INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/98 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 3/98 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le March me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Milé fɔ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu. April kple May: Míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo. June: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, alo axa 192 ƒe agbalẽ ɖesiaɖe.

◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoazu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le April kple May me nawɔ ɖoɖo fifia atsɔ dɔbiagbalẽvi ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu woawɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo hiã eye woana magazine kple agbalẽ bubuwo nanɔ anyi. Ele be woayɔ amesiwo katã dzi woda asi ɖo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔ na hamea.

◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le March 1 dzi alo le emegbe kpuie. Miɖe gbeƒã tso eŋu na hamea ne miewɔe vɔ.

◼ Ele be amesiwo le hamea me naɖo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ yeye kple esiwo wogbugbɔ le dɔdɔm, kpakple woa ŋutɔwo ƒe nudɔdɔwo katã ɖa to hamea dzi.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na nɔviwo be womegaƒo ka siwo meku ɖe Habɔbɔa ƒe dɔ ŋu na nɔviwo le Betel le ŋdi ga 7:00 kple 7:30 domee o. Ɣeyiɣi siae wodzroa mawunyakpukpuia me le Betel.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:

Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Hadzigbalẽ Gãtɔ) —Eʋegbe

Elementary Bible Teachings (Axa 64-gbalẽvi si me woŋlɔ biabia siwo me woadzro kple nyɔnyrɔxɔlawo ɖo, si woɖe tso Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu me.) —Gɛgbe

◼ Agbalẽ Siwo Gali:

Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo —Eŋlisigbe

Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo —Eŋlisigbe

◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:

Kingdom Melodies Kasɛtgo (Go ƒuƒlua) —Eŋlisigbe

Kingdom Melodies Kasɛtgo

(Si me kasɛtawo hã le) —Eŋlisigbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe