋu. Gblɔ nusi wogblɔ le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 105-6, memamã 14, kple axa 179, memamã 20. Dzro afɔ siwo wòle be woaɖe hafi woaxɔ ame yeyewo be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo si ƒe mɔfiame dze le June 15, 1989, Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, memamã 7-10 me la me. Dzro July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia, memamã 19 me ɖaŋuɖoɖo si ƒo nu tso alesi woakpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo ŋu be woadze subɔsubɔdɔa gɔme me.

15 min: Na 1998 Yearbook la Naɖe Vi na Wò Bliboe. Vifofo nadzro axa 3-6, 31 me kple eƒe ƒomea, eye wòaƒo nu tso xexeame katã ƒe teokrasidɔ ɖedzesi siwo wowɔ le ƒe si va yi me ŋu. Ƒo nu tso viɖe siwo ƒomea kpɔna ne woxlẽa gbesiagbe mawunyakpukpuia kple Yearbook ƒe akpa aɖewo eye wodzroa eme ɖekae gbesiagbe le nuɖuɣiwo la ŋu, eye woaɖoe be yewoayi edzi nenema le ƒea katã me.

Hadzidzi 47 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 30

Hadzidzi 29

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe March ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ana. Tsɔ magazine yeyeawo fia, ƒo nu tso nyati siwo ŋu míate ŋu aƒo nu le ne míele wo nam ŋu eye nàtɔ asi nyati tɔxɛ aɖe siwo ŋu woate ŋu aƒo nu le dzi. Dzro “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me, eye nàgblɔ ɖoɖo siwo miewɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɖu le mia gbɔ. Amesiame nawɔ dzadzraɖo mamlɛa akpe ɖe nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo ŋu be woava eɖuƒe. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòakpɔ egbɔ be yexlẽ Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me na April 6-11.

13 min: “Ðeviwo—Miawoe Nye Míaƒe Dzidzɔ!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si dze le Gbetakpɔxɔ, December 1, 1987, axa 29 (Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, August 1, 1987, axa 25).

20 min: Alesi Nàwɔ Ðeɖi Mate Ŋuwò le Gbɔgbɔ me O. Hamemegã eve nadzro aɖaka si le Gbetakpɔxɔ, August 1, 1986, axa 19 (Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 15, 1986, axa 19) me. Le “Ðeɖiteameŋu ƒe Dzesiwo” dometɔ ɖesiaɖe gome la, zã Ŋɔŋlɔawo nàtsɔ aɖe alesi nyati si hã kpe ɖe eŋu si nye “Dzidodo ƒe Kpekpeɖeŋunuwo” aɖe vi na amee me. Eye bia gbe gbeƒãɖela eve be woaƒo nu tso alesi nyati mawo si wotsɔ de dɔwɔwɔ me kpe ɖe wo ŋui be woyi edzi sẽ ŋu le gbɔgbɔ me ŋu.

Hadzidzi 140 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe