INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/98 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Lãkusidzi Le Asiwòa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 3/98 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Nukata wòle be míalé ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu etɔxɛe ne míeyina Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe siwo le Brooklyn, Patterson, kple Wallkill, New York, kpakple alɔdzedɔwɔƒewo le xexeame katã kpɔ ge ɖa?

Wobia tso Kristotɔwo si be woƒe dzedzeme nasɔ. Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo naɖe ʋuɖɔɖɔ kple bubu si dze na Yehowa Mawu subɔlawo la afia. Ehiã nenema vevietɔ ne míeyina Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe siwo le New York kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexeame katã.

Míawɔ nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo le ƒe 1998 me. Mía nɔvi akpe geɖe siwo tso dukɔ geɖewo me aɖi tsa ava Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe gã si le New York kpakple alɔdzedɔwɔƒewo le dukɔ bubuwo me. Menye ne míeyina dɔwɔƒe siawo ɖeɖeko o ke ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe hã la, ehiã be ‘míaɖe mía ɖokui afia abe Mawu subɔlawo ene le nuwo katã me,’ eye ehiã le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo si sɔ hã gome.—Kor. II, 6:3, 4.

Esi Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu nɔ nu ƒom le awudodo kple dzadzraɖo si sɔ ƒe vevienyenye ŋu la, egblɔ alesi ŋutilã ƒe dzadzɛnyenye kple awudodo si ɖɔ ʋu kpakple lekewɔwɔ si nyo hiã ne míele gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔm kple ne míeyina Kristotɔwo ƒe kpekpewoe. Emegbe egblɔ le axa 131, memamã 1 be: “Nenema kee wòanɔ nenye be míeyi Betel-ƒe si le Brooklyn alo Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ aɖe kpɔ ge ɖa. Ðo ŋku edzi be ŋkɔ Betel gɔmee nye ‘Mawu ƒe Aƒe,’ eyata ele be míaƒe awudodo, dzadzraɖo kple nɔnɔme nanɔ abe nusi wodina tsoa mía si nenye be míeyi kpekpewo hena tadedeagu le Fiaɖuƒe Akpata me ene.” Ele be Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo le nutoa me kple amesiwo tso teƒe siwo didi wu va Betel-ƒomea me tɔwo kpɔ ge ɖa ahade ha kpli wo eye woaɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea nawɔ ɖe dzidzenu kɔkɔ siawo dzi.

Ele be míaƒe awudodowo nana ame bubuwo natsɔ susu nyui akpɔ Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ lae. Gake míeva kpɔe be ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo va Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒewo kpɔ ge ɖa la, wo dometɔ aɖewo doa nusianu ko. Awu mawo tɔgbe mesɔ ne woyi Betel-ƒe ɖesiaɖe kpɔ ge ɖa o. Abe alesi míewɔa nu le Kristotɔwo ƒe agbemenuwɔnawo katã me ene la, míedi le go sia hã me be míato alesi míawɔ nusianu hena Mawu ƒe kafukafu me alé dzidzenu kɔkɔ siwo dea vovototo Mawu ƒe amewo kple xexeame dome la me ɖe asi. (Rom. 12:2; Kor. I, 10:31) Anyo hã be míaƒo nu na míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ame bubu siwo wònye zi gbãtɔe nye ema woava kpɔ Betel ɖa eye míaɖo ŋku awudodo kple dzadzraɖo si sɔ dzi na wo.

Eyata ne ègbɔna Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒewo la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye awudodo kple lekewɔwɔ ɖɔ ʋua?’ (Tsɔe sɔ kple Mixa 6:8.) ‘Ðe wòde bubu Mawu si subɔm mele ŋua? Ðe nye dzedzeme ahe amewo ƒe susu alo atɔ ŋku na woa? Ðe manye kpɔɖeŋu nyui na amesiwo wòanye zi gbãtɔe nye ema wova?’ Mina be ɣesiaɣi la, míato míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi “[aɖo] atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe