Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Memleɖagbe, April 11 lia dzie Ŋkuɖodzia ɖuɖu dze. Ele be hamemegãwo nalé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu:
◼ Ne miele game ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Ele be woana amesiame, kpakple nuƒola, nanya gamea kple afisi tututu wɔna la ayi edzi le.
◼ Ele be woakpɔ egbɔ be abolo kple wein siwo tɔgbe woazã la sɔ gbe.—Kpɔ February 1, 1985, Gbetakpɔxɔ, axa 27.
◼ Ele be woatsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kplɔ̃ kple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ la ava akpata la me eye woaɖo wo wo nɔƒe do ŋgɔ.
◼ Ele be woakplɔ Fiaɖuƒe Akpata la me alo teƒe si woakpe ta le la nyuie do ŋgɔ.
◼ Ele be woatia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae ahana mɔfiame wo le mɔ nyui si nu woawɔ nuwo ɖo kple woƒe dɔwo ŋu do ŋgɔ.
◼ Ele be woawɔ ɖoɖo atsɔ nuawo ayii na amesiamina siwo ƒe lãme gblẽ eye womete ŋu va o la hã.
◼ Ne wowɔ ɖoɖo be hame siwo wu ɖeka naɖu azã la le Fiaɖuƒe Akpata ɖeka me la, ele be kadodo nyui nanɔ hameawo dome bene amewo nagava ƒo ƒu ɖe agbalinu, mɔ me, ametoƒewo, kple ʋutɔɖoƒe o.